Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- Acts - 014 (Peter’s Sermon at Pentecost)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Azeri -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Igbo -- Indonesian -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Uzbek -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

DƆWƆWƆWO - Le Kristo ƒe ameha si ɖu dzi la me
Apostoloawo ƒe Dɔwɔwɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃ le Luka ƒe nya nu
AKPA I - Yesu Kristo ƒe Hamea ƒe gɔmeɖoanyi . le Yerusalem, Yudea, Samaria . kple Syria . Le Apostolo Kpe si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔ la ƒe mɔfiafia te . (Dɔwɔwɔwo 1 - 12)
A - Hame Gbãtɔa Ƒe Dodo Kplee Tsitsi Le Yerusalem (Dɔwɔwɔwo 1-7)

6. Petro ƒe mawunya le Pentekoste ŋkekea dzi (Dɔwɔwɔwo 2:14-36 )


DƆWƆWƆWO 2:33-36
33 Esi wodoe ɖe dzi wòyi ɖale Mawu ƒe ɖusime la, exɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe Tɔ́ la do nɛ la. Esiae wòkɔ ɖe mía dzi, abe ale si miele ekpɔm hele esemee la ene. 34 Togbɔ be David ŋutɔ meyi dziƒo o hã la, egblɔ ɖi be: ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ la be: Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, 35 va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woanye wò afɔɖodzinu.’ 36 “Eya ta azɔ la, mi Israeltɔwo katã, mele egblɔm na mi, ne mianya kɔtɛe be Yesu, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu lae Mawu va ɖo wòzu Aƒetɔ kple Kristo.”

Le ŋgɔdonya didi aɖe kple ɖeɖekpɔkpɔ ƒe gɔmeɖoanyiwo ɖɔɖɔ megbe la, eɖe ƒomedodo si le Kristo si wodɔ tso Mawu gbɔ eye woklãe ɖe ati ŋu hefɔe ɖe tsitre, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kɔklɔ le go kemɛ dzi la fia eƒe nyaselawo mlɔeba. Eɖe eme be yeƒe vava kple ku kpakple tsitretsitsi hiã na ɣeyiɣi yeyea ƒe vava, elabena atitsoga kple tsitretsitsi manɔmee la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meva o.

Wokɔ Yesu yi Fofo la ƒe nuɖusi me le ɖekawɔwɔ blibo me kplii, eye Mawu kɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe kɔklɔ gã aɖe ɖe Kristo si Yudatɔwo gbe eye wogbe la dzi, eye wotsɔ ŋusẽ katã nɛ le dziƒo kple anyigba dzi, eye wòtsɔ Mawu ƒe ŋugbedodo ƒe emevava, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kɔklɔ ɖe xɔsetɔwo dzi la de Eƒe asiwo me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava elabena Kristo dzra mía kple Mawu dome ɖo le atitsoga la dzi, eye abe nunɔlawo ene la, eɖea kuku ɖe mía ta kple Fofo la; nyateƒee, Kristo ƒe kukuɖeɖee nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kɔklɔ.

Nyateƒee, ame aɖeke mete ɖe Mawu ŋu eye woɖoe anyi ɖe amenuvevezikpui dzi wu Yesu Nazarettɔ o, ke hã, nyagblɔɖilawo kple fiawo kple subɔsubɔhawo ɖolawo katã ku eye woɖi wo alo le dziƒo ƒe akpa mamlɛa me la, yɔdo siwo le dziƒo do me, abe Abraham, Mose kple Eliya ene; negbe Kristo ɖeka si te ɖe Mawu ŋu eye wòwɔ ɖeka kplii le esi eya ŋutɔ nye Mawu ta ko la, enɔa Fofoa me eye Fofoa nɔa eme tegbee. Dawid kpɔ ɖekawɔwɔ sia si le Fofo la kple Vi la dome la zi eve-lia le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋutega me, eye wòɖo to dzeɖoɖo si nɔ Mawu kple eƒe Kristo dome, eye wòse nya si Fofo la gblɔ na via esime wòva ɖo egbɔ le eƒe dziƒoyiyi megbe, eye ma-wudɔlawo katã ƒe kafukafuwo ƒo xlãe, hele gbɔgblɔm nɛ bena: Nɔ anyi azɔ eye nàgbɔ ɖe eme, elabena èwɔ wò subɔsubɔdɔa le wò amegbetɔ ƒe fukpekpewo me . Èwu gbedonamea nu. Fi-fia mele dɔ wɔm kple nye Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ame si wɔa miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ame sia ame si biaa nu anukwaretɔe la me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ame madzɔmadzɔwo.

