Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- The Ten Commandments -- 13 Conclusion: The Law and the Gospel

Previous Lesson

TANYA 6: SE EWOWO - Gli si xea mɔ na amegbetɔ be wòagadze anyi o
Se Ewoawo me ɖeɖe le Mose ƒe agbalẽ evelia ta 20 lia me, le Nyanyui la ƒe kekeli nu.

13 - Nyataƒoƒo: Sea kple Nyanyui la



Senyala aɖe bia Yesu ɣeaɖeɣi be, “Se kae nye gãtɔ kekeake le Sea me?” Yesu ɖo eŋu esi wòyɔ kpukpui eve siwo le Mose V, 6:5 kple 3 Mose 19:18 me: "Àlɔ̃ Yehowa, wò Mawu kple wò dzi blibo, kple wò amenyenye blibo, kple wò ŋusẽ katã. Àlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene." (Mateo 22:37-38).

Yesu tsɔ nya siawo ƒo Se Ewoawo nu ƒu kpuie. Se Ewoawo ƒe akpa gbãtɔ ƒo nu tso mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu eye wòde dzesii be eyae nye mía Wɔla, mía Ðela, míaƒe Akɔfala. Akpa evelia ƒo nu tso mía kple mía nɔviwo katã dome ƒomedodo ŋu eye ete gbe ɖe míaƒe subɔsubɔ na mía nɔviwo dzi kɔte.

Yesu meɖo ŋukpe mawuvɔ̃la sia ƒe nyabiasea ŋu o. Megblɔ nusi wòle be wòaƒo asa na wɔwɔ o. Gake Etsɔ dzidzɔ fia mɔe wòyi sea dzi wɔwɔ nyuie. Egblɔ nusi tututu wòle be mí katã míawɔ. Woate ŋu aƒo se eveawo nu ƒu kpuie kple nyagbɔgblɔ si nye: lɔ̃ Mawu kple amewo katã kple lɔlɔ̃ dzadzɛ! Mina míadzro míaƒe dziwo me akpɔe ɖa be míelɔ̃ Mawu vavã ma hã eye míelɔ̃ mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe futɔwo gɔ̃ hã vavã hã. Aleke gbegbee míewɔna ɖe Se Ewoawo dzii?


13.1 - Ðe míelɔ̃ Mawu vavãa?

Be woalɔ̃ Mawu nye sedede si hiã gbã eye egɔmesese le bɔbɔe wu. Ne míelɔ̃ Mawu vavã la, ke míagatsɔ míaƒe ɣeyiɣi, ga, alo ɖoɖo aɖeke adzra ɖo ɖe mía ɖokui ŋu o. Ena ŋutilã, luʋɔ kple gbɔgbɔ mí; míaƒe didiwo, míaƒe lɔlɔ̃nu kple míaƒe mɔkpɔkpɔ la eye eƒe lɔlɔ̃e trɔa asi le nusiawo ŋu eye wòvaa eme. Edze be Wɔla kɔkɔe la, Ðela xɔnametɔ la nanye míaƒe agbenɔnɔ kple agbeŋkekewo ƒe titina! Eya ɖeka koe le vevie. Enye Mawu ŋuʋãla si kpɔa mɔ na lɔlɔ̃ ɖeɖeko kple blibodede. Mele klalo be yeama lɔlɔ̃ sia kple ame bubu o. Eyata ele be míabia mía ɖokui be: Ðe míelɔ̃ Mawu abe alesi wòlɔ̃ mí eye wògalɔ̃ mí kokoko enea? Aleke gbegbee míelɔ̃e ŋutɔŋutɔe? Ðe míelɔ̃e le seselelãme gome, le tamebubu me, dea ŋugble le Eƒe Nya la ŋu vevie be míanya Eƒe lɔlɔ̃nu eye míadi be míawɔe to Eƒe kpekpeɖeŋu mea? Mina míaƒe amenyenye bliboa nakafui ɖe amenuveve si wòna be míate ŋu anɔ agbe yeye ta. De bubu Eyama ŋu to nusi míewɔna kple nusi míewɔna o me. Akpe nɛ ɖe míaƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to avuléle si wona mí faa le Kristo Yesu me la ta. Mina míakafui ɖe dzidzɔ, ŋutifafa kple akɔfafa ƒe gbɔgbɔ si wòkɔ ɖe míaƒe dziwo me ta. Ele be míakpɔe adze sii be míaƒe lɔlɔ̃ mesɔ gbɔ o. Menye ɣesiaɣie míelɔ̃a Mawu kple míaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo o. Míehiã míaƒe Aƒetɔ ƒe kpekpeɖeŋu gɔ̃ hã be míalɔ̃e abe alesi wòle be míalɔ̃e ene. Apostolo Paulo fia alesi Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu la be: "Mawu trɔ eƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dzime to Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si wona mí la dzi " (Romatɔwo 5:5b). Mía Fofo si le dziƒo la tsɔ eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí ale be míate ŋu alɔ̃e vavã. Eƒe lɔlɔ̃ yɔa míaƒe dzi me fũ elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔa mía me.


