Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 001 (Introduction)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu

YOHANES ƑE NYANYUI LA ƑE ŊGƆDONYA


Kristo yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woanye yeƒe ɖasefowo. Menye eya ŋutɔe ŋlɔ eƒe agbemeŋutinya o. Eye meɖo lɛta aɖeke ɖe hameawo kpɔ o. Gake eƒe amenyenye wɔ dɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi me eye eye wotsɔa ŋutikɔkɔe na Aƒetɔ Yesu Kristo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe mɔfiafia me. Wokpɔ ŋutikɔkɔe si le abe Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe tɔxɛ ene, si yɔ fũ kple amenuveve kple nyateƒe le eƒe lɔlɔ̃, eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi me. Togbɔ be nyanyuigblɔla Mateo, Marko kple Luka ɖe Yesu ƒe nyawo kple nuwɔnawo me, kple Mawu ƒe fiaɖuƒe si nye eƒe vava ƒe taɖodzinu hã la, Yohanes ɖe Yesu ƒe amenyenye kplikplikpli kple eƒe lɔlɔ̃ kɔkɔe la fia mí. Esia tae wobua Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa be enye nyanyui vevitɔ, si nye Biblia Kɔkɔe la ƒe agbalẽwo katã ƒe fiakuku.

Amekae ŋlɔ Nya Nyui Gbalẽ sia?

Le ƒe alafa evelia me la, sɔlemeha la fofowo de dzesii be Yohanes, Yesu ƒe nusrɔ̃la, ye ŋlɔ agbalẽ tɔxɛ sia. Nyanyuigblɔla Yohanes yɔ apostolo geɖe ƒe ŋkɔwo, gake meyɔ nɔvia Yakobo alo eya ŋutɔ tɔ ƒe ŋkɔ o, elabena mebu eɖokui be yedze be woayɔ ye le ɣeyiɣi ɖeka me kple eƒe Aƒetɔ kple Ðela o. Ke hã, Irenaeus, si nye bisiɔp le Lyon le France, ɖe gbeƒãe be Yohanes, Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃la, amesi mlɔ eƒe akɔnu le nuɖuɖu mamlɛtɔ me la, ye nye amesi ŋlɔ nyanyui sia vavã esime wònɔ subɔsubɔm le Efeso le ƒe dziɖuɣi Fiagã Trajan tso ƒe 98 va ɖo ƒe 117 le Yesu Kristo megbe.

Ðeklemiɖela aɖewo susui be menye Yohanes Yesu ƒe nusrɔ̃la si kpe ɖe ŋu lae ŋlɔ nyanyuigbalẽ sia o. Ke boŋ apostolo Yohanes ƒe nusrɔ̃la si nye Efeso hamea ƒe hamemegãwo dometɔ ɖeka, ŋlɔ nyanyui sia le apostolo Yohanes ƒe ku megbe. Ðeklemiɖela siawo nye drɔ̃ekulawo. Womenya nyateƒe Gbɔgbɔ si medaa alakpa o, elabena apostolo Yohanes tsɔ eɖokui de kpeɖodzinyawo me esi wògblɔ be, "eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe." Le nyateƒe me la, enye ame siwo kpɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ, ku kple tsitretsitsi teƒe la dometɔ ɖeka. Yohanes xɔlɔ̃woe ƒo eƒe nyanyui la nu gblɔ be : “ Nusrɔ̃la siae le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti eye eyae nye ame si ŋlɔ wo da ɖi hã. Ale míenya be nu siwo ŋuti wòɖi ɖase le la nye nyateƒe. ” (Yohanes 21:24). Wohe susu yi Yohanes ƒe nɔnɔme siwo na wòto vovo tso apostolo bubuawo gbɔ, si nye be Yesu lɔ̃e eye wòna wògbɔ ɖe eme le eƒe akɔnu le nuɖuɖu kɔkɔe gbãtɔa me. Yohanes koe tsɔ dzideƒo bia Yesu alakpatɔ la ƒe ŋkɔ be: “Aƒetɔ, amekae? (amekae ade wò asi?)” (Yohanes 13:25).`