Tso esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va xexeame la, ʋɔnudɔdrɔ̃ dze amegbetɔwo dzi. Petro, si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔe la, gblɔ le Yudatɔwo ŋkume be: Mawu tsɔ mi wɔ Kristo ƒe afɔɖodzinu ne mietrɔ dzime eye miexɔ amesi woklã ɖe ati ŋu dzi se eye miexɔ Mawu ƒe Vi la kple aɖatsi o. Wogblɔ nya dziŋɔ sia na amewo katã le xexeame ƒe anyigbagãwo katã dzi sɔsɔe, kple woƒe dunyahehawo kple subɔsubɔhawo katã. Eya ta ame sia ame si mexɔ Vi la o la, azu lã le eƒe afɔ te, eye woablae tegbee.

Ale Petro ɖee fia eƒe amewo be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la li tso Pen-tekoste dzi tsitretsiɖeŋu aɖeke manɔmee le xexeame katã, ela-bena Yesu ɖe nutsyɔnu kple gli si le mía kple Mawu dome la ɖa; Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe ya sesẽ la ƒona, eye ɖeɖekpɔkpɔ dzena le xɔsetɔwo me.

Nublanuitɔe la, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ mete ŋu va Yudatɔ akpa gãtɔ dzi o, elabena nuvɔ̃ aɖe nɔ anyi si Nubabla Xoxoa me tɔwo mekpɔ dze sii o: Kristo wuwu kple eƒe gbegbe le ku meg-be gɔ̃ hã. Le esia ta, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ʋã nuƒola la be wòaka asi wo ŋu na ame siwo le agbe, eye wògblɔ be: Yesu Naza-retetɔ ɖekakpui lae nye Aƒetɔ Mawu ŋutɔ. Ame si wokplɔ yi Mawu ƒe nuɖusi me lae nye Mawu vavã la ƒe Mawu vavã, Kristo, Mawu ƒe amesiamina, si nèhe ɖe ati ŋu. Apostolo siwo mevɔ̃na o la tsɔ nya siawo gblɔ na Yudatɔwo be yewodo kpo taɖodzinu si le yewoƒe ŋutinya me la gbɔ ɖoɖo, eye yewogblẽ gɔmesese si le nubabla si wowɔ kple Mawu ŋu la dome. Eka asi ame bliboa ŋu na amesiwo le agbe, menye ame ɖekaɖekawo ɖeɖeko o, eye medrɔ̃ ʋɔnu wo le amegbetɔ ƒe mɔ nu o, ke boŋ abe ʋɔnudrɔ̃la mavɔ si ka dzitsinya na amesiwo le agbe ene.

Le Petro ƒe nuƒoƒo ƒe gɔmedzedze la, Yudatɔ aɖewo nɔ anyi siwo ɖu fewu le nusrɔ̃lawo ŋu, wotso wo nu be womu aha, ela-bena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo fũ kple eƒe dzidzɔ, ekema, Petro ɖe nudzɔdzɔ sia ƒe nyateƒenyenye me na wo, menye to nyagbɔgblɔ me o, ke boŋ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me eye wòɖe amesi nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le wo me kple afisi wòtso, kple susu si ta wòva le anyinɔnɔ me hã me ful kple mɔ mamlɛtɔ si dzi Kristo wuwu nye dukɔa ƒe fɔɖiɖi. Tso mɔfiame sia me la míekpɔe be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la melɔ̃na ɖe nugblẽfexexe aɖeke dzi gbeɖe o, womeɖe mɔ nɛ be wòatsɔ alakpanyawo asɔ kple nyateƒe le míaƒe agbenɔnɔ me o. Egbea ebu fɔ wò to-maɖomaɖo eye wògblẽ wò dada me. Ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo o.

GBEDODOƉA: Fofo, míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, eye míekpɔ gome le Viwò la hehe ɖe ati ŋu to míaƒe lɔlɔ̃ makɔmakɔ me. Metsɔ nye nuvɔ̃wo klã eƒe asiwo. Tsɔ nye nuvɔ̃ ke eye nàkɔm kple wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ale be magbe nuvɔ̃wo katã eye nye-mage ɖe tetekpɔ me o, ke boŋ malɔ̃ ɖe Yesu Kristo dzi be enye Aƒetɔ kple Ðela eye mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le lɔlɔ̃ me. Aƒetɔ, bu fɔ dzi sesẽwo katã be woatrɔ dzime eye woagbã eye woatrɔ ava gbɔwò. Amen.

NYABIASE:

  1. Nu ka tae Yesu lia yi dziƒo?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on June 04, 2026, at 02:19 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)