13.2 - Ðe míelɔ̃ mía Nɔvi abe Mía Ðokui enea?

Lɔlɔ̃ ƒe Gbɔgbɔ nana míete ŋu kpɔa ame siwo ƒo xlã mí kple Mawu ƒe ŋkuwo. Eyata mina míaɖi ɖase na wo tso Yesu ƒe amenuveve ŋu, mina míaƒo nu na wo tso eƒe lɔlɔ̃ mavɔ kple ɖeɖekpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔlawo ŋu. Ne míelɔ̃ wo abe mía ɖokui ene la, míedoa gbe ɖa ɖe wo ta hesubɔa wo. Ne dɔ le mía wum la, míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míadi nuɖuɖu. Ne míele vɔvɔ̃m la, míedzea agbagba be míadi kpekpeɖeŋu. Ne ɖeɖi te mía ŋu la, míedɔa alɔ̃. Nenema ke Kristo ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí be míana nuɖuɖu dɔwuitɔwo, aɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míafa akɔ na amesiwo ŋu ɖeɖi te. Yesu lɔ̃ mí ale gbegbe be wòna eɖokui sɔ kple mí. Eva zu mía dometɔ ɖeka. Efia nusi Eya, fiawo dzi Fia, abia eƒe nusrɔ̃lawo le Ʋɔnudrɔ̃gbe la mí do ŋgɔ: Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Tɔ́nye yra. Minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi, tso keke xexea me ƒe gɔmedzeɣi la ƒe dome; elabe dɔ wum, eye miena num meɖu. Tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro dze mia gbɔ eye miexɔm atuu. Menɔ amama, eye miena awum medo. Menɔ dɔ lém, eye mieva srãm kpɔ. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.’ Tete ame dzɔdzɔeawo aɖo eŋu abiae be: ‘Aƒetɔ, gbe ka gbee míekpɔ wò, dɔ nɔ wuwòm, eye míena nu wò nèɖu, alo tsikɔ nɔ wuwòm eye míena tsi wò? Gbe ka gbee nènye amedzro dze mía gbɔ, eye míexɔ wò atuu, alo nèle amama, eye míena awu wò nèdo? Gbe ka gbee nènɔ dɔ lém, eye míeva srã wò kpɔ, alo nèle gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖaa?’ Tete Fia la aɖo eŋu na wo be: ‘Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miewɔ na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.’(Mateo 25:34-40).

Yesu ƒo Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃ nu ƒu le Eƒe amenyenye me. Ne míebia Yesu ɖokuibɔbɔtɔe la, aɖo kpe mía dzi le eƒe lɔlɔ̃ me ale be míate ŋu asubɔ Mawu kpakple hiãtɔ siwo ƒo xlã mí hã. Menye ɖe míesubɔnɛ kple susu be míaɖe mía ɖokui o. Gake míesubɔa Mawu kple ame bubuwo kple ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzi blibo elabena míekpɔ ɖeɖe xoxo. Míaƒe lɔlɔ̃ menɔ te ɖe míaƒe dɔ nyuiwo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi abe alesi Moslemtɔwo susui ene o, ke boŋ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ si wowɔ na amesiame le Kristo Yesu me dzi.


13.3 - Gɔmesese deto si le Sea ŋu

Xɔname ƒe nyanyui si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la kplɔ mí yi gɔmesese deto si le Mose ƒe se la ŋu la gɔme. Ne míagblɔe bubui la, Se Ewoawo xea mɔ na mí be míagatsrɔ̃ mía ɖokui o eye wònana míekpɔa dzidzɔ. Yesu gblɔ na kesinɔtɔ la be, “Lé seawo me ɖe asi, eye ànyi agbe mavɔ dome.” Ðikekemanɔmee la, dukɔ si zɔna ɖe Mawu ƒe sededewo nu eye wònɔa agbe ɖe wo nu la, kpɔa yayra geɖe le goawo katã me.