Yohanes, Zebedeo kple Salome vi, nye ɖekakpui esime Yesu yɔe be wòadze eyome. Eyae nye ɖevitɔ le apostolo wuieveawo dome. Enye tɔƒodela si nɔ eƒe ƒomea gbɔ le Betsaida le Tiberia-tɔ la to. E kple Petro, Andrea, nɔviaŋutsu Jakobo, Filipo kple Nataniel, woɖi to Yordan Bali me be yewoado go Yohanes Mawutsilenamela si nɔ gbefã ɖem be woatrɔ dzime. Yohanes bia tsɔtsɔke eye wòxɔ nyɔnyrɔ le Yordan-tɔsisia me. Ðewohĩ enye nunɔlagã Xana ƒe ƒomea me tɔ, elabena enyae eye gome le esi be wòage ɖe fiasãa me. Eyata enɔ kplikplikpli kple nunɔlawo ƒe ƒome aɖe. Esia na wòte ŋu ƒo nu tso nusiwo nyanyuigblɔla bubuawo megblɔ o ŋu le eƒe nyanyuigbalẽa me, abe nusi Mawutsilenamela la gblɔ tso Yesu ŋu ene, si nye be enye Mawu ƒe Alẽvi si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa. Eyata apostolo Yohanes, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzodeame me, nye nusrɔ̃la si kpɔ eƒe Aƒetɔ Yesu dze sii nyuie wu le eƒe lɔlɔ̃ me.

Ƒomedodo si le Yohanes kple nyanyuigblɔla etɔ̃ mamlɛawo dome

Kaka Yohanes naŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa la, woŋlɔ Nyanyuigbalẽ siwo le Mateo, Marko kple Luka ƒe nya nu xoxo eye wonya wo le Sɔlemeha la me hena ɣeyiɣi aɖe. Nyanyuigblɔla etɔ̃awo nɔ te ɖe Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔ aɖe si me Mateo ƒo apostoloawo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe nyawo ŋu nu ƒu, ale be womabu o, esi ƒeawo va nɔ yiyim eye Aƒetɔ la megatrɔ gbɔ haɖe o. Anɔ eme be woŋlɔ Yesu ƒe nuwɔnawo kple nusiwo dzɔ le eƒe agbe me la ɖe nudzraɖoƒe bubu aɖe. Nyanyuigblɔlawo kpɔ egbɔ be yewoatsɔ nuŋlɔɖi siawo ayi na amewo nuteƒewɔwɔtɔe. Ɖɔkta Luka la ɖo ŋu ɖe nyatakakatsoƒe bubuwo hã ŋu tso esime wòdo go Maria, Yesu dada kple ame vovovo siwo kpɔ eteƒe.

Gake Yohanes nye dzɔtsoƒe vevi aɖe tsɔ kpe ɖe dzɔtsoƒe siwo míeyɔ do ŋgɔ. Eƒo asa na ŋutinya kple nya siwo wonya xoxo le Sɔlemeha la me gbugbɔgagblɔ, eye wòtsɔ bubuwo kpee. Togbɔ be nyanyuigbalẽ etɔ̃ gbãtɔwo ƒo nu tso Yesu ƒe nuwɔnawo ŋu le Galilea nutoa me, eye woyɔ Yesu ƒe mɔzɔzɔ ɖeka ko yi Yerusalem, esi me wòkpɔ ku le hã la, nyanyui enelia ɖee fia mí be Yesu yi Yerusalem le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, do ŋgɔ na eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Galilea. Yohanes ka ɖe edzi na mí be Yesu yi eƒe dukɔa ƒe fiadu me zi etɔ̃, afisi eƒe dukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo gbee le. Esi wotsi tre ɖe eŋu enuenu vɔ la, wotsɔe de asi be woaklãe ɖe ati ŋu. Yohanes ye na míenya Yesu ƒe subɔsubɔdɔ le Yudatɔwo dome le Yerusalem, si nye Nubabla Xoxoa me dekɔnuwo ƒe titina.

