Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
B - Kristo Kplɔ Eƒe Nusrɔ̃lawo Tso Dzimetɔtrɔ Me Vaseðe Srɔ̃ðeðe Ƒe Dzidzedze Me (Yohanes 1:19 - 2:12)
1. Amedɔdɔ aɖe tso Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha la bia gbe Mawutsilenamela la (Yohanes 1:19-28)YOHANES 1:25-28 Yudatɔwo srɔ̃ ŋutiklɔdzo, tsilele kple nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi aɖe le Torah me. Klɔklɔ nye ŋutiklɔdzo tso agbenyuinɔnɔ ƒe ɖiƒoƒo me, vɔa nyɔnyrɔxɔxɔ vavãtɔ ya nye Trɔ̃subɔlawo ŋuti kɔklɔ ta tututu, elabena wobua dukɔwo be womekɔ o. Aleke kee wòɖale o, nyɔnyrɔ xɔxɔ nye ɖokuibɔbɔ ƒe dzesi kple gege ɖe Mawu ƒe ƒomea me. Esia ɖe nugɔmemasemase si le amedɔdɔawo tso Yerusalem la me. “Nu ka ta miele xɔsetɔwo yɔm be woatrɔ dzime, amesiwo wotso aʋa na eye woɖo wo anyi xoxo le nubabla la me? Ðe miebua mí be kɔkɔenyenye mele mía si o eye miesusu be míebu le Mawu ƒe dziku ta, mí dukɔa ƒe ŋgɔnɔla siwo tsɔa agbanɔamedzia? Yohanes ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye nukikli na “mawuvɔ̃lawo.” Ema ameawo ɖe hatsotso eve me. Ƒuƒoƒo gbãtɔe nye amesiwo ŋu wokɔ to dzimetɔtrɔ ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me. Ele be woaxɔ Kristo esi etiã wo vɔ hedzra wo ɖo. Ƒuƒoƒo evelia gbe dzimetɔtrɔ ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ, eye wose le wo ɖokui me be yewole klalo be yewoaxɔ Kristo. Wosusui be eƒe vava awɔ dunyahehe alo senyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe taɖodzinuwo. Nyanyuigblɔla Yohanes nɔ gbebiame sia me. Nyaʋiʋlia wɔ dɔ ɖe edzi, vevietɔ nya siwo amedɔdɔawo la bia, elabena ŋuɖoɖoawo ɖee fia be menye Kristo, alo Eliya, alo nyagblɔɖila si ŋugbe wodo lae wònye o. Mawutsilenamela la mevɔ̃ be yeatsyɔ ye ɖokui dzi le ŋukpe me to eɖeɖefia be yemenye ame aɖeke o. Esi Mawutsilenamela la nya nusi wòle be wòawɔ ta la, eɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Èto nyateƒe, menye ame vevi aɖee menye o. Tsi koe metsɔa nyrɔn amewo, akunyawɔwɔ alo ŋusẽ aɖeke manɔmee. Nu sia nu si mewɔna la nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ, eye medzraa mɔ ɖo na Amesi gbɔna.” Emegbe esi Mawutsilenamela la do eƒe kposɔwu la tsi tre hedo ɣli kple gbe sesẽ na amedɔdɔawo kple ameha la be: “Mi katã miezu ŋkuagbãtɔwo. Miedea dzesi ŋutinya me nudzɔdzɔ si le edzi yim le miaƒe titina o. Mielé ŋku ɖe ŋunye, amesi nye ame sue aɖe ko. Gake kpɔ ɖa! Kristo gbɔna! Ele ameha sia si trɔ dzime la dome. Ŋusẽ aɖeke mele nye Yohanes Mawutsilenamela la si be mawɔ nane o. Dɔdasi aɖe le asinye si wòle be mawu enu. Gbee ye menye, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Aƒetɔ la ƒe vava fiam. Afisiae wòle. Egbee nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋkeke. Mitrɔ dzime elabena ɣeyiɣi le yiyim.” Gbeƒãɖeɖe sia wɔ dɔ ɖe ameha la dzi ŋutɔ. Eva ƒo ƒu kple susu be yewoaxɔ Kristo. Gake eva ɖo xoxo eye ame aɖeke mede dzesii alo kpɔe o. Wo katã wotɔtɔ eye wotsɔ movidzɔdzɔ kpɔ wo nɔewo. Emegbe Mawutsilenamela la gblɔ eƒe Kristo ŋuti nuŋlɔɖi xɔŋkɔa le ɖaseɖiɖi si me kɔ wu esi Nyanyuigblɔla Yohanes ƒo nu tso xoxo le kpukpui 15 lia me tẽe me be: “Ame si le megbenye gbɔna la do ŋgɔ nam elabe eli hafi meva dzɔ.” Eto esia me ɖe Kristo ƒe mavɔmavɔ kple eƒe anyinɔnɔ le amegbetɔwo dome fia. Eɖee fia be le gota gome la, Kristo nye amegbetɔ dzɔdzɔe le wo dome, amedzro, si me halo mele o, awu nyui aɖeke mele esi o eye ŋku siwo le dzo dam mele esi o. Enɔ abe ame mamlɛawo katã ene, naneke mede vovototoe o. Gake le eƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ me la, eto vovo kura tso bubuawo gbɔ: nuwɔwɔ si li tso mavɔ me, dziƒo kple mawume, ame si le, ke tsitre ɖe wo dome le nɔnɔme bɔbɔe ɖesiaɖe me. Mawutsilenamela la ʋu eme be yemedze asubɔ Kristo o. Ɣemaɣi ƒe kɔnue nye be dɔla la klɔa afɔ na amedzro siwo va ɖo aƒea me. Amenyrɔɖetsimela la bu eɖokui be yemedze be yeaɖe Yesu ƒe afɔkpa ƒe kawo gɔ̃ hã be yeaklɔ yeƒe afɔwo o. Nya siawo ɖe fu na ameha la. Wobia wo ɖokui be, “Afika amedzro sia le le mía dome? Aleke Aƒetɔ la ate ŋu anye ame tsɛ alo ame gbalo ko? Eye nu ka tae Mawutsilenamela la bua eɖokui be yemedze be yeaɖe yeƒe afɔkpa ƒe kawo o?” Emegbe amedɔdɔawo yi Yerusalem, eye woɖu fewu le Yohanes Mawutsilenamela ŋu. Anɔ eme be Mawutsilenamela la ƒe nusrɔ̃lawo kplɔ wo ɖo. Wosusu be Kristo ado le fiadu la me kple nunya kple gãnyenye, ke menye abe amedzro, ame tsɛ aɖe si le gbedadaƒo ene o. Eyata mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woado go Mawu ƒe Kristo la to wo ŋu. Nudzɔdzɔ siawo dzɔ le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi, si didi tso Yuɖatɔwo ƒe ŋusẽ la gbɔ, le nuto si me Herodes Antipa ɖu fia le la me. Eya ta amedɔdɔawo mete ŋu lé Mawutsilenamela la hekplɔe yi Yerusalem be woadrɔ̃ ʋɔnui o. BIABIA: Aƒetɔ Yesu Kristo, akpe na wò be nèva mía gbɔ, ame vavã kple Mawu mavɔ. Míesubɔa wò eye míedo wò ɖe dzi. Èbɔbɔ ɖokuiwò le ŋutilã me ale be ame aɖeke mate ŋu ade dzesi wò o negbe Mawutsilenamela la ko. Èbɔbɔ ɖokui wo eye nèfa tu le dzi me. Fia mí be míanɔ abe wò ene, míadze yowòme eye míana wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe nakplɔ mí. QUESTION:
|