Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 015 (Testimonies of the Baptist to Christ)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
B - Kristo Kplɔ Eƒe Nusrɔ̃lawo Tso Dzimetɔtrɔ Me Vaseðe Srɔ̃ðeðe Ƒe Dzidzedze Me (Yohanes 1:19 - 2:12)

2. Mawutsilenamela la ƒe ɖaseɖiɖi siwo ʋãa ame wu tso Kristo ŋu (Yohanes 1:29-34)


YOHANES 1:31-34
31 Nye ŋutɔ hã nyemedze si ame sia o, gake meva hele mawutsi lem na amewo kple tsi bene woaɖe eyama afia Israel-dukɔ la.” 32 Yohanes gblɔ le eŋuti be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la wòle abe ahɔnɛ ene ɖiɖi tso dziƒo va nɔ edzi. 33 Nye la nyemedze sii o; ke ame si dɔm ɖa be male mawutsi na amewo kple tsi la gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nàkpɔ Gbɔgbɔ la wòaɖi ɖo, ahanɔ edzi la, eyae nye ame si ale tsi na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’ 34 Azɔ nye la, mekpɔe, eya ta mele egblɔm na mi be ame siae nye Mawu Vi la.”

Mawu yɔ Mawutsilenamela si xɔ ƒe 30 la be wòadzra Kristo ƒe mɔ ɖo eye wòana amewo nanyae. Esia va eme to nyɔnyrɔxɔxɔ, si trɔ dzimetrɔlawo wozu ame siwo le klalo be yewoaxɔ Kristo. Mawu do ŋugbe na Mawutsilenamela la be yeafia nusi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖiɖi ɖe Kristo dzi lae. Gbɔgbɔ la nɔ Yesu dzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Gbɔgbɔ ʋã Nubabla Xoxoa me nyagblɔɖilawo hena ɣeyiɣi aɖe, gake Gbɔgbɔ yɔ Kristo me fũ tegbee. Abe tsidzɔƒe mavɔ ene la, Gbɔgbɔ la atsɔ Mawu ƒe ŋusẽ ayɔ xɔsetɔwo me fũ.

Yesu kple Yohanes tsi tre ɖe wo nɔewo xa le Yordan-tɔsisia to; dziƒowo ʋu emegbe, eye Yohanes kpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ahɔnɔe ɣi ƒe nɔnɔme me, le dziŋgɔli blɔ me – ŋutifafa kple tufafa ƒe dzesi.

Gbɔgbɔ sia meɖi ɖe Mawutsilenamela la dzi o, alo dzimetrɔlawo dzi o, ke boŋ ɖe Yesu dzi tẽ, si nye kpeɖodzi nyui aɖe na Mawutsilenamela la be ɖekakpui Nazaretetɔ la lolo wu nyagblɔɖilawo kple nuwɔwɔwo katã. Mawutsilenamela la nya be Mawu le tsitre ɖe ye ŋkume, Mavɔmavɔtɔ si wokpɔ mɔ na.

Kafukafu kple dzidzɔ yɔ Baptist la me godoo, abe esime Maria yi ɖasrã tɔɖiayɔvi Elizabet kpɔ ene. Yohanes nɔ dadaa ƒe dɔme ɣemaɣi eye dzidzɔ do dzidzɔ nɛ ŋutɔ (Luka 1:36-45).

Mawutsilenamela la de dzesi Kristo be eyae nye Gbɔgbɔ la nala. Metsɔ nusi ŋu woke ɖo sia ɖo ɖe eɖokui o eye wòɖe gbeƒãe le dutoƒo, henɔ ɣli dom be: “Aƒetɔ la va; ele afima, menye be yeadrɔ̃ ʋɔnu o, ke boŋ be yeaɖe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo afia. Menye ame tsɛ aɖee wònye o, ke boŋ Mawu ƒe Vi si Gbɔgbɔ yɔ fũu lae. Amesiame si de dzesii be Yesu nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la, eʋua eme le ɣeyiɣi ma ke me be yenye Mawu ƒe Vi. Eto esia me ɖe tameɖoɖo si le Kristo ƒe vava ŋu me: be wòatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ade mawutsi ta na dzimetrɔlawo. Mawu nye Gbɔgbɔ, Via nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ si wowɔ ŋutilã. Edzɔa dzi nɛ be wòatsɔ Mawu ƒe nu ŋutɔŋutɔ sia ayɔ eƒe nusrɔ̃lawo me fũ: Mawue nye lɔlɔ̃.

Nɔvi lɔlɔ̃tɔ, ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wò fũa? Èkpɔ Kristo ƒe ŋusẽ le wò agbe me kpɔa? Mawu ƒe nɔnɔme sia va zua tɔwò ne ènya xɔ nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to Kristo ƒe vɔsa dzixɔxɔse me ko. Ame sia ame si axɔ tsɔtsɔke sia tso Mawu ƒe Alẽvi la gbɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe fũ. Mawu Vi la le klalo be yeama yeƒe gbɔgbɔmenunanawo na xɔsetɔ ɖesiaɖe.

GBEDODOÐA: Mawu Vi, míedea ta agu na wò hele kafum wò. Èbɔbɔ ɖokuiwò ɖe mía ta, eye nètsɔ míaƒe nuvɔ̃wo. Míeda akpe na wò ɖe tsɔtsɔke si nètsɔ na mí to wò ʋu kɔkɔ ɖe atitsoga la dzi ta. Míeda akpe na wò hã ɖe wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si wòkɔ ɖe mía kple amesiwo katã lɔ̃ wò dzi la ta. Nyɔ amesiwo katã dɔ alɔ̃ le woƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo me. Wɔ wo yeyee eye nàtsɔ wò nyateƒea ayɔ wo me fũ.

BIABIA:

  1. Nukatae Yesu va zu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nala?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 04:39 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)