Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- John - 019 (The first six disciples)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
B - Kristo Kplɔ Eƒe Nusrɔ̃lawo Tso Dzimetɔtrɔ Me Vaseðe Srɔ̃ðeðe Ƒe Dzidzedze Me (Yohanes 1:19 - 2:12)

3. Nusrɔ̃la ade gbãtɔwo (Yohanes 1:35-51)


YOHANES 1:47–51
47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna ɖe egbɔ la, egblɔ le eŋuti be: “Kpɔ ɖa, Israel vi akuakua ŋutɔe nye ame sia. Alakpa aɖeke mele eme o.” 48 Nataniel bia Yesu be: “Afi ka nènyam le?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Hafi Filipo nayɔ wò le gbotia te la, mekpɔ wò xoxo.” 49 Nataniel gblɔ be: “Nufiala, wòe nye Mawu Vi la. Israel-fia lae nènye!” 50 Yesu gblɔ nɛ be: “Esi megblɔ be mekpɔ wò le gbotia te la, èxɔe sea? Èle nu gãwo wu esiawo kpɔ ge.” 51 Yesu gayi edzi gblɔ nɛ be: “Nyateƒe tom mele na wò be àkpɔ dziƒo nu wòaʋu, eye àkpɔ mawudɔlawo anɔ dzi liam anɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔ Vi la dzi.”

Natanael ƒe mo wɔ yaa vie esi wòkpɔe be Yesu xlẽ yeƒe susu. Enye xɔsetɔ le Nubabla Xoxoa ƒe dzidzenuwo nu, elabena eʋu eƒe nuvɔ̃wo me na Yohanes Mawutsilenamela eye Mawu Fiaɖuƒea di vevie tso dzi me. Menye ameɖokui dzɔdzɔenyenyee o, ke boŋ dzi siwo nu vɔ̃ gbã la ƒe nɔnɔme, kukuɖeɖe na Mawu be wòadɔ Mesia, Ðela la ɖa.

Yesu se gbedodoɖa sia eye le adzɔge la, ekpɔ kukuɖela la dze klo ɖe ati aɖe te. Ŋusẽ sia be wòaɖe nyateƒenya ɣaɣla siwo le amegbetɔ me afia la nye Mawu ƒe nukpɔsusu.

Yesu megbee o ke boŋ etso afia nɛ esi wòɖɔe be enye kpɔɖeŋu si le Nubabla Xoxoa me, si le Kristo ƒe vava lalam.

Kristo kafukafua ɖe Natanael ƒe ɖikeke ɖa. Ena ta Yesu eye wòde bubu eŋu esi wòyɔ Biblia me dzesideŋkɔ siwo wotsɔ na Mesia la: Mawu ƒe Vi kple Israel Fia. Esi Natanael gblɔ nya siawo la, eɖe eɖokui ɖe go le ku me, elabena Agbalẽŋlɔlawo kple Yudatɔwo ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea me tɔwo gbe be Vi mele Mawu si o. Nya mawo nye busunyagbɔgblɔ le wo ŋkume. Ne woda asi ɖe ŋutsu aɖe dzi be enye Israel-fia la, ate ŋu ana Roma dziɖuɖumegãwo nati Herodes yome ahalée hafi. Xɔsetɔ anukwaretɔ sia ɖe alesi wòse ŋugbedodo siwo woɖe fia nyagblɔɖilawo ƒe vevienyenye gɔme fia. Evɔ̃a Mawu wu amewo, eye wòde bubu eŋu to Fofo ƒe dzesideŋkɔ nɛ me, eɖanye nusii ado tso eme o.

