Waters of Life

Biblical Studies in Multiple Languages

Search in "Ewe":
Home -- Ewe -- John - 130 (The witness of John and his gospel)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 4 - Kekle Ʋu Ðe Viti Me (Yohanes 18:1 – 21:25)
B - Kristo Ƒe Tsitretsitsi Kplee Edodo (Yohanes 20:1 - 21:25)
5. Yesu ƒe dzedzeme le ta la to (Yohanes 21:1-25)

d) Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi kple eƒe nyanyui la (Yohanes 21:24-25)


YOHANES 21:24
24 Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.

Míeke ɖe nyateƒenya vevi ene ŋu le afisia:

Nyanyuigblɔla la nɔ agbe esime wota eƒe nyanyuia eye wonyae nyuie le Helagbedolawo ƒe sɔlemehawo me. Enye Yesu ƒe nusrɔ̃la tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ɣeyiɣi dzi va se ɖe Kristo ƒe dziƒoyiyi.

Yohanes nye ame si kpɔ Yesu Kristo teƒe. Eya ŋutɔ se Yesu eye wògblɔ eƒe nyawo, abe alesi nudzɔdzɔawo hã gblɔe ene. Menye hamea me tɔ aɖee ŋlɔ nyanyui sia o, ke boŋ Yohanes ŋutɔ, si nye nusrɔ̃la lɔlɔ̃a.

Ðewohĩ menya Helagbe nyuie o, eye eyata egblɔ eƒe mawunyakpukpuia na eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃la siwo si nunana le wu la dometɔ ɖeka. Numeɖeɖeawo me kɔ eye nyateƒeawo metrɔna o. Amesiwo kaka nyanyui sia lɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be kakaɖedzi le Yohanes ƒe ɖaseɖiɖia ŋu bliboe. Dzesidede sia le vevie, elabena Yohanes ƒe nyanyui la to vovo le nyanyuigbalẽ etɔ̃ bubuawo gbɔ. Míeda akpe ɖe kesinɔnu si nyanyuigblɔla sia tsɔ na mí la ta.

Ame siwo ta nyanyui sia la tsɔ nu sɔsɔe ɖe Kristo ƒe nu ŋutɔŋutɔ si le woƒe agbenɔnɔ me gblɔ, elabena esi woxɔe vɔ la, ŋusẽ su wo si be woazu Mawu viwo, to eƒe ŋkɔ dzixɔxɔse me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe wo dzi, nɔ wo me eye wòna wote ŋu de dzesi gbɔgbɔ vɔ̃wo. Wode dzesi nyateƒe la tso alakpanyawo kple nya siwo gbɔ eme me, elabena akɔfafa ƒe Gbɔgbɔ la fia mɔ wo yi ɖe nyateƒe blibo la katã me.

YOHANES 21:25
25 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.

Ame aɖewo kpɔnɛ be nyanyuigbalẽ ene ƒe anyinɔnɔ nye nukikli. Ne míetsɔ Paulo ƒe lɛtawo kpe ɖe eŋu abe nyanyui bubu ene (abe alesi wògblɔe ene) la, ekema míeɖo atɔ̃. Eye Kristotɔ anukwaretɔ ƒe agbenɔnɔ nye nyanyui le eɖokui si. Agbalẽa ŋlɔla ʋu eme be yese nya geɖe tso Yesu ŋu tso nusrɔ̃lawo gbɔ ale gbegbe be manya wɔ be yeagblɔ wo katã o. Mawu ƒe blibonyenye nɔa eme. Egbea gɔ̃ hã la, egakpɔtɔ le eƒe Sɔlemeha la me eye wòfiaa mɔe esime wòle eƒe afɔtoƒewo yome. Ne míawo hã míedze agbagba be míaŋlɔ Yesu ƒe dɔwɔwɔwo katã tso eƒe tsitretsitsi dzi va se ɖe egbe la, ke agbalẽ babla siwo katã le xexeame la masɔ gbɔ o. Kristotɔwo ahiã mavɔmavɔ hafi woate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ si le dɔ wɔm le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ƒe kɔkɔme, didime, kple eƒe goglome gɔme.

Míaƒe Aƒetɔ gbagbe la wɔa nu le xexeame abe alesi wònɔ le Nubabla Yeyea ƒe ɣeyiɣiwo me ene. Míebua mía ɖokui be yayratɔwo elabena míesea eƒe gbe, sea eƒe tamesusuwo, eye míedzea eƒe yɔyɔa yome. Yohanes ƒo nu tso Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ ŋu be wòana míate ŋu aʋu eme be: “Eye Nya la zu ŋutilã, eye wòva nɔ mía dome, eye amenuveve kple nyateƒe yɔ fũ; eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, si le abe Tenuvi si tso Fofo la gbɔ ƒe ŋutikɔkɔe ene.”

