Previous Lesson -- Next Lesson
3. Mawu gakpɔtɔ le dzɔdzɔe ne Israel ƒe akpa gãtɔ tsi tre ɖe eŋu gɔ̃ hã (Romatɔwo 9:6-29)
Apostolo Paulo kpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la subɔsubɔ me, gake, le ɣeyiɣi ma ke me la, elé blanui ale gbegbe eye wònɔ nyaƒoɖeamenu si nɔ dzidzim ɖe edzi me elabena ekpɔ ame mavɔ̃mawu alafa geɖe le trɔ̃subɔlawo dome wole yeye wɔm hele gegem ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me, esime Yudatɔ tiatia ak-pe geɖe do vlo Yesu kple eƒe fiaɖuƒea, eye wotrɔ le egbɔ eye womedi be yewoase nu tso eŋu alo dze eyome o.
a) Mawu ƒe ŋugbedodowo menye Abraham ƒe dzɔdzɔme dzidzimeviwo tɔ o (Romatɔwo 9:6-13)
ROMATƆWO 9:6-13
6 Mawu ƒe nya la mezu dzodzro hafi o, elabe menye ame siwo katã dzɔ tso Israel-ƒomea me lae nye Israel vi akuakuawo o. 7 Mawu gblɔ na Abraham be: “Isak ƒe dzidzimeviwoe anye viwòwo.” 8Egɔmee nye be menye vi siwo Abraham dzi abe amegbetɔ ene la woe nye Mawu viwo o, ke boŋ esiwo ŋugbe Mawu do nɛ hafi wòdzi wo lae nye eƒe dzidzimeviwo. 9 Nya si Mawu gblɔ tsɔ do ŋugbea nɛ lae nye be: “Ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la magatrɔ ava, eye Sara adzi ŋutsuvi.” 10 Nenema ke le Rebeka gome hã la, viŋutsuvi eve siwo wòdzi la, mía tɔgbui Isak kee nye wo tɔ́. 11 Togbɔ be womedzi wo haɖe o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ aɖeke o hã la, be Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe tiatia la ŋu nayi edzi, menye ɖe dɔwɔwɔ ta o, ke boŋ ɖe eƒe yɔyɔ la ta la, 12 wogblɔ nɛ be: “Xoxoetɔ ava subɔ ɖevitɔ.” 13 Woŋlɔ ɖi be: “Melɔ̃ Yakob ƒe nya, ke melé fu Esau ya.”
Paulo, si nye agbalẽnyala la, di be yeana nyateƒe wɔnuku sia me nakɔ na Yudatɔwo kple Kristotɔ siwo tso Yudatɔwo me le Roma. Eŋlɔ na wo be Mawu ƒe nya koe nye nyateƒe si ate ŋu aɖe ŋgɔyiyi wɔnuku sia afia eye nya ɣaɣla sia ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔ le eme. Akpa eve nɔ ŋuɖoɖo sia ŋu:
Gbãtɔ: Menye Abraham viwo katãe nye ŋugbedodo la ƒe viwo o. Mawu metia Ismael be wòanye Kristo ƒe blemafofowo dometɔ ɖeka o. Nyateƒee, Ismael kple Abraham ƒe dzidzimevi siwo katã va ɖe eyome la tsi mawusubɔsubɔ ƒe dzidzimea go-do kple Yakob viwo ƒe mɔ tiatia la godo. Nudzɔdzɔ sia fia mí be dzɔdzɔme amegbetɔ ƒe dzidzime matso nya me le eƒe gbɔgbɔme etsɔme ŋu o. Menye amesiame si wodzi Kristotɔe ava zu Kristotɔ vavãtɔ enumake o; ke boŋ ehiã be woawo ŋutɔ natrɔ ayi Mawu gbɔ. Menye tɔgbuiyɔviwo le Mawu si o, ke boŋ viwo.