Nusrɔ̃laawo dometɔ aɖeke metsɔ dzesideŋkɔ siawo na Kristo o. Ewɔ nuku ŋutɔ be Kristo megbe wo o, eye wònyɔ Natanael ƒe seselelãme to dziƒo si le ʋuʋu ɖi la ɖeɖefiae me. Mawudɔla makpɔmakpɔwo ƒo xlã Kristo ɣesiaɣi, amesiwo lia yi dziƒo, tsɔ eƒe nukunuwo na Fofo la, eye wotrɔ yi Vi la gbɔ kple asi siwo yɔ fũ kple yayra. Aleae Yakobo ƒe ŋutega la va emee, elabena Yesu mee yayra ƒe blibonyenye le. Abe alesi Paulo ŋlɔe ene la, "Míekafu Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́, elabe esi míewɔ ɖeka kple Kristo ta la, eto Gbɔgbɔ la dzi tsɔ nu nyui ɖe sia ɖe si le keke dziƒonutowo me ke la yra míi. " (Efesotɔwo 1:3) Tso esime wodzi Kristo hexɔ nyɔnyrɔ la, dziƒowo gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi. Do ŋgɔ la, wotu wo le Mawu ƒe dziku ta, eye mawudɔlawo tsɔ yiwo dzɔ agbo la nu. Ʋɔtru si kplɔa ame yia Mawu gbɔ la ʋu azɔ le Kristo me.

Zi gbãtɔe nye sia si Yohanes yɔ Kristo ƒe nyagbɔgblɔ si bɔ be: "Vavã, nyateƒe, mele egblɔm na mi..." Amenuveve ƒe ɣeyiɣi sia ƒe nyateƒenyenye de ŋgɔ ale gbegbe be wòto amegbetɔ ƒe gɔmesese katã ŋu, eye ke hã amegbetɔ hiã, abe Mawu ƒe gɔmeɖoanyi si dzi wotu eƒe xɔse yeyea ɖo ene. Ne Yesu tegbe ɖe edzi alea la, ke esi wòle be míatɔ ahade ŋugble le eƒe taɖodzinuwo ŋu tae, elabena nusi kplɔ nyagbɔgblɔ sia ɖo la sɔ kple gbɔgbɔmeɖeɖefia si do ŋgɔ na míaƒe gɔmesese.

Le gbeƒãɖeɖe sia megbe la, Kristo ɖɔ Natanael ƒe ɖaseɖiɖia ɖo be yeaƒo asa na yometiti ɖesiaɖe ɖe ye kple Hame yeyea ŋu. Megblɔ be yenye Fia si ŋugbe wodo, si nye Mawu ƒe Vi o, ke boŋ eyɔ eɖokui be ‘Amegbetɔvi’. Dzesideŋkɔ siae nye esi Yesu zãna zi geɖe ne ele nu ƒom tso eɖokui ŋu. Eƒe ŋutilã koe woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃; eva zu abe míawo ene – nukunu gã aɖee wònye, Mawu ƒe Vi la zu amegbetɔ be wòaku abe Mawu ƒe Alẽvi ene ɖe mía teƒe.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, dzesideŋkɔ sia si nye ‘Amegbetɔvi’ fia nya ɣaɣla aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me. Mawu na Ŋusẽ ‘Amegbetɔvi’ la be wòadrɔ̃ ʋɔnu. Natanael kpɔe dze sii be menye Fia kple Vi koe Yesu nye o, ke boŋ enye xexeame ƒe Ʋɔnudrɔ̃la hã – Mawumetɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. Eyata Yesu kplɔ xɔsetɔ sia yi xɔse si nu sẽ wu gbɔ. Xɔse sia tɔgbe medze ƒã o, elabena kɔƒemevi Yesu nye. Gake to xɔse me la, nusrɔ̃lawo kpɔ ŋutikɔkɔe si ɣla ɖe eme – eye dziƒowo nu ʋu.

GBEDODOƉA: Míesubɔa wò, Mawu ƒe Vi kple Xexeame Katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la. Míedze na naneke o negbe dziku ko, gake míebia wò tsɔtsɔke to amenuveve me, kple wò nublanuikpɔkpɔ na mía xɔlɔ̃wo. Kɔ wò yayrawo ɖe ame siwo katã le Mawu dim la dzi, bena woakpɔ wò, anya wò eye woalɔ̃ wò, aɖo ŋu ɖe ŋuwò, eye woatsi le sidzedze kple mɔkpɔkpɔ me.

BIABIA:

  1. Kadodo kae le dzesideŋkɔ - ‘Mawu ƒe Vi’ kple ‘Amegbetɔvi’ dome?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 04:39 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)