Previous Lesson -- Next Lesson
5. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kɔklɔ le Pentekoste-ŋkekea dzi (Dɔwɔwɔwo 2: 1-13)
DƆWƆWƆWO 2:5-13
5 Azɔ la, Yudatɔ vɔ̃mawu siwo tso xexemedukɔ ɖe sia ɖe me la nɔ Yerusalem ɣe ma ɣi. 6 Esi nua ɖi la, ameha gã aɖe ƒo zi va kpe ta. Woƒe nu ku ŋutɔ, elabe wo dome ame sia ame se ameawo nɔ nu ƒom le eya ŋutɔ degbe me. 7 Wotsi yaa hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, menye Galileatɔwoe nye ame siwo katã le nu ƒom oa? 8 Ale ke wɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe le woƒe nyawo me sem ɖe eya ŋutɔ degbe me? 9Vavalawo tso Partia, Media kple Elam; Mesopotamia, Yudea kple Ka-padokia, Pontio kple Asia, 10 Frigia kple Pamfilia, Egipte kple Libia ƒe akpa si te ɖe Kirene ŋu. Ame aɖewo hã tso Roma, 11 Kreta kple Arabia. Mí vavala siawo katã la, eɖanye Yudatɔ o, eɖanye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ o, mí katã míele esem wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm fia le míawo ŋutɔ mía degbe me.” 12 Ale wotɔtɔ, tsi yaa hele wo nɔewo biam be, “Nu sia gɔme ɖe?” 13 Ke ame aɖewo ɖu fewu le nusrɔ̃laawo ŋu gblɔ be, “Aha yeyee le wo mum.””
Èdi be yeanya nusi Apostoloawo gblɔ le dzo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒe ŋusẽ mea? Xlẽ kpukpui 11 lia, àse egɔme be Mawu ƒe nu-kunuwo ŋu koe woƒo nu tsoe, ekema, wodze akpedada gɔme na wo wɔla ɖe eƒe nuwɔwɔ ta eye wokafu eƒe dzigbɔɖi na amegbetɔ siwo nye nuvlowɔlawo, eye wodo eƒe se kɔkɔe la ŋutikɔkɔe eye woda akpe nɛ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ɖeɖefia le nyagblɔɖilawo me ta. Wode ta agu le Fofo Kɔkɔe la ŋkume ɖe Via Yesu dzidzi kple eƒe ŋutilã me nɔnɔ ta, eye wokpɔ dzidzɔ ɖe eƒe ŋutilã me lɔlɔ̃ si wonya le wo dome kple amesiwo kpɔe hesee la ta. Emegbe wokafu Yehowa ɖe eƒe nukunuwo ta, wogbugbɔ gblɔ eƒe nyawo, eye wode ta agu nɛ ɖe eƒe ku le atitsoga ŋu kple eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ta. Nusrɔ̃lawo kafu Mawu elabena wodo go Kristo gbagbe la, eye wokpɔ dzidzɔ le eƒe yiyi dziƒo, eye woyra wo kple nyagblɔɖi si wokpɔ mɔ na la me vava. Woxɔe se be ehiã be woaɖe gbeƒã nya nyuia na amesiame, le nyateƒe me la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu yɔ wo me fũ be wòahe ɖeɖekpɔkpɔ vɛ na amegbetɔwo. Ðe nèwɔ ɖeka kple Mawu kafukafu ɖe eƒe nukunuwo ta? Ðe nèdaa akpea? Ðe nèdea bubu ɖokuiwò ŋu loo alo ɖe nèdoa ŋutikɔkɔe na Aƒetɔ la? Ŋlɔ wò ŋkɔ be, eye nàde bubu Fofowò si le dziƒo ɖeɖeko ŋu.