Ŋugbledede le sea ŋu ʋuʋua míaƒe dada eye wòtsɔa nya ɖe míaƒe mawuvɔvɔ̃ ŋu. Se la menye mɔfianu dzro aɖe ko o ke boŋ eƒe taɖodzinue nye be míatsɔ mía ɖokui ana Mawu bliboe eye míaɖe mía ɖokui ɖa tso nuvɔ̃ gbɔ keŋkeŋ. Aƒetɔ la gblɔ zi geɖe be, “Minɔ kɔkɔe abe alesi nye hã mele kɔkɔe ene.” Mawu ƒe dzi medzea eme le mawuvɔvɔ̃ alo dzɔdzɔme mawusubɔsubɔ abe alesi subɔsubɔha bubuwo ɖenɛ fiana ene o. Ke boŋ Edi be yeatrɔ mí keŋkeŋ tso míaƒe aglãdzegbɔgbɔ me ava zu ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Yesu de se na mí be: "Mide blibo abe alesi mia Fofo si le Dziƒo la de blibo ene!" Egblɔ na mí be míalɔ̃ míaƒe futɔwo eye míakpɔ nublanui na ame dahewo, abe alesi Dziƒofofo hã kpɔ nublanui na mí ene.


13.4 - Ðe Sea hea míaƒe Tsɔtsrɔ̃ vɛa?

Ne ame aɖe se Mawu kɔkɔe la ƒe nudidiwo gɔme eye wòdze agbagba be yeaɖo to wo nuteƒewɔwɔtɔe la, ate ŋu aʋuʋu ahabia be, "Ame kuku kae ate ŋu alɔ̃ abe alesi Mawu lɔ̃e ene? Amekae le kɔkɔe abe alesi Mawu le kɔkɔe ene?" Se la ɖea míaƒe nya ɣaɣlawo katã fiana; etsɔa kɔkɔenyenye ƒe ahuhɔ̃e alo kɔkɔenyenye aƒuƒui la dana ɖe míaƒe mo eye wòɖea míaƒe nuvɔ̃wɔwɔ fiana. Sea hea to na nuvɔ̃wɔla siwo ƒe dzi dze eme eye wòɖea wo tso woƒe kuviawɔwɔ me. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hea tohehe mavɔ vɛ na amesiame. “Elabe ame sia ame si wɔ seawo katã dzi, evɔ wòheda ɖeka pɛ dzi la, ezu wo katã dzi dala.” (Yakobo 2:10).

Ne míelé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu le Se Ewoawo ƒe kekeli nu la, míeva nya míaƒe legbawo, gãwo alo suewo. Míebua ɣeyiɣi siwo katã míegblɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ vodadatɔe eye míeƒo ɖi Sabat la ŋu. Míekpɔe dze sii be ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si Mawu tso afia na mí be míaku mavɔ. To mía ɖokui dzidzeme kple Kristo ƒe dzadzɛnyenye me la, wogbãa mí eye míeva ƒoa nya ta be sea ƒe taɖodzinue nye amegbetɔwo katã ƒe tsɔtsrɔ̃ mamlɛtɔ.

Sea ɖe míaƒe ɖiƒoƒo fiana be wòakplɔ mí ayi dzimetɔtrɔ yeyee ɣesiaɣi. Egbãa míaƒe dada. Míedzea klo le ʋuʋu me le Mawu kɔkɔe la ŋkume, eye míenyae be womenɔ te ɖe míaƒe alakpanuwɔwɔ ƒe dzɔdzɔenyenye dzi drɔ̃ ʋɔnu mí o ke boŋ wotsɔe ke mí le Eƒe dɔmetɔtrɔ gã la ta. Míate ŋu ase gɔmesese gbãtɔ si le sea ŋu gɔme ahaxɔe ase elabena, abe Kristotɔwo ene la, míeganɔa agbe le sea te o ke boŋ le Yesu ƒe amenuveve te!