Nyanyuigblɔla enelia mete gbe ɖe Yesu ƒe nukunuwo dzi boo o, eye ade koe wòyɔ. Eyata nukae Yohanes di be yeagblɔ na mí? Egblɔ Yesu ƒe nyawo le Amesi gblɔ be, “NYE NYEE” ƒe atsyã nu. Aleae wòɖe Yesu ƒe nɔnɔme me. Nyanyuigblɔla etɔ̃ gbãtɔwo ƒe susu nɔ Yesu ƒe nuwɔnawo kple agbenɔnɔ ŋu, gake Yohanes ƒe susu nɔ Yesu ƒe amenyenye ɖeɖefia le eƒe ŋutikɔkɔe me koŋ ŋu. Gake teƒe kae Yohanes kpɔ viɖe tsoe? Afikae wòkpɔ nya siwo mele ame bubuwo me o le, eye nya kawoe Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu? Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ɖo ŋku wo dzi nɛ le Pentekoste Ŋkeke gbãtɔ megbe. Elabena Yohanes ŋutɔ ʋu eme enuenu be nusrɔ̃lawo mese Yesu ƒe nya aɖewo ƒe nyateƒenyenye gɔme o vaseɖe esime wofɔe ɖe tsitre kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔklɔ vɔ megbe hafi. Eto esia me va se nya siwo Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu eye nyagbɔgblɔ “NYE NYEE” le la gɔme emegbe. Wonye nyanyui tɔxɛ sia ƒe nɔnɔme tɔxɛ aɖe.

Yohanes yɔ nya siwo Yesu gblɔ tsɔ zã tsitretsiɖeŋunyawo hã, abe kekeli kple viviti, gbɔgbɔ kple ŋutilã, nyateƒe kple alakpa, agbe kple ku, kpakple nyagbɔgblɔ “be woanɔ ‘dziƒo kple anyime’.” Nya siawo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu mele nyanyuigbalẽ bubuawo me o kloe. Gake, le ƒe ʋee aɖewo megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nyawo dzi na Yohanes esime wònɔ nuto aɖe si le Hebritɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Nyanyuigblɔla la se egɔme be menye Semtɔwo ƒe gbe si nye Hebrigbe ƒomevi aɖe tɔ koe Yesu zã o, ke ezã Helagbe hã na dukɔwo.

Taɖodzinu kae le Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋu?

Yohanes medi be yeatsɔ Yesu afia le mɔ ŋutɔŋutɔ kple xexemenunya alo gbɔgbɔ me kple susu me nu o, gake eƒe susu nɔ eƒe ŋutilã me nɔnɔ, eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple eƒe tsikɔwuame ŋu wu ame bubuwo esime wònɔ atitsoga ŋu. Egblɔe kɔte be Yesu nye amewo katã ƒe Ðela eye menye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ o, elabena enye Mawu ƒe Alẽvi si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa. Eɖe alesi Mawu lɔ̃ amewo katãe fia mí.

Nu siwo míeyɔ fifia la kplɔ mí va nyanyui sia ƒe dzi kple titina, si nye be Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi. Eƒe mavɔmavɔ nɔnɔ dze le eƒe ɣeyiɣi aɖe ƒe anyinɔnɔ me, eƒe mawunyenye le eƒe amegbetɔnyenye me, kple eƒe ŋusẽ le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me. Eyata le Yesu me la, Mawu nɔ amegbetɔwo dome.