Nyateƒe sia ɖee fia mí be menye Yudatɔwo katãe nye Mawu ƒe viwo tiatia o, ke boŋ ame siwo xɔ Kristo ƒe Nyanyui la koe. Woƒe gome si le wo si be woaxɔ wo nyi la li ɣesiaɣi, gake eƒe emevava nɔ te ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe lɔlɔ̃nu dzi.
Evelia: Míekpɔ esia le Biblia me, le ŋutinya siwo ku ɖe Rebe-ka, Isak srɔ̃, ŋu me. Mawu ɖee fiae hafi wòdzi venɔviawo be gbãtɔa asubɔ evelia (Mose I, 25:23). Wo ame evea siaa tso fofo ɖeka gbɔ, gake Mawu nyae be wo dometɔ ɖesiaɖe ato vovo tso nɔvia gbɔ.
Mawu tia Yakob, si nye vi evelia, eye wògbe nɔvia Esau, si nye ŋgɔgbevi. Yakob menyo wu Esau le nɔnɔme gome o, gake ŋu-tete nɔ esi be wòakpɔ xɔse si wɔa dɔ nyuie wu Esau. Emegbe, etrɔ dzime tso dzime, si nye nusi Biblia meɖe fia tso ŋgɔgbevi ŋu o. Nudzɔdzɔ sia ɖee fia mí be amegbetɔ ƒe tiatia, le eƒe ɖoɖo si wòwɔ do ŋgɔ nu la, nɔ te ɖe Mawu ƒe nusianu nyanya kple eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi.
Ame aɖeke mate ŋu ato nyatoƒoe le Mawu ŋu ne wometiae o, elabena míenya míaƒe luʋɔ ƒe nya ɣaɣlawo kple domenyinu si le míaƒe ŋutilã me o. Mawu le kɔkɔe eye wòle dzɔdzɔe; fɔɖiɖi aɖeke mele eŋu le eƒe nyametsotsowo me o.
Mawunyafiala aɖewo xɔe se be Mawu ƒe tiatia menɔ te ɖe ameƒomea ƒe nɔnɔme alo nuwɔnawo dzi o, ke boŋ Mawu ɖeɖekoe ɖonɛ. Amegbetɔwo mate ŋu ase Mawu ƒe susuwo kple susu siwo tae wòwɔ ɖoɖo ɖo la gɔme o. Esia tae menye ame sia ame lɔ̃na ɖe nukpɔsusu sia dzi o, elabena mía Mawu nye Fofo si menye ame kɔkɔe ko o, ke boŋ enye lɔlɔ̃tɔ kple dɔmetɔtrɔ hã.
Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, egblɔ eƒe nya veviwo be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye menya wo, eye wodze yonyeme, mena agbe mavɔ wo” (Yohanes 10:27-28). Menye wo katãe sea eƒe gbe o, eye menye amesiwo katã senɛ la awɔ nu ɖe eƒe yɔyɔa ŋu alo awɔ nu ɖe eƒe sededewo nu o. Ame aɖewo li tso to ɖeka me, ame ɖeka ma ke, ƒome ɖeka gɔ̃ hã me, siwo sea Nyanyuia gake womese egɔme o, evɔ dzidzɔ kple ŋutifafa yɔ ame bubuwo me fũ.
GBEDODOƉA: Dziƒofofo, míeda akpe na wò elabena ètia Isak kple Yakob eye nèwɔ wo viwò Yesu fofowo, togbɔ be menye ame kɔkɔewo ŋutɔŋutɔe wonye o hã. Do ŋusẽ míaƒe xɔse ale be míaɖu kuxi sesẽ siwo gbɔna to wò ŋkɔ dzi, kple vɔ̃ɖinyenye si le mía me to wò ŋusẽ dzi. Fia mɔ mí yi ɖokuibɔbɔ kple nugbegbe le mía ɖokui gbɔ me ale be míagasusu be míenyo wu ame bubuwo o.
NYABIASE:
- Nukae Isak ƒe tiatia fia na eƒe dzidzimeviwo, eye Yakob tɔ fia na viawo?
- Nukae nye Mawu ƒe tiatiawɔwɔ ƒe nya ɣaɣla?