Yesu yi Yohanes mawutsilenamela gbɔ eye eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo nye amesiwo ʋu woƒe nuvɔ̃wo me eye woxɔ nyɔnyrɔ le Yordan-tɔsisia me. Metia wo tso amesiwo gblɔna be yewowɔa se dzi heƒoa adegbe le woƒe mawuvɔvɔ̃ ta la dome o. Etia amesiwo ʋu woƒe nuvɔ̃wo me gaglãa hedze agbagba be yewoaƒo asa na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la. Wotrɔ dzime anukwaretɔe, tsɔ woƒe nɔnɔme xoxoa ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe tsia me. Esi Yesu kpɔ woƒe nɔnɔme si me gblẽ la dze sii vɔ la, ate ŋu ado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me eye wòaɖe wo tso sea ƒe fɔbubu me. Ekplɔ wo yi Galilea towo dzi eye wòɖe mɔ na wo be woanɔ agbe le dzidzɔ me le hadede me kpli eyama. Sea wu eƒe dɔa nu. Fifia Sewɔla la ŋutɔ ate ŋu ava ɖe amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ ɖa. Kafu Yesu be ewɔ ɖe sea ƒe nudidiwo katã dzi. Mawu li kpli mí. Ame deblibo la va ɖo ame madeblibowo gbɔ. Ʋɔnudrɔ̃la la zu nuvɔ̃wɔlawo ƒe Ðela.


13.5 - Se si Yesu va eme

Nukae Yesu wɔ kple Mose ƒe Sea? Ewɔe keŋkeŋ abe alesi ame bubu aɖeke mate ŋui o ene. Eyi edzi bɔbɔ eɖokui eye eƒe dzi dze eme. Meɖe mɔ ga ɖu Edzi o. Etsɔ ŋutikɔkɔe na Fofoa ɣesiaɣi. Yesu yɔ Fofo la ƒe ŋkɔ kɔkɔtɔ kekeake zi gbɔ zi 187 le Nyanyuigbalẽa me. Fofo la koe nye Eƒe agbe ƒe titina. Fofo la kple Vi la ƒe lɔlɔ̃ dzena le ɖekawɔwɔ me abe alesi Yesu ɖo kpe edzi ene be: "Nye kple Fofo la míenye ɖeka. Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me." Fofo la ƒe lɔlɔ̃ kple kɔkɔenyenye le Yesu me si gblɔ be, "Amesi kpɔm la, ekpɔ Fofo la."

Yesu lɔ̃ dadaa eye wòɖo toe ɣesiaɣi si wònɔ egbɔ. Quran ɖo kpe esia dzi le Surah Maryam 19:32.

Yesu lɔ̃ Eƒe futɔwo eye megblɔa ameŋugblẽnyawo ɖe wo ŋu o. Egblɔ nyateƒea na wo kɔte. Meɖe srɔ̃ abe David alo Muhammad ene o. Eɖu nu kple nuvɔ̃wɔlawo kple nudzɔlawo eye wòkplɔ wo va dzimetɔtrɔ gbɔ. Sɔ gã aɖeke menɔ esi o eye eva hiã be wòabia exɔlɔ̃ aɖe be wòado kposɔ na ye hena eƒe gege ɖe Yerusalem aʋadziɖuɖutɔe. Enɔ agbe dzadzɛ, kɔkɔe le nya kple nuwɔna me. Alakpa aɖeke kple dzodzro aɖeke megblẽ Yesu ƒe kɔkɔenyenye kple blibodede me kpɔ o. Ekpɔtɔ nɔ dzadzɛ. Elɔ̃ Eƒe futɔwo kple amewo katã, elabena ewɔ eɖokui ame. Enya be yeatsɔ yeƒe agbe ana tafe alo fetu na ame geɖewo. Eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ku na nuvɔ̃wɔlawo katã fia se la ƒe emevava mamlɛtɔ: "Lɔlɔ̃ deto meli wu be ame natsɔ eƒe agbe ake ɖe xɔlɔ̃a ta o." (Yohanes 15:13).

Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wodzi Yesu le ale be wòate ŋu awɔ sea ƒe nudidiwo ɖe mía ta. Elɔ̃ be yeaku abe Mawu ƒe Alẽvi kɔkɔe ene. Eɖe xexeame ƒe nuvɔ̃wo keŋkeŋ ɖa. Yesu va zu se la nuwula abe alesi Paulo ŋlɔe ene be: "Elabe Kristo ye va xɔ ŋusẽ le se la si, bene ame sia ame si xɔ se ko la, woabui ame dzɔdzɔe" (Romatɔwo 10:4). Se la megatsoa ame siwo woɖe to Eƒe ku me la nu o, elabena woɖe asi le wo ŋu tso sea ƒe zitɔtɔ me. Woku kplii le se la nu. Fifia, ne Vi la na ablɔɖe ame aɖe la, evo vavã eye Mawu kɔkɔe la ƒe dziku meganɔa edzi o. Edze eyomedzelawo le dzɔdzɔe xoxo eye woatsi tre ŋukpe manɔmee le Ʋɔnudɔdrɔ̃ Mamlɛa me. Kristo to vɔsa ɖeka dzi na Eƒe ame kɔkɔewo de blibo.

Ame siwo gbe Kristo la atsi tre ɖe eŋkume le ʋɔnudrɔ̃gbe la agblɔ na towo kple agakpewo be: “Mimu dze mía dzi, ne miaɣla mí tso ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la ŋkume kple Alẽvi la ƒe dziku nu!” (Nyaɖeɖefia 6:16; Luka 23:30). Ne womelɔ̃ be Mawu ƒe Alẽvi la nabu yewo ame dzɔdzɔewo o la, wotsia se la te eye le esia ta woatsɔ se la adrɔ̃ ʋɔnu wo.

Muhammad gɔ̃ hã meka ɖe edzi be yeayi dziƒo kple ye yomedzelawo o. Ese Allah ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ la eye wòʋu eme kɔte be ele be Moslemtɔ ɖesiaɖe nazã ɣeyiɣi aɖe le dzomavɔ ƒe dzobibi me, le eƒe dɔ nyuiwo nu (Sura Maryam 19:71). Mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖeke mele Moslemtɔ si be yeakpɔ ɖeɖe o elabena eƒe mɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe Islamtɔwo ƒe se dzi eye ame aɖeke mate ŋu alé eme ɖe asi bliboe o. Yesu gblɔ be, "Amesi xɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi, ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke Mawu ƒe dziku anɔ edzi" (Yohanes 3:36).

Ke Kristotɔwo ya ɖe? Ðe wonyo wu Moslemtɔwo kple ame siwo katã bu la? Kristotɔwo ʋu woƒe nuvɔ̃wo katã me eye wove wo vevie. Wogbã le gbɔgbɔ me eye womaŋlɔ amesiwo wonye kple nusi wonye be o. Mawu Vi la ƒe ʋu ɖu woƒe dada dzi. Eya mee woxɔ agbe mavɔ.


13.6 - Kristo ƒe Se si le Mía me

Mikafu Yehowa! Ewɔ se la dzi, ekpɔ nublanui na Eƒe nusrɔ̃lawo. Eŋlɔ Mawu ƒe se la ɖe woƒe susu me eye wòtsɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de woƒe dziwo me. Esi wosɔ alea ta la, womenɔa agbe se manɔmee o, eye womekpɔtɔ nyea kluviwo le sea te hã o. Yesu tsɔ Mawu ƒe sededea de woƒe dzi me hegblɔ na wo be: "Mede se yeye mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Ale si melɔ̃ mii la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Ne mielɔ̃ mia nɔewo la, amewo katã ato esia me adze sii be nye nusrɔ̃lawo mienye." (Yohanes 13:34-35). Sedede ƒo nu tso se ewoawo ŋu eye wòna wòte ŋu awɔ wo dzi. Paulo ŋlɔ ɖe Romatɔwo 13:10 be, " Ame si lɔ̃ ehavi la, eyae wɔ seawo katã dzi. " Lɔlɔ̃ megblẽa nu le havi ŋu o, eyata lɔlɔ̃ enye se la me vava blibo.