GBEDODOƉA: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ Yesu Kristo, be nèʋã wò dɔla Yohanes wòŋlɔ wò lɔlɔ̃ ƒe nyanyui la. ȃoa nu na mí to eƒe nyawo dzi. Míeda akpe na wò ɖe wò dɔmetɔtrɔ, wò nyawo, wò nuwɔnawo, wò agbe, wò ku kple wò tsitretsitsi ta. Èɖe Fofo la fia mí eye nètsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Èna agbe yeye mí to wò Gbɔgbɔ me.

BIABIA:

  1. Nuka ŋue amesiwo ta Yohanes ƒe nyanyui la ɖi ɖase le?

BIABIA ƑE NYAGBLƆÐI – 7

Nuxlẽla lɔlɔ̃a,
ɖo ŋuɖoɖo nyuitɔ 20 ɖe mí le biabia 24 siwo le ete la dome. Ne èɖo biabia siwo le agbalẽvi ade siwo do ŋgɔ me ŋu la, míaɖo ɖaseɖigbalẽ aɖe ɖe wò, si aɖi ɖase le wò dzonɔameme le Yohanes ƒe nyanyui la sɔsrɔ̃ me ŋu.

  1. Ƒomedodo kae nɔ Yesu kple Petro dome esime wobia gbe wo le Hana ŋkume?
  2. Aleke Yesu nye Fiae eye le gɔmesese ka nu?
  3. Nukae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe nɔnɔmetata si wota, edo awu ʋlaya dzĩ kple ŋù ƒe fiakuku la me?
  4. Nu ka tae Pilato drɔ̃ ʋɔnu Yesu?
  5. Gɔmesese kae le nuŋɔŋlɔ si woda ɖe atitsoga ŋu la ŋu?
  6. Nya etɔ̃ kawoe Yesu gblɔ?
  7. Nukae míesrɔ̃ tso nyateƒe si wònye be womegbã Kristo ƒe ƒuwo o la me?
  8. Nukae Yesu ɖiɖi fia mí?
  9. Kristo ƒe tsitretsitsi ƒe kpeɖodzi etɔ̃ kawoe?
  10. Nuka dzie Yohanes ka ɖo esime wònɔ yɔdo ƒuƒlu la me?
  11. Nukatae Maria medzudzɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua didi o vaseɖe esime wòɖe eɖokui fiae to eƒe ŋkɔ yɔyɔ me?
  12. Gbedasi kae Kristo tsɔna naa mí to Maria Magdalatɔ dzi?
  13. Gɔmesese kae le nyagbe gbãtɔ si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le tsitretsitsi megbe la ŋu?
  14. Nu ka tae nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ?
  15. Nukae wɔ nuku le nusrɔ̃lawo dɔdɔ ŋu?
  16. Amekae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la? Nuka wɔm wòle to wò ɖaseɖiɖi na Kristo me?
  17. Nukae Toma ƒe nuvɔ̃meʋuʋua fia?
  18. Nukatae Yesu yɔ xɔsetɔ siwo mekpɔe kpɔ o be “woyra”?
  19. Nukae Yohanes tu ɖo le eƒe nyanyuia ƒe nuwuwu?
  20. Nukatae nukunu léle nye ŋukpe na nusrɔ̃lawo?
  21. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le dzeɖoɖo si nɔ Yesu kple Petro dome la ŋu?
  22. Aleke Petro kafu Mawu?
  23. Nukae Kristo ƒe nya mamlɛ siwo le nyanyui sia me fia?
  24. Nuka ŋue ame siwo ta Yohanes ƒe nyanyui la ɖi ɖase le?

Ðo wò ŋuɖoɖowo ɖa, eye nàɖo ŋku edzi nàŋlɔ wò adrɛs ɖe ŋuɖoɖogbalẽvia dzi nyuie eye nàŋlɔ ɖe agbalẽkotokua hã dzi:

Waters of Life
P.O.Box 600 513
70305 Stuttgart
Germany

Internet: www.waters-of-life.net
Internet: www.waters-of-life.org
e-mail: info@waters-of-life.net

P.S. Ne èdi be yeayi Biblia sɔsrɔ̃ dzi kpli mí la, míatsɔ dzidzɔ aɖo agbalẽ yeye siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo me ŋugbledede le Biblia ƒe agbalẽ bubu ŋu le ɖe wò.

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 30, 2025, at 04:49 PM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)