Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- Romans - 042 (In Christ, Man is Delivered)

Previous Lesson -- Next Lesson

ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 1 - Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Bua Fɔ Nuvɔ̃wɔlawo Katã Eye Wòbua Ame Siwo Katã Xɔ Yesu Kristo Dzi Se La Dzɔdzɔewo Eye Wòkɔa Wo Ŋu (Romatɔwo 1:18 - 8:39)
D - Mawu Ƒe Ŋusẽ Ɖea Mí Tso Nuvɔ̃ Ƒe Ŋusẽ Me (Romatɔwo 6:1 - 8:27)

6. Amegbetɔ si le Kristo me la vo tso nuvɔ̃, ku, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me (Romatɔwo 8:1-11)


ROMATƆWO 8:3-8
3 Nu si se la mete ŋu wɔ o, elabe ŋutilã la xɔ ŋusẽ le esi la, eyae Mawu wɔ azɔ. Edɔ Via ɖa le amegbetɔ ƒe ŋutilã, si wɔa nuvɔ̃ la me, ɖe nuvɔ̃ ta, eye wòva bu fɔ nuvɔ̃ heɖee ɖa. 4 Mawu wɔ esia ale be mí ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ nu, ke menye le ŋutilã nu o la, míade blibo le nu dzɔdzɔe wɔwɔ si se la di tso mía si be míawɔ la me. 5 Elabe ame siwo nɔa agbe abe ale si woƒe ŋutilã dii ene la, nu siwo ŋutilã hiã la, ŋu ko wobuna. Ke ame siwo nɔa agbe abe ale si Gbɔgbɔ la dii ene la, nu siwo Gbɔgbɔ la hiã la, ŋu ko wobuna. 6 Ame si bua nu siwo eƒe ŋutilã di la ɖeɖe ko ŋu la, aku; ke ame si bua nu siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ la di la ɖeɖe ko ŋu la, eyae anɔ agbe ahakpɔ ŋutifafa. 7 Ale ame si bua nu siwo ŋutilã di la ɖeɖe ko ŋu la, zua Mawu ƒe futɔ, eye mewɔa Mawu ƒe se dzi o. Le nyateƒe me la, mate ŋui hã o vavã. 8 Ame siwo nɔa agbe abe ale si woƒe ŋutilã dii ene la, ƒe nuwɔna mate ŋu adze Mawu ŋu o.

Kristo ɖo nubabla yeye anyi elabena ŋusẽ aɖeke menɔ nuba-bla xoxoa ŋu be wòaɖu ŋutilã ƒe didiwo kple nuvɔ̃wo dzi o. Kristo ƒe ŋutilã me nɔnɔ nye nubabla yeyea ƒe gɔmedzedze kple afɔɖeɖe gbãtɔ le Mawu ƒe aʋadziɖuɖu ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã si gbɔdzɔ la dzi me, elabena Kristo, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le eme dzi, te ŋu ɖu eƒe ŋutilã dzi bliboe. Vɔ̃ɖinyenye mate ŋu ato nyatoƒoe ɖe eŋu o, elabena etsɔ eƒe agbe dzadzɛ bu fɔ nuvɔ̃, blae, eye wòtsrɔ̃e.

Yesu nɔ eƒe agbe kɔkɔe bliboa katã elabena Fofoa si le dziƒo ƒe Gbɔgbɔ wu nuvɔ̃ le eƒe ŋutilã si ƒe dome wònyi la me; gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke menɔ eŋu o. Ewɔ sea ƒe nudidiwo dzi to eƒe lɔlɔ̃ kple nyuiwɔwɔ me. Eɖo eƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuigbegbe ƒe taƒoƒo esime wòtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖe eƒe abɔta. Etsɔ míaƒe nuvɔ̃wo de eɖokui dzi heku ɖe mía teƒe, eye wòtsɔ mí de Ma-wu ƒe dzɔdzɔenyenye me to eƒe ku me. Womewɔa Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye sia le mía me to kɔnyinyi, nukpɔsusu ƒe xɔse dzi o, ke boŋ eva eme le agbe ŋutɔŋutɔ me. Fifia, Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyee nye eƒe lɔlɔ̃ si sɔ si wotu ɖe nyateƒe dzi. Wokɔ lɔlɔ̃ gã sia ɖe xɔsetɔwo ƒe dzi me, bena woagblɔ bena: Kristo nɔa mía me, efiaa mɔ mí, eye wòʋãa mí be míayi se la me vava gbɔ. Kristotɔ mezɔna ɖe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo nu o, ke boŋ le Gbɔgbɔ la kple eƒe tameɖoɖowo nu, le akpedada, dzidzɔkpɔkpɔ, kple ŋutifafa me.