Yesu de se ɖeka eƒe nusrɔ̃lawo kple gbɔgbɔmeŋusẽ be woawɔ ɖe se ma dzi. Eya ta naneke menɔ nusrɔ̃lawo si woavɔ̃ o. Paulo, si nye Torah ŋuti nunyala, ɖe nyateƒe sia ɖe go be: "Elabe Gbɔgbɔ ƒe se, si naa agbe le Kristo Yesu me la, ɖem tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si me." (Romatɔwo 8:2). Mawu ƒe Gbɔgbɔ la tsea mawumekutsetsewo le Yesu yomedzelawo me: lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyo, nu nyui wɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu (Galatiatɔwo 5:22). Kristo ƒe ŋusẽ dze le kekeliviwo me "Eye woyɔ kekeli ƒe kutsetse be: dɔmenyonyo, dzɔdzɔenyenye, nyateƒe" (Efesotɔwo 5:9). Kristotɔwo megabɔbɔa wo ɖokui ɖe sea te o gake womeganɔa agbe ɖe ɖoɖo nu o elabena Kristo ƒe sea gakpɔtɔ le wo me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ena ŋusẽ wo be woade bubu eŋu.


13.7 - Xɔse ƒe nuvɔ̃meʋuʋu si do ƒome kple Sea dzi wɔwɔ

Kristo ƒe lɔlɔ̃ megakplɔa Kristotɔwo be woanɔ agbe na wo ɖokui o, ke boŋ woɖea Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye afia amewo katã faa. Nuƒoƒo tso Yesu ŋu na amewo, le lɔlɔ̃ kple subɔsubɔdɔ me, nye Yesu ƒe lɔlɔ̃ ƒe dzesi gbãtɔ siwo le mía me la dometɔ ɖeka. Eƒe nusrɔ̃lawo yi xexeame katã nɔ gbeƒã ɖem se la me vava to nyanyui la dzi. Sea ɖo kpe amegbetɔ ƒe fɔɖiɖi si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple fɔbubu dzi esime Nyanyui la tsɔ Yesu ɖo mía ŋkume abe Ðela ɖeka koli ene. Nyanyui la ka ɖe edzi na mí be Yesu ƒe amenuveve ɖe mí tso se la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me xoxo. Yesu wɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe didiwo katã ɖe mía ta eye wòna eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye mí le eƒe dɔmetɔtrɔ si seɖoƒe meli na o la ta. Eyata míate ŋu ayi amesiwo bu kple amesiwo mɔkpɔkpɔ bu ɖee gbɔ eye míatsɔ amenuveve ana mɔkpɔkpɔ mavɔ wo. Míetena ɖe Moslemtɔwo kpakple Yudatɔwo hã ŋu hedea dzi ƒo na wo be: "Migase veve o, elabena Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔe nye miaƒe ŋusẽ!" (Nexemya 8:10). Se egɔme eye nàxɔe ase be ɖeɖekpɔkpɔ hã li na wò! Ðeko nàxɔe! Màgatsi dzimaɖi abe amesiwo le agbe le se ƒe fiƒode te ene o. Ŋusẽ aɖeke mele dzomavɔ si ɖe ame aɖeke si xɔ Kristo dzi se la dzi o. Yesu tsɔ fiƒode kple nutsotso ɖe sia ɖe, kple Mawu ƒe dziku gɔ̃ hã ɖe eɖokui dzi. "Yehowa enye míaƒe dzɔdzɔenyenye" (Yeremya 23:6). Va Egbɔ! Xɔ Eyama dzi se! Wɔ ɖeka kpli Eyama! Eyae nye se si zu ŋutilã. Eƒe ʋu kɔ mí ŋu tso nuvɔ̃wo katã me. Ena eƒe lɔlɔ̃ yeye mí eye wòna eƒe ŋusẽ mí be míalɔ̃ Mawu Fofo la kple amewo katã sɔsɔe. "Eyata lɔlɔ̃ enye se la ƒe emevava blibo" (Romatɔwo 13:10).


13.8 - BIABIA ƑE ƑOMEDODO - BIABIA ƑE NYAGBLƆÐI

Nuxlẽla Lɔlɔ̃tɔ:
Ne èxlẽ agbalẽ sia nyuie la, àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu bɔbɔe. Adzɔ dzi na mí be míaɖo míaƒe agbalẽ bubu ɖe wò be wòanye fetu ɖe wò veviedodonu ta. Taflatse kpɔ egbɔ be yeŋlɔ yeƒe ŋkɔ bliboa kple yeƒe posu adrɛs na mí eye yetsɔe kpe ɖe yeƒe ŋuɖoɖowo ŋu.

