Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 014 (Testimonies of the Baptist to Christ)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
B - Kristo Kplɔ Eƒe Nusrɔ̃lawo Tso Dzimetɔtrɔ Me Vaseðe Srɔ̃ðeðe Ƒe Dzidzedze Me (Yohanes 1:19 - 2:12)

2. Mawutsilenamela la ƒe ɖaseɖiɖi siwo ʋãa ame wu tso Kristo ŋu (Yohanes 1:29-34)


YOHANES 1:29-30
29 Esi ŋu ke eye Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna ɖe egbɔ la, egblɔ be: “Mikpɔ, Mawu ƒe Alẽvi si tsɔ xexea me ƒe nuvɔ̃ yina lae nye esi! 30 Eyae nye ame si ŋuti megblɔ le be: ‘Ame aɖe le megbenye gbɔna, ede ŋgɔ wum’ elabe eli hafi meva dzɔ.

Vaseɖe ɣemaɣi la, Mawutsilenamela la xɔe se be Kristo anye ɖɔɖɔɖowɔla si ava kɔ yeƒe amewo ŋu, be yeaƒo yeƒe bli; Kristo si do dziku, si lé fía ɖe asi ne yea lã ati ɖesiaɖe si le dɔ lém. Le eya gome la, Kristo ƒe vava ɖe gbeƒã Dzikuŋkekea. Esi wògblɔ be, “Mesia la le mía dome” la, vɔvɔ̃ ɖo eƒe nusrɔ̃lawo esi woɖo ŋku woƒe nuvɔ̃wo katã dzi. Wonɔ mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ kpata si adze anyi nuxlɔ̃ame manɔmee.

Kristo si xɔ ƒe 30 la te ɖe Mawutsilenamela la ŋu hebia be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Mawutsilenamela la tsi tre ɖe eŋu hegblɔ be, “Nye boŋ wòhiã be wò nàle mawutsi na. (Mateo 3:13-17). Yohanes di be Yesu natsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye. Gake Yesu te gbe ɖe edzi kokoko be yeaxɔ nyɔnyrɔ eye yeawɔ nu siwo katã sɔ.

Yohanes kpɔe dze sii be Ame Kɔkɔe la meva be yeatsrɔ̃ amewo o, ke boŋ be yeatsɔ woƒe nuvɔ̃wo. Exɔ nyɔnyrɔxɔxɔ abe ameƒomea teƒenɔla ene. Aƒetɔ la ƒe vava me le dziku me o, ke boŋ le avuléle kple tsɔtsɔke me. Esi wònɔ tsitre ɖe Nubabla Xoxoa ƒe nugbɔ la, Mawutsilenamela la kpɔ Yeyea ƒe goglome le Mawu ƒe lɔlɔ̃ me dze sii. Tɔtrɔ gã sia trɔ asi le eƒe aɖaŋuwo ŋu.

Le ŋufɔke esi Yesu trɔ gbɔ la, Yohanes fia asi eŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, eye nàse egɔme, ʋu ŋku, eyae nye siaa!” Mawudɔlawo ƒe dzokekle alo aʋakɔ aɖeke menɔ anyi o, ke boŋ wokeke Mawu ƒe Nya la ɖe enu be amesiame nakpɔe. Ðekakpui siae nye Ame Kɔkɔe si wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye sia, Aƒetɔ la ŋutɔ, xexeame ƒe Mɔkpɔkpɔ.

Yohanes megadi be amewo nalé ɖe Mesia la ŋuti nukpɔsusu xoxo aɖe si wotu ɖe dunyahehe me aʋadziɖuɖuwo kple aʋawɔɖaŋu dzi la ŋu o. Mawu ƒe Alẽvi ɖokuibɔbɔla fatu lae, ke menye Yuda ƒe Dzata sesẽ si ɖu dzi lae o.

