Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- The Ten Commandments -- 01 Introduction: The All-Importance of the Ten Commandments

Next Lesson

TANYA 6: SE EWOWO - Gli si xea mɔ na amegbetɔ be wòagadze anyi o
Se Ewoawo me ɖeɖe le Mose ƒe agbalẽ evelia ta 20 lia me, le Nyanyui la ƒe kekeli nu.

01 - Ŋgɔdonya: Se Ewoawo ƒe Vevienyenye Gãtɔ


Eteƒe medidina hafi yameʋu me nɔla si tso Delhi yina Srinagar le Kashmir aɖe kpɔ Himalaya-to siwo dzi sno xɔ la ƒe nukpɔkpɔ wɔnuku si le dzi yim le India-gbadzaƒewo tame o. Bali xaxɛ siwo ƒe axawo le gbadzaa la ma to kɔkɔawo dome. To aɖewo ɣla ɖe alilikpowo me. Woƒe kɔkɔme wu meta 8,000 eye wokɔna yia to siwo bɔbɔ wu, siwo ƒe kɔkɔme nye meta 5,000 la dzi ŋutɔ.

Esi amedzroa ɖi go ɖe Srinagar vɔ la, eva nya subɔsubɔhawo kple dekɔnu vovovowo. Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Yudatɔwo, Kristotɔwo, Moslemtɔwo kple Mawudzimaxɔsetɔwo ƒoa abɔta le afima. Gbedoxɔwo, sɔlemexɔwo, mosquewo kple boblodoʋuƒowo ʋlia ho ɖe amehawo ta. Dukɔ atɔ̃ doa go le xexeame ƒe dzogoe sue sia dzi - India, Pakistan, Afghanistan, Russia kple China -. Esi míaƒe amedzroa le mɔ zɔm to Kashmir ƒe duwo kple kɔƒewo me la, esea masɔmasɔ si le afima nɔlawo dome la le eɖokui me. Le nyateƒe me la, dukɔmeviʋa si me wokɔ ʋu geɖe ɖi le la tsrɔ̃ bali sia tso ƒe 1991 me ke.

Dekɔnuwo, xexeame ƒe subɔsubɔha gãwo ƒe sewo kple xexeame dziɖuɖuwo ƒe dunyahehe ƒe taɖodzinuwo wɔ nuku ŋutɔ eye woƒe sesẽ kple woƒe lolome me le abe Himalaya-tɔ ene. Gake nuŋɔŋlɔawo kple subɔsubɔhawo ƒe sewo ƒe akpa gãtɔ ɖea mɔ na ame ʋɛ aɖewo siwo ɖua dzi abe Himalaya-to kɔkɔtɔ kekeake siwo wu to siwo bɔbɔ dzi ene.

Amegbetɔ ƒe ŋutinya me to kɔkɔ siawo dometɔ ɖekae nye Se Ewoawo. Mawu vavã ɖeka la ƒo nu kple alẽkplɔla Mose, ɖe eƒe lɔlɔ̃nu fiae eye wòŋlɔ Eƒe sedede tɔxɛwo ɖe kpe gbadzɛwo dzi. Yudatɔwo ɖoa ŋku blemafofo sia dzi kple bubu gã aɖe, amesi dzi Mawu to bla nu kpli wo le Sinai To dzi. Woxlẽa eƒe nuŋlɔɖiwo le woƒe ƒuƒoƒewo vaseɖe egbe, le ƒe 3,300 megbe.

Kristotɔwo hã bua Se Ewoawo be wonye woƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyi matrɔmatrɔ. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, Hafi dziƒo kple anyigba nava yi la, i alo dometsotso aɖeke madzo le se la me o vaseɖe esime nusianu nawu enu" (Mateo 5:18).

Moslemtɔwo yɔa Mose be "Kalimu Allah", Mawu ƒe dɔla. Wobua eŋu be enye Allah ƒe dɔla kple dunyahehakplɔla, ŋutsu si si menye subɔsubɔha aɖe koe nɔ o, ke boŋ dunyahehe ƒe ŋusẽ hã nɔ esi. Le woawo gome la, egakpɔtɔ nye ame gãtɔwo dometɔ ɖeka le ŋutinya me.

Se Ewo siwo Mose tsɔ na ameƒomea la xɔ nɔƒe tɔxɛ aɖe le Nubabla Xoxoa me. Enye gɔmeɖoanyi vevi aɖe na ameƒomea vaseɖe egbe. Ame si srɔ̃a se siawo, léa wo me ɖe asi hefiaa wo la, ezua nunyala. Dukɔ si ŋea aɖaba ƒua sedede siawo dzi alo ŋlɔa wo be la gena ɖe gbegblẽ me; dzi ɖena kpɔtɔna eye wòbuna. Ele be amesiame si di be yeaƒo asa na dzɔgbevɔ̃e sia nasrɔ̃ Se Ewoawo vevie.

Ŋugbledede le Se Ewoawo ŋu va le vevie ŋutɔ le Kashmir elabena blema subɔsubɔha siwo le afima dze ŋgɔ egbegbe nukpɔsusuwo. Gbesiagbe agbenɔnɔ zi ame sia ame dzi be wòatrɔ ayi Mawu ƒe se la gbɔ le Nubabla Xoxoa me.

Woŋlɔ agbalẽ sia le numedzodzro siwo wowɔ kple ɖekakpui siwo le nuto sia me le "xexeame ƒe tatɔ" me ta. Sɔhɛ siawo, siwo tso subɔsubɔha vovovowo me, di nyateƒe kple mɔfiame na woƒe agbenɔnɔ. Wobu alesi Se Ewoawo sɔ na egbea ŋu. Ame sia ame si ati ŋugblededea yome kpli wo la axɔ yayra na eƒe gbesiagbegbenɔnɔ.

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on February 08, 2023, at 03:58 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)