Menye Yohanes ƒe taɖodzinue nye be yeana woanya Yesu le xexemenunya alo nya ɣaɣla me o, ke boŋ be yeana woanya Aƒetɔ la to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi le xɔse anukwaretɔe dzi. Eyata etsɔ nya xɔŋkɔ siawo wu eƒe nyanyui la nu be: " Ke woŋlɔ esiawo ɖi be miate ŋu axɔe ase be Yesue nye Kristo, Mawu Vi la, eye ne miexɔe se la, miato eyama dzi akpɔ agbe." (Yohanes 20:31) . Xɔse gbagbe le Yesu ƒe mawunyenye me nye Yohanes ƒe nyanyui la ƒe taɖodzinu. Xɔse sia naa mawumegbenɔnɔ mavɔ kple kɔkɔe la mí.

Amekawo tae woɖo Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa?

Agbalẽ sia si yɔ fũ kple nyateƒenya siwo ku ɖe Kristo ŋu la, menye be wòagblɔ nyanyui na dzimaxɔsetɔwo o, ke boŋ be wòado ŋusẽ Hamea eye wòakpe ɖe eŋu wòatsi le Gbɔgbɔ la me. Paulo dze sɔlemehawo ɖoɖo gɔme le Anatolia esime wodee gaxɔ me le Roma. Petro yi sɔlemexɔ siawo siwo wogblẽ ɖi la me hede dzi ƒo na wo. Le Petro kple Paulo ƒe ku megbe, ɖewohĩ le Yometiti siwo nɔ Nero ƒe kpɔkplɔ te le Roma me la, Yohanes va xɔ ɖe wo teƒe eye wòva nɔ Efeso, si nye Kristotɔnyenye ƒe titina ɣemaɣi. Ekpɔ sɔlemeha vovovo siwo kaka ɖe Asia Sue la dzi. Amesiame si axlẽ eƒe lɛtawo kple Nyaɖeɖefia, si woɖe fia Yohanes ƒe ta 2 kple 3 lia ase apostolo sia si na míeke ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si va ŋutilã me le Yesu Kristo me la ƒe vɔvɔ̃ kple taɖodzinuwo gɔme. Ewɔ avu kple xexemenunya xɔsetɔ siwo ge ɖe eƒe alẽha me abe amegãxiwo ene eye wotsɔ susu ƒuƒluwo, se sesẽwo kple ablɔɖe si mele lãmesẽ me o gblẽ eƒe alẽwo me, elabena wotsɔ nyateƒe tsaka kple susu dzodzrowo.

Yohanes Mawutsilenamela ƒe nusrɔ̃lawo hã nɔ Anatolia. Wode bubu ame si yɔ ame be wòatrɔ dzime wu Yesu Ðela la. Wogakpɔtɔ nɔ Mesia si ŋugbe wodo la lalam, eye wosusui be meva haɖe o. To Yesu ƒe amenyenye ɖɔɖɔ me la, Yohanes tsi tre ɖe ƒutsotsoe vovovo siawo katã siwo gbe Kristo ŋu. Ekɔ eƒe gbe ɖe dzi tsi tre ɖe tsitretsiɖeŋu ƒe gbɔgbɔ sia ŋu esi wòɖo kpe edzi be: "Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, si le abe Vi ɖekakpui si tso Fofo la gbɔ ƒe ŋutikɔkɔe ene, si yɔ fũ kple amenuveve kple nyateƒe."

