Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
b) Nukpɔsusu vovovowo le amewo kple Aɖaŋudeha Kɔkɔtɔ la dome le Yesu ŋu (Yohanes 7:14-53)YOHANES 7:14-18 Yesu menɔ vɔvɔ̃m na ku alo yometiti tso eƒe futɔwo gbɔ o. Etsɔ aɖaŋudzedze yi eƒe mɔzɔzɔa dzi yi Yerusalem le ɖekawɔwɔ me kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu. Afimae meɣla eɖokui ɖo o, ke boŋ eyi gbedoxɔa me be yeatsɔ dzideƒo afia yeƒe Nyanyuia, abe nufiala si ŋu woda asi ɖo ene. Amewo se le wo ɖokui me be Mawu le nu ƒom na yewo tẽ. Eyata wobia wo ɖokui be: afikae ɖekakpui sia kpɔ mawunyaŋununya ƒe susu goglo siawo tsoe? Menye Ŋɔŋlɔawo ŋuti nunyala xɔŋkɔ aɖee na hehee o. Aleke atikpala si mexɔ hehe o ate ŋu afia nu mí tso Mawu ƒe nyateƒea ŋu? Yesu ɖo eŋu abe ɖe wòle gbɔgblɔm ene be, “Nyateƒee, nufiafia le asinye, eye nyateƒefialae menye. Gawu la, nyee nye Mawu ƒe Nya. Mawu ƒe tamesusu kple didi ɖesiaɖe le menye. Nye nufiafia menye tɔnye o, nyee nye Mawu ƒe gbe si le menye, Fofonyee fiam. Menya eƒe tamesusuwo, eƒe ɖoɖowo, eƒe tameɖoɖowo kple eƒe ŋusẽ nyuie. Nyemetsɔ nye ŋutɔ nye tamesusuwo va o, elabena Mawu ƒe tamesusuwo koe nye nyateƒe. Mewua ɖeɖefia la nu le afisi mekɔ o. Ekafu Fofoa eye wòbɔbɔ eɖokui nɛ, eye wòɖe eɖokui fia abe Mawu ƒe apostolo ene. Menye le eɖokui si va o, ke boŋ eva le Fofoa ƒe ŋkɔ me le Mawu ƒe ŋusẽ te. Yesu nye Mawu ƒe Vi kple Apostolo le ɣeyiɣi ɖeka me; edze na míaƒe susu, míaƒe xɔse kple míaƒe tadedeagu abe Fofo la ene. Be woaxɔ edzi ase bɔbɔe la, edo mɔnu nyui aɖe ɖa na Yudatɔwo be woatsɔ aɖo kpe edzi na wo be yeƒe nufiafia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eyata nukae nye kpeɖodzi vevi si ɖo kpe Yesu ƒe nufiafia kple eƒe amenyenye dzi? Egblɔ be: “Dze agbagba nàwɔ nu ɖe nye Nyanyui la nu, eye àkpɔ eƒe gãnyenye. Wɔ Kristo ƒe nyawo ŋudɔ kpukpui ɖesiaɖe eye àkpɔe be eƒe nyawo menye amegbetɔwo dzro ko o ke boŋ Mawu tɔ.” Agbagbadzedze be nàtsɔ Kristo ƒe nufiafia ade dɔwɔwɔ me bia be nàɖoe kplikpaa gbã. Ðe nusi dim wònɔ la dzroa wòa? Ne hadede mele wò lɔlɔ̃nu kple Etɔ dome o la, màse Aƒetɔ la ƒe sidzedze vavãtɔ gɔme o. Esi wò lɔlɔ̃nu bɔbɔ ɖe Kristo tɔ te la, ànya Mawu nyuie wu ɣesiaɣi abe alesi wòle ene. Ame si naa hehe eɖokui be yeawɔ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu, abe alesi Yesu fia mí ene la, ava nya dometsotso gã si le Nyanyui la kple Sea dome. Aƒetɔ la naa ŋusẽ si hiã be míatsɔ agba si wòtsɔ de asi na mí la mí. Míate ŋu awɔ Eƒe lɔlɔ̃nu kple dzidzɔ. Ame sia ame si bɔbɔ eɖokui ɖe Kristo ƒe sedede te la, exɔa ŋusẽ be wòanɔ agbe le eƒe lɔlɔ̃ me. Eƒe nufiafia mekplɔa ame yia kpododonu me abe alesi wònɔ le Mose ƒe sea gome ene o, ke boŋ ekplɔa ame yia agbenɔnɔ le Mawu ƒe amenuveve ƒe blibonyenye me. Ame sia ame si di be yeaɖo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si woɖe fia to Kristo ƒe nufiafia dzi la azu ɖeka kple Mawu ŋutɔ eye wòakpɔe be Kristo menye nufiala dzro aɖe ko o, ke boŋ enye Mawu ƒe Nya si wotsɔ ŋutilã wɔe. Metsɔa xexemenunya ƒuƒlu vɛ o, ke boŋ etsɔa nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke naa mí eye wònaa Mawu ƒe agbe ƒe ŋusẽ mí. YOHANES 7:19-20 Kristo ƒe agbenɔnɔ kɔkɔe la na ŋusẽe be wòagblɔ na Yudatɔwo be: “Miexɔ se la, gake ame aɖeke mewɔa edzi nyuie o!” Nya sia ʋuʋu Yuda-dukɔa, elabena eɖee fia be Nubabla Xoxoa me tɔ aɖeke mewɔ Sea ƒe nudidiwo dzi kpɔ o. Ame si da se ɖeka dzi la, eɖi fɔ le wo katã me. Mawu ƒe dziku gakpɔtɔ le edzi. Yesu to esia me ɖe Yudatɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nyagbɔgblɔwo ɖa eye wòɖee fia be senyalawo ƒe dzonɔameme kple agbagbadzedzewo nye ŋkumaʋumaʋu dzadzɛ. Egblɔ na wo be yenya be kplɔlawo di be yewoawu ye. Nya ɣaɣla aɖeke menɔ anyi nɛ o. Exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo tso dzonɔameme gotagome ŋu eye wògblɔ ga si woaxe ɖe eyomedzedze ta. Ke hã, ebia be: “Nu ka tae nèdi be yeawum?” Ameha la ƒe mo wɔ yaa le Kristo ƒe nyawo ta eye vɔvɔ̃ ɖo wo esi wose be wo dometɔ aɖeke menye ame dzɔdzɔe o. Woƒe ŋuɖoɖoa tsyɔ nu woƒe nugbeɖoɖoa dzi be: “Ao, ao, amekae adi be yeawu wò? Mawu negbe amewuwu!” Ame aɖewo susui gɔ̃ hã be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe ge ɖe ye me. Woƒe fuléle gbã ŋku na wo eye wòna womete ŋu de vovototo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple gbɔgbɔ vɔ̃ dome o. Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti sidzedze megale wo me o. BIABIA:
|