Nyabiase gbãtɔ si wobia wòe nye esi: Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe amee nènyea? Ðe Kristo le mewòa? Ðe xexeame ƒe Ðela la yɔa wò dzi me fũa? Ðe eƒe ku le atitsoga ŋu na wò dzɔdzɔe, ale be nèle zɔzɔm vevie le agbe mea? Xɔse menye tamesusu o, alo alakpanuwɔwɔ hã o, ke boŋ enye gbɔgbɔmeŋusẽ si naa agbe kple Mawu ƒe anyinɔnɔ le ŋutilã siwo wotso dzɔdzɔe me.

Woƒe lɔlɔ̃nyawoe wotsɔ dea dzesi gbɔgbɔmeme. Wotsia dzi ɖe mɔɖeɖe ɖe nu ŋu kple ŋutifafa ŋu. Ðe nèle ame siwo hea ŋuti-fafa vɛ la domea? Ðe nèdzea agbagba be yeakaka ŋutifafa kple Mawu le amewo dome, ale be ame geɖewo nazu yeye, eye vi geɖe nadzi tso Mawu gbɔ, eye nàɖe mɔ eƒe agbe nava eme le ŋutilã me amewo me eye woƒe lɔlɔ̃ nazu gbɔgbɔmetɔwo hãa?

Amesi nɔa agbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ manɔmee la ayi edzi ag-bɔdzɔ le ŋutilã me eye wòasesẽ, ava zu amedzidzela le eƒe tamesusuwo kple nuwɔna me ɖe Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ŋu, aboyoe na eƒe xexeame ƒe didiwo kple didiwo. Mlɔeba la, anyi Mawu ƒe dziku kple Eƒe fɔbubu dzɔdzɔe la dome. Ŋutilãmeme la medi be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe Aƒetɔ la ƒe se te o, ke boŋ ed-zea aglã ɖe eŋu kple eƒe lɔlɔ̃nu vɔ̃ɖi. Eya ta maɖi ƒo na Mawu o eye mate ŋu alɔ̃e o negbe ɖe wòtrɔ dzime, trɔ eƒe susu, eye wòxɔ Yesu Kristo dzi se hafi. Ame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe vava yi eƒe dzi me manɔmee la, wotra mɔ eye wòbu. Ne míagblɔe bubui la, amegbetɔ ɖesiaɖe si si Gbɔgbɔ lɔlɔ̃tɔ mele o la nye ame si menye Kristo tɔ o; nyateƒee, Satana ƒe kluvie wònye.

Gake gbɔgbɔmeme la nye amesi nya nu; wolé Mawu ƒe ŋuti-fafa si wona wo la me ɖe asi eye wolɔ̃a woƒe futɔwo. Wobiaa Mawu ƒe ŋusẽ kple ametakpɔkpɔ gbesiagbe, eye wodina tso dzi blibo me be yewoahe amewo katã ava Yesu, agbe kple ŋu-tifafa dzɔtsoƒe gbɔ, ale be woagatsrɔ̃ o, ke boŋ woakpɔ agbe mavɔ. Ðe nèzu ame si yɔ fũ kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ, eye wòʋã wò ɖe xɔ̃wòwo ta, eye nèkpɔe dze sii be Eƒe lɔlɔ̃ le adzɔge ʋĩ tso tofloko kple dada gbɔa?

GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, Mawu lɔ̃la, míaƒe susuwo seɖoƒe li na; míenya wò Gbɔgbɔ kple wò lɔlɔ̃ na mí o. Ke le wò amenuveve gbogbo la ta la, ètsɔ wò dzigbɔɖi kple wò nɔnɔmewo yɔ mí fũ, ale be míatsɔ Fofo la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la akafu wò, eye míawɔ wò lɔlɔ̃nu dzi kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃. Na mí le ŋutifafa me ale be míadze yowòme to wò Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me, eye nàna nunya kple lɔlɔ̃nu mí be míayɔ xexeametɔwo katã be woabɔbɔ wo ɖokui na wò, ale be woakpɔ ɖeɖe, atrɔ, eye woakɔ wo ŋu bliboe to nyateƒe la me.

NYABIASE:

  1. Nukae nye gbɔgbɔmeme ƒe lɔlɔ̃, eye nukae nye ŋutilãmeme ƒe domenyinu?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on July 16, 2026, at 09:36 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)