Edze abe amesiwo xɔ nyanyui sia ƒe akpa gãtɔ nye Trɔ̃subɔdukɔ me xɔsetɔwo ene, elabena Yohanes gblɔ Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti nyatakaka geɖe siwo mehiã be woaɖe na Yudatɔwo hafi o. Gawu la, Yohanes meɖo ŋu ɖe Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Aramgbe me ŋu to wo gɔmeɖeɖe ɖe Hebrigbe me abe nyanyuigblɔla bubuawo ene o. Ke boŋ ezã Helagbe me nyagbe nyanyɛwo le eƒe hamea me, tsɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔ yɔ wo me fũ, eye wòɖi ɖase le Yesu ƒe nyawo ŋu le Helagbe dzadzɛ me faa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe mɔfiafia te. Eyata eƒe nyanyuia goglo eye wòle bɔbɔe eye wòƒoa nu nyuie wu aɖaŋudɔwɔwɔ ƒe dzesiwo katã. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ nyateƒenyawo ƒe kesinɔnu le nyanyui sia me le bɔbɔe ɖesiaɖe me, ale be wo dometɔ ɖesiaɖe nase eƒe vevienyenye si nɔa anyi ɖaa gɔme.

Ɣekaɣie woŋlɔe?

Míeda akpe na Aƒetɔ si ɖe mɔ na ɣedzeƒetɔwo ƒe blematomenukulawo be woake ɖe papyrus kakɛ aɖe si woŋlɔ le ƒe 100 me le Yesu Kristo megbe le Egipte ŋu nyitsɔ laa. Le papyrus sia dzi la, míate ŋu axlẽ nyagbe aɖewo tso Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa me wòadze ƒã. Nusiwo ŋu woke ɖo ɖee fia be, wonya Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa le ƒe 100 me, menye le Asia Sue ɖeɖeko o, ke le Dziehe Afrika hã, eye ɖikeke manɔ eme la le Roma hã, si na nyaʋiʋli si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe kple ɖeklemiɖeɖe gbegblẽ ɖesiaɖe nu tso. Nyateƒe sia doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wònana míete ŋu gblɔna be nyanyui sia tso apostolo Yohanes ŋutɔ gbɔ, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe gbɔgbɔ me.

Nukae le Nyanyuigbalẽ sia me?

Mele bɔbɔe be woawɔ Ŋɔŋlɔawo ɖe ɖoɖo nu o. Eye esesẽna ŋutɔ be woama Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖe akpa vovovowo me. Ke hã míeɖo aɖaŋu le ɖoɖo si gbɔna ŋu:

  1. Mawu ƒe kekeli ƒe keklẽ (1:1-4:54)
  2. Kekeli klẽna le viviti me, eye viviti mexɔe o (5:1-11:54)
  3. Kekeli la klẽna le apostoloawo titina (11:55-17:26)
  4. Kekeli ɖua viviti dzi (18:1-21:25)

Nyanyuigblɔla Yohanes hea ɖoɖo ɖe eƒe tamesusuwo ŋu to wo ƒoƒo ƒu ɖe nukpɔsusu alo nya vevi ɖeka kple eve ŋu, siwo wotsɔ bla ɖe wo nɔewo ŋu abe ka siwo wɔa kɔsɔkɔsɔ ene. Woƒe gɔmesesewo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ɣeaɖewoɣi.

Yohanes ƒe Semtɔwo ƒe nukpɔsusu, kple eƒe gbɔgbɔmeŋutega deto la, wɔ ɖeka kple Helagbea ƒe agbenɔnɔ le ɖekawɔwɔ tɔxɛ kple ŋutikɔkɔe me. Egbea gɔ̃ hã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu míesea nyanyui sia gɔme. Eyae nye sidzedze kple nunya dzɔtsoƒe mavɔ na mí. Amesiame si asrɔ̃ agbalẽ sia tsitotsito la, abɔbɔ ɖe Mawu Vi la ŋkume mlɔeba eye wòatsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe nɛ le akpedada, kafukafu, kple ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ me.

BIABIAAWO

  1. Amekae ŋlɔ nyanyuigbalẽ enelia?
  2. Kadodo kae le nyanyuigbalẽ enelia kple nyanyuigbalẽ etɔ̃ gbãtɔwo dome?
  3. Taɖodzinu kae le Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋu?
  4. Amekawo tae nyanyui tɔxɛ sia le?
  5. Aleke míate ŋu amae ɖe tanyawo me?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 04:42 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)