Previous Lesson -- Next Lesson
2. Ne míevo tso se la me ta la, enɔa bɔbɔe na mí be míavo tso nuvɔ̃ me (Romatɔwo 6:15-23)
ROMATƆWO 6:15-22
15 Nya ka wònye gblɔm míele? Ɖe míagblɔ be míate ŋu aganɔ nuvɔ̃ wɔm faa, elabe míegale se te o, eye Mawu le mía nu vem taa? Gbeɖe! 16 Mienya nyuie be, ne mietsɔ mia ɖokui wɔ subɔlawoe na ame aɖe, be yewoaɖo toe la, miezu ame si ƒe gbe dzi wɔm miele la ƒe kluviwo. Nenye nuvɔ̃ ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye ku; nenye Mawu ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ. 17 Akpe na Mawu kakaka! Elabe mi ame siwo nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mieva xɔ nufiafia sia kple dzi blibo hele edzi wɔm pɛpɛpɛ. 18 Ale be miedo le nuvɔ̃ si me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo, be miawɔ nu dzɔdzɔe. 19 Mele nu ƒom ko, abe amegbetɔ ene, le ale si amegbetɔ gbɔdzɔnae ta, be miate ŋu ase eme. Nu si mewɔnɛ lae nye be, tsã la, mieɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu, eye wozu kluviwo nɔ nu makɔmakɔ kple nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi wɔm. Nenema ke migaɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu fifia hã, be woanye kluvi siwo awɔ nu dzɔdzɔe, esi fia be woawɔ nu si le kɔkɔe la. 20 Esi mienye nuvɔ̃ ƒe kluviwo la, menye dzizizi be miawɔ nu dzɔdzɔe o. 21 Viɖe ka miekpɔ tso nuwɔna mawo, siwo va le ŋu kpem na mi fifia la me? Ku koe nuwɔna mawo hena vɛ mlɔeba. 22 Ke fifia la, woɖe mi tso nuvɔ̃ si me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo. Viɖe, si miekpɔ lae nye be mietsɔ miaƒe agbe nae blibo, be woawɔe kɔkɔe, eye le nuwuwu la, miakpɔ agbe mavɔ.
Paulo gase Yudatɔwo ƒe ayedzedze ƒe biabiawo ƒe ɖiɖi le eɖokui me eye wògblɔ be, “Ðe míawɔ nuvɔ̃ elabena míele se la te o, ke boŋ míele amenuveve tea?”
Paulo gbe nyabiase sia si mesɔ o la keŋkeŋ elabena menye Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae fɔe ɖe tsitre o, ke boŋ ame tsɛwoe fɔe ɖe tsitre. Eɖi ɖase na xɔsetɔwo be wolɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui ɖo Kristo ƒe ŋusẽ te bliboe hena Eƒe lɔlɔ̃. Ale wovo tso nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ kple se la ƒe nyatoƒoetotowo me, eye wotsɔ Mawu ƒe agbe kple Eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe wo ɖokui me. Ame sia ame si ƒoa nu tso amegbetɔ ƒe ablɔɖe ŋu Mawuvɔvɔ̃ manɔmee la nye aʋatsokala. Ðɔkta Luther tsɔ amegbetɔ sɔ kple kposɔ; egblɔ be amea mate ŋu anɔ agbe Aƒetɔ la manɔmee o, elabena ele be ame aɖe nanɔ ye dom. Satana doa wò alo Mawu doa wò. Ne Mawu va zu wò aƒetɔ kple Aƒetɔ, eye nètsɔ dzidzɔ tsɔe ɖe dzi me, eye nèsubɔe ɣesiaɣi kple veviedodotɔe la, ekema mɔkpɔkpɔbuɖeame, nuvɔ̃, kple ku ƒe ŋusẽ aɖo woƒe nuwuwu le mewò. Ekema mɔkpɔkpɔ, ŋutifafa, kple gbɔgbɔmeblɔɖe vavãtɔ adze egɔme. Kristo mena ablɔɖe wò ɖe ɖekematsɔleme kple ɖokuitɔdidi ta o, ke boŋ be nàsubɔ Mawu ahaɖe dɔmenyonyo afia ame bubuwo, eye dzɔdzɔenyenye ƒe gbɔgbɔ fia mɔ wò. Ne èɖe asi le gbɔgbɔ sia ƒe hehe ŋu la, dzitsinya si me kɔ asu asiwò. Eye ne womewɔ ɖeka kple Kristo ƒe Gbɔgbɔ sia o la, ànɔ kɔsɔkɔsɔ me to wò mɔkpɔkpɔbuɖeame kple gbɔdzɔgbɔdzɔ me.