Nɔnɔme sia si wɔ ɖeka kple kafukafu kple ɖoɖoezizi le gbe-dodoɖa kple kɔkɔenyenye me la menɔ anyi eteƒe didi o, ela-bena amesiwo ɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ la ŋu dometɔ geɖe se lɔlɔ̃ ƒe ya ƒe gbe, eyata woƒu du yi teƒe si ya ɖiɖi le, eye wotsi tre nɔ ŋku lém ɖe eŋu kple movidzɔdzɔ, elabena wose Galileatɔwo nɔ nu ƒom le gbe vovovowo me, togbɔ be womezɔ mɔ yi woƒe dukɔ godo o eye womesrɔ̃ nu le gbegbɔgblɔ ƒe suku hã o. Nuwɔwɔ Gbɔgbɔ la ɖu Mawu ƒe dziku me tsonuwo dzi le Pen-tekoste dzi, esime wòƒo amegbetɔwo eye wòtɔtɔ woƒe gbe eye wòma wo ɖe dukɔwo me, vaseɖe esime womese wo nɔewo gɔme o. Wodze agbagba le woƒe dada me be yewoaɖo Mawu ƒe ɖoƒe, to Babel-xɔ kɔkɔ si woɖo be wòanɔ kɔkɔm ɖe edzi la tutu me, vaseɖe esime wòɖo Mawu gbɔ. Azɔ Kristo tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dada ƒe nuvɔ̃ ke, eye Kristo ƒe tufafa kple ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ te ŋu va tadeagulawo ƒe dzi me, ame aɖeke mebu eɖokui be yenyo wu ame kemɛa alo be yeƒe tagbɔ kɔ wu alo ye lolo wu o, ke boŋ wotsɔ ame sesẽtɔ de asi na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wobu ame si wonya be eyae nye ame mamlɛtɔ le wo katã dome. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe eɖokui fia le lɔlɔ̃ me, si nye blibodede ƒe ka, eye wòna ame vovovowo wɔ ɖeka va zu Mawu ƒe ƒomea. Nyae be tso Pentekoste dzi la, woɖe liƒo siwo le dukɔwo, woƒe gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔnɔmewo dome ɖa, dzidzenu aɖeke mele nunyalawo kple numanyalawo dome o, gake wo katã wonye ɖeka le Mawu me, elabena nunana gãtɔ kekeake, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, kɔ mamlɛtɔa ɖe dzi va ɖo Fofo Mavɔ la ƒe ɖoƒe, eye wòkɔ wo ŋu to Kristo ƒe ʋu me be woazu Ame Kɔkɔe siwo ŋu womeƒo ɖii o le lɔlɔ̃ me.
Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, dukɔ geɖewo teƒenɔlawo ƒo ƒu ɖe Yerusalem be yewoaɖu nuŋeŋeŋkekenyuia le Mawu ƒe me; Yudatɔ siwo tso Persia, Mesopotamia, Asia Sue, Dziehe Afrika, Italy, kple Kreta ƒu du ɖekae, eye wo katã wose Mawu ƒe gbe nɔ nu ƒom le woawo ŋutɔwo degbe me tso Galileagbe me nyawo me. Pentekoste ƒe nukunu la nye dzogoe etɔ̃: gbãtɔ, wose ya sesẽ si nɔ ƒoƒom sesĩe, evelia, dzo aɖe ƒe dzed-zeme, etɔ̃lia, Galileagbe gɔmesese. Mawu ŋutɔe nye gbeg-bɔgblɔ bubuwo gɔmeɖela le kplɔ̃ɖoƒe sia.
Edzɔ dzi na mí vevietɔ be Egipte kple Arabtɔwo teƒenɔlawo nɔ nyaselawo dome. Nyateƒee, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, tso eƒe dzed-zeme ƒe gɔmedzedze ke la, ɖe Xɔname gã la fia le Arabgbe kple Coptic gbewo me, gbegbɔgblɔ siawo mesesẽ nɛ alo nye amedzrowo nɛ o. Ke hã, etsɔa eƒe lɔlɔ̃ yɔa wo me fũ eye wòtsɔa eƒe kɔkɔenyenye ɖua woƒe sidzenuwo dzi. Ðe nèle ta dem agu na Mawu Mawuɖekaetɔ̃ la le Arabgbe mea? Ðo wò aɖe, wò dzi, wò lɔlɔ̃nu kple wò ŋusẽ katã ɖe ete, ale be nàli ke le Mawu kafukafu ƒe dzidzɔ me.
Gake nukunu ka gbegbee nye si! Kasia ame siwo ƒo ƒu la ma ɖe hatsotso eve me: tamebulawo kple fewuɖulawo. Gbãtɔ di be yeakpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya ɣaɣla la teƒe, ame mamlɛawo yɔ nuƒoƒo tso Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu ahamumu kple alɔ̃madɔmadɔ. Ðewohĩ wonya nɔnɔme makɔmakɔ sia si do ag-ba na apostoloawo tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo me, gake wo-menya Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ablɔɖe o. Eyata lɔlɔ̃ mavɔ ƒe ŋusẽ gakpɔtɔ ɣla ɖe wo, eye woƒe dziwo va nɔ sesẽm ɖe edzi ɖe fuléle ŋu.
GBEDODOƉA: Nye luʋɔ, yra Aƒetɔ la! Neva eme be nusianu si le menye la nayra eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Nye luʋɔ, yra Aƒetɔ la, eye megaŋlɔ eƒe viɖe aɖeke be o! Ame si tsɔa wò nuvɔ̃wo kena lae nye ame si daa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu; Ame si ɖea wò agbe tso do la me, si ɖoa fiakuku na wò kple nyuiwɔwɔ kple nu-blanuikpɔkpɔ; Eyae nye amesi naa wò tsitsi, si nana nègazua ɖekakpui abe hɔ̃ ene. Amen.
NYABIASE:
- Nukae wòsrɔ̃ tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ na Apostoloawo be wòagblɔ?