Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 048 (Jesus and his brothers)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)

a) Yesu kple nɔviaŋutsuwo (Yohanes 7:1-13)


YOHANES 7:1-5
1 Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. 2 Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la, 3 Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la. 4 Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.” 5 Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o.

Yesu ƒe ɖaseɖiɖi tso eƒe ŋutikɔkɔe ŋu wɔ nuku na ameawo. Exɔlɔ̃ aɖewo gblẽe ɖi le Yerusalem, evɔ nusrɔ̃la geɖewo gblẽe ɖi le Galilea. Fiadua me tɔ dzimesesẽtɔwo mexɔe se be ɖekakpui siae fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, evɔ Galilea mawuvɔ̃lawo ya nyɔ ŋu na Galileatɔ mawuvɔ̃lawo le susu si nye be woaɖu eƒe ŋutilã ahano eƒe ʋu la ta. Womete ŋu se egɔme be esiawo nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋuwo o.

Le Yerusalem la, Aɖaŋudeha Gã la me tɔ aɖewo tso nya me be yewoawu Yesu. Wode se be woalée eye wodo ŋɔdzi na Yudatɔ xɔsetɔwo be woanya wo le ƒuƒoƒea eye woaxe mɔ na Mawu ƒe yayrawo ne woyi edzi dze Yesu yome. Aɖaŋuɖotakpekpe me ŋkutsalawo dze Yesu didi kple numekuku gɔme le Galilea. Mewɔ nuku o be amehawo trɔ le egbɔ, elabena tiatia aɖe nɔ wo si le dukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo yometiti alo ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