Yesu ŋutɔ ɖe eɖokui fia be yenye amesi tsɔ kɔkuti, togbɔ be enye Mawu ablɔɖeme kple mavɔmavɔ hã. Ke etsɔ dzidzɔ bɔbɔ eɖokui ɖe Fofoa ƒe kɔkuti te, eye wòbɔbɔ eɖokui, eye wòzu toɖola va se ɖe ku me, eye wòku le atitsoga ŋu. Mawu ƒe lɔlɔ̃ na wòzu subɔla be wòaɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa. Ekema nukata màdze eyome o? Ðe nàte ŋu ado dzi le xɔ̃wòwo ƒe nuvɔ̃ me, eye ɖe woƒe ɖekematsɔleme ɖea fu na wòa? Mègalé dziku ɖe asi o; ke boŋ ɖoe kplikpaa be yeaɖe wo ahana ablɔɖe wo le gbɔgbɔ me. Mawu ƒe lɔlɔ̃ kplɔa wò be nàxɔ amewo katã.
Eye agbenɔnɔ kple Kristo fiaa mɔ wò be nàsubɔ ame geɖe, menye le nukpɔsusu alo seselelãme nu o, ke boŋ le nuwɔna me, kple wò ŋusẽ, tameɖoɖo kplikpaa, kple vɔsa katã. Abe alesi nèzã wò ɣeyiɣi, ga, kple ŋutetewo ɖe modzakaɖeɖe ŋu tsã ene la, tsɔ wò ŋutetewo na egbea hena Kristo subɔsubɔ kple ame bubuwo ɖeɖe. Fa akɔ na amesiwo le fu kpem, srã dɔnɔwo kpɔ, na nuɖuɖu dɔwuitɔwo, kpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu, eye nàna kekeli naklẽ amesiwo le dzɔdzɔenyenye dim to Nyanyui la dzi.
Nyateƒee, Kristo ƒe lɔlɔ̃ si le xɔsetɔwo me la nye akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ vavãtɔ le míaƒe xexe vɔ̃ɖi la me. Ðe nèzu Kristo ƒe subɔla, kple eƒe lɔlɔ̃ ƒe kluvia? Ekema nu vɔ̃ makpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe mia dzi o, mi ame siwo tso ku me yi agbe me to dzimetɔtrɔ me, eye woklã mi ɖe ati ŋu kpe ɖe Kristo ŋu eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ mi fũ, eye mienɔ eƒe agbe mavɔ me. Mɔkpɔkpɔ gã aɖe le asiwò na ame siwo katã le agbe le Kristo me.
ROMATƆWO 6:23
23 Kue nye nu si nuvɔ̃ tsɔna xea fee, ke nunana si Mawu na faa lae nye agbe mavɔ, esi ame siwo le hadede me kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la, xɔna.
Kpukpui sia nye Nyanyui la ƒe nu vevitɔ, elabena egblɔ nusi do tso dzɔdzɔme amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ me, kple nusi nye nu gã si Yesu Kristo na la na mí kɔte ŋutɔ.
1. Míekuna elabena míewɔa nuvɔ̃. Ku nye nusi womate ŋu aƒo asa na o elabena nuvɔ̃wɔlawoe míenye. Esi amewo katã nye nuvɔ̃wɔlawo ta la, ekema amewo katã kuna. Esia nye agbe me tsonu.
2. Ke ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la, axɔ Mawu ƒe nunana. Eye nunana sia menye klosalo alo sika, alo nu xɔasi aɖeke o, eye womekpɔnɛ le xexeame katã ƒe nu veviwo dome hã o, ke boŋ etso Mawu ƒe dzi me tẽ, be wòaxɔ nɔƒe le míaƒe dziwo me vavã. Enye Mawu ŋutɔ ƒe agbe, agbe mavɔ, si wòtsɔ na amesiwo katã woklã ɖe ati ŋu kple Via, bena woakpɔ gome le eƒe dziɖuɖu me tegbee. Enye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ, eɖua fia kple Fofoa kple eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Mawu ɖeka, tso mavɔ me yi mavɔ me.
GBEDODOƉA: Míedea ta agu na wò, Fofo, Vi, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe, elabena èɖe mí tso míaƒe nyɔnyrɔ ɖe fɔɖiɖi kple nuvɔ̃ me. Èɖe mí tso ku ƒe mɔ̃wo me eye nèkplɔ mí va Kristo ƒe alẽha la me, eye nètsɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe agbe yɔ mí fũ. Ale, míaku gbeɖe o, ke boŋ míanɔ agbe kpli wò kple mewò, to wò amenuveve wɔnuku la me.
NYABIASE:
- Vovototo kae le nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye kple ku ƒe akpa ɖeka, kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ dome?