Esi Gbɔgbɔ la yɔ Yohanes me fũ ta la, eɖe gbeƒãe be, “Yesu sia tsɔ xexeame ƒe nuvɔ̃wo. Etiae be yeanye Mawu ƒe Alẽvi, si nye blema vɔsakɔnuwo ƒe kpɔɖeŋu. Edze be wòanye amewo katã Teƒenɔla. Ŋusẽ le eƒe lɔlɔ̃a ŋu eye wòwɔa dɔ nyuie. Eyae nye Kɔkɔetɔ kple ame mamlɛawo esime wòtsɔ amesiame ƒe nuvɔ̃wo. Ame si nu vɔ̃ mele o la zu nu vɔ̃ na mí, be míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le Kristo me.

Mawutsilenamela ƒe ɖaseɖiɖi nye nyanyui la ƒe nya vevi aɖe, si nye Biblia ƒe dzi. Ekpɔe dze sii be Kristo ƒe ŋutikɔkɔe dze le eƒe fukpekpe ɖe mía ta me. Kristo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ le xexeame katã, eye ameƒomevi ɖesiaɖe kple dukɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔe. Kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, agbalẽnyalawo kple agbalẽmanyalawo, eku ɖe amesiamee nu. Esɔ kple ɣeyiɣi siwo va yi, fifia kple etsɔme. Eƒe ku léa avu ɖe nuvɔ̃wo katã ta. Eƒe Avuléle Ðe Eteƒe de blibo.

Tso eƒe vava abe Alẽvi ene ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ebɔbɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo te, gake megbea ame siwo xɔ ŋkɔ vɔ̃ɖi o eye medoa vlo dadalawo hã o, ke boŋ elɔ̃ wo. Enya be wogakpɔtɔ nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo eye wòlɔ̃ faa be yeaku ɖe wo ta.

Mawutsilenamela la ɖe gbeƒã na eƒe nyaselawo be Mawu ƒe Alẽvi la ɖe wo tso Mawu ƒe dɔmedzoe la me. Eyae nye amesi ŋu wowɔ nuvevii, alẽvi si wòle be wòaku ɖe wo teƒe. Ðewohĩ amesiwo nɔ eteƒe la nɔ wo ɖokui biam be aleke ŋutsu ɖeka ate ŋu atsɔ ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo hã. Yohanes ƒe nyawo ʋu woƒe ŋkuwo, gake le mɔ aɖeke nu la, womete ŋu kpɔ atitsoga la le susu me o. Nudzɔdzɔ wɔnuku aɖe nɔ Mawu ƒe ɖoɖo si le Kristo me vam.

Le afisia hã la, Mawutsilenamela la gagblɔ ake be ele be Yesu nawɔ ɖeɖekpɔkpɔ sia ade goe, elabena eyae nye Aƒetɔ mavɔ la: "Elolo wum eye wòdo ŋgɔ nam."

Kristo ƒe ŋutikɔkɔe lolo ŋutɔ, gake eƒe lɔlɔ̃ le atitsoga la dzi ɖe ŋutikɔkɔe ma ƒe titina fia. Nyanyuigblɔla la ʋu eme be, “Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe; ehe ɖe atitsoga ŋu le fukpekpe me eye wòto esia me ɖe lɔlɔ̃ ƒe dzidzenu si na ablɔɖe mí la fia.”

GBEDODOƉA: O Mawu ƒe Alẽvi Kɔkɔe si tsɔ xexeame ƒe nuvɔ̃ la, kpɔ nublanui na mí. Oo Mawu ƒe Vi Mavɔ, si trɔ zu Ŋutilã, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke. O Nazaretetɔ ɖokuibɔbɔla si míaƒe nuvɔ̃wo mekpe ŋu na wò o, míede ta agu na wò elabena èlɔ̃ mí eye nèwɔ mí ame blibowo le mewò le atitsoga la dzi. Míelɔ̃ wò eye míeda akpe na wò, elabena mèva abe ʋɔnudrɔ̃la ene o, ke boŋ Alẽvi. Míexɔ dziwò se, elabena èɖe amewo katã ƒe nu vɔ̃wo ɖa. Na nunya mí be míagblɔ na ame bubuwo be èɖe wo.

BIABIA:

  1. Gɔmesese kae le nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe Alẽvi” si?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 04:39 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)