Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- Romans - 055 (The Aggravation of the Offense of the Israelite People)

Previous Lesson -- Next Lesson

ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 2 - Wolé Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Me Ɖe Asi, Le Yakob Ƒe Ame Tiatiawo Ƒe Dzi Sesẽ Megbe Gɔ̃ Hã (Romatɔwo 9:1 - 11:36)
4. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye toa xɔse ɖeɖeko me, ke menye to se dzi wɔwɔ me o (Romatɔwo 9:30 - 10:21)

b) Israel-dukɔa ƒe fɔɖiɖi si dzi ɖe edzi, elabena Mawu se veve ɖe wo nu wu dukɔ bubuwo katã (Romatɔwo 10:4-8)


ROMATƆWO 10:4-8
4 Elabe Kristo ye va xɔ ŋusẽ le se la si, bene ame sia ame si xɔ se ko la, woabui ame dzɔdzɔe. 5 Mose ŋlɔ da ɖi be ame si dzea agbagba be yeanɔ agbe ɖe sea nu pɛpɛpɛ, anɔ dzɔdzɔe la, atsi agbe. 6 Ke nu si wogblɔ tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ si ku ɖe xɔse ŋu lae nye be: “Mègagblɔ na ɖokuiwò be: ‘Ame ka alia ayi dziƒo?’ (esi fia be wòayi aɖakplɔ Kristo vɛ) o. 7 Alo be: ‘Ame ka aɖi ayi tsiẽƒe?’ ” (esi fia be wòayi aɖakplɔ Kristo ado goe tso ame kukuwo dome vɛ) o. 8 Nya ka boŋ gblɔm wòle? Ebe: “Mawu ƒe nya la te ɖe ŋuwò kpuie, ele wò nu me kple wò dzime.” Eyae nye xɔsenya, si míele gbeƒã ɖemee la.

Paulo ɖi ɖase be sea ƒe taɖodzinu vevitɔe nye Yesu Kristo; eyae nye mɔ, nyateƒe, kple agbe. Eye ame aɖeke meva Fofo la gbɔ o negbe to eyama dzi ko (Yohanes 14:6).

Kristo wɔ sea ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ kple ɖokuitsɔtsɔna. Eyata eva zu míaƒe dzidzenu. Ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kple eyama la, míakpɔe be ame gbegblẽwo koe míenye. Esia ku ɖe Yudatɔwo kple Kristotɔwo siaa ŋu, elabena wo katã wowɔ nuvɔ̃ eye womete ŋu le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe me o, eye ame sia ame mede blibo le lɔlɔ̃ kple nyateƒe me o (Mose III, 18:5; Romatɔwo 3:23).

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu, to eƒe avuléku la dzi, na xexeame katã dzra xexeame katã ɖo kple Mawu kɔkɔe la (2 Korintotɔwo 5:18-21). Kristo wu se xoxoa nu eye wòva eme bliboe. Eyae nye míaƒe subɔsubɔha yeye, eye eya me míekpɔa amenuveve ƒe se. Tso esime wòku avulé la, nyateƒe yeyea va eme ale be míate ŋu axɔ míaƒe dzɔdzɔenyenye to amenuveve me eye míakpɔ agbe mavɔ. Kristoe nye míaƒe dzɔdzɔenyenye (Yesaya 45:24; Yeremya 23:6, 33:16). Ame sia ame si xɔ edzi se la, woatso afia nɛ bliboe (Yohanes 3:18; Galatiatɔwo 3:24-25). Eye ame sia ame si sitso ɖe eŋu la, womabu fɔe o.

Yehowa gblɔ le Mose ƒe Sea me be: “Amesiame si léa nye sewo me ɖe asi la, anɔ agbe.” Gake ame aɖeke mewɔ Mawu ƒe sededewo katã dzi o negbe Yesu ɖeɖe ko. Eye le esia ta, ame aɖeke manɔ agbe tegbee le eɖokui si o. Esia tae Yudatɔwo dzea agbagba, kple woƒe gbedodoɖawo, nutsitsidɔ, dɔ nyuiwo wɔwɔ, kple mɔkpɔkpɔ, be yewoaɖiɖi Mesia si ŋugbe wodo la tso dziƒo be yeaɖe yewo tso Mawu ƒe dziku me. Tog-bɔ be Mesia vavãtɔ, si ɖi va lɔ̃ faa hã la, wogbea eƒe ŋkɔ sese alo tete ɖe eŋu. Dzɔdzɔenyenye to xɔse me mebia be Mesia yeye naɖi tso dziƒo alo afɔ tso ame kukuwo dome o elabena Kristo va mía gbɔ (Luka 2:11), eye wòfɔ tso ame kukuwo dome (Mateo 28:5-6). Agbenya la ɖo ame geɖewo ƒe to me. Eye Nyanyui si woɖe gbeƒãe la yɔ fũ kple Kristo ƒe ŋusẽ, eye ame-siame si asee eye wòaxɔ edzi ase la, axɔ eƒe yayra le woƒe dzi me, eye amesiame si aɖe gbeƒãe la akpɔe le woƒe nuyiwo dzi. Míenye kesinɔtɔwo wu alesi míesusui; esɔ be woama gbɔgbɔmenunyiame sia kple ame bubuwo, elabena woxɔe se be yewonye gã eye ŋusẽ le yewo ŋu, evɔ le nyateƒe me la, wotsia anyi kpuie eye woku le nuvɔ̃ me.

GBEDODOƉA: Dziƒofofo, míede ta agu le ŋkuwòme elabena èdɔ Viwò ɖeka kolia be wòawɔ wò se dzi, aɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa, eye wòalé avu ɖe mía ta. Esi wònye eƒe xexeame katã ƒe avuléle ƒe ku ta la, sea mate ŋu atsɔ nya ɖe mía ŋu o. Yesu wu se la ƒe dziɖuɖu nu eye wòkplɔ mí yi amenuveve ƒe dziɖuɖu me.

NYABIASE:

  1. Gɔmesese kae le Paulo ƒe nyagbɔgblɔ (Kristo nye se la ƒe nuwuwu) ŋu?
  2. Nukatae Yudatɔwo le mɔ kpɔm vevie na woƒe Mesia la ƒe vava?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on July 17, 2026, at 04:24 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)