  1. Ŋlɔ Se Ewoawo kple wo me nyawo le Biblia me ɖi.
  2. Nukatae Kristotɔwo dea bubu Se Ewoawo ŋu hewɔna ɖe wo dzi?
  3. Nukae nye Mawu ƒe ɖeɖefia ƒe gɔmesese si de to wu: "Nyee nye Yehowa, wò Mawu"?
  4. Ðe gɔmesese vovovo siwo le Allah kple Elohim ŋu me?
  5. Nubabla Yeyea me nudzɔdzɔ ka ŋue Israel-viwo ƒe dzodzo le kluvinyenye ƒe aƒea me ku ɖo?
  6. Ðe nya sia me be: "Se Ewoawo nye ametakpɔnu na amesiwo woɖe asi le to amenuveve me."
  7. Yɔ míaƒe egbegbe hadomegbenɔnɔ ƒe legba aɖewo.
  8. Nukae Nubabla Xoxoa gblɔ tso Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ɖekawɔwɔ ŋu?
  9. Quran ƒe kpukpui kawoe ƒo nu tso Kristo ƒe mawunyenye ŋu?
  10. Aleke Kristo ƒe nɔnɔme ate ŋu adze le Eƒe nusrɔ̃lawo me?
  11. Ame geɖewo yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ dzodzro. Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.
  12. Gbedodoɖa ka ƒomevie woate ŋu ake ɖi?
  13. Yayra kae míate ŋu axɔ ne míelé Aƒetɔ la ƒe Ŋkekea dzi?
  14. Mɔ nyui kawo dzie míato aɖu Aƒetɔ ƒe Ŋkeke la abe Kristotɔwo ene?
  15. Nukatae Kristotɔwo tsɔ ŋkeke mamlɛa ɖɔ li kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ? Aleke tɔtrɔ vevi sia le se nu?
  16. Yayra kae ƒe ŋugbe wodo na amesi dea bubu edzilawo ŋu?
  17. Aleke wohe to na ɖevi si ƒo fi de edzilawo le Nubabla Xoxoa me?
  18. Nukae nàwɔ ne dziwòlawo tsi tre ɖe Yesu ƒe nyanyuia ŋu?
  19. Nukae nye nuvlowɔwɔ gbãtɔ si wowɔ le xexeame? Nuka gbɔe wòtso?
  20. Ame kae le abe amewula ene le Yesu ŋkume?
  21. Agbanɔamedzi kae le asrafo dzi le se adelia nu?
  22. Aleke míawɔ anɔ dzadzɛ tso ahasiwɔwɔ ƒe nuvɔ̃a me?
  23. Mɔnukpɔkpɔ kawoe le srɔ̃ɖeɖe me le Nubabla Yeyea ƒe kekeli nu?
  24. Nukatae Dawid do gbe ɖa be, "Mawu, wɔ dzi yeye ɖe menye"?
  25. Yɔ egbegbe fififi ƒomevi geɖe.
  26. Nukae Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Yerusalem wɔ kple woƒe ga? Nukae apostolo Paulo wɔ emegbe tsɔ fa akɔ na wo?
  27. Atike kae apostolo Paulo do ɖa be woatsɔ ada fififi?
  28. Yɔ Yakobo ƒe kpɔɖeŋu tuameɖo etɔ̃awo be nàƒo asa na alakpa ɖaseɖiɖi.
  29. Nukatae mele be míadrɔ̃ ʋɔnu ame kaba kaba o?
  30. Aleke míawɔ aƒo asa na ŋukeklẽ ƒe nuvɔ̃ le boblododowo ƒe tsiɖɔɖɔ me?
  31. Aleke míawɔ axɔ dzi kple susu yeye ma hã?
  32. Aleke míaƒo se ewoawo nu ƒu kpuie?
  33. Aleke míate ŋu alɔ̃ Mawu tso dzi blibo me eye míalɔ̃ ame bubuwo abe mía ɖokui ene?
  34. Nukatae míeganɔa agbe le se la te o ke boŋ le Yesu ƒe amenuveve te?

Ne èɖo biabiaawo katã ŋu vɔ la, ɖo wò ŋuɖoɖowo ɖe adrɛs si gbɔna sia dzi:

Waters of Life
P.O.Box 600 513
70305 Stuttgart
Germany

Internet: www.waters-of-life.net
Internet: www.waters-of-life.org
e-mail: info@waters-of-life.net

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 10, 2025, at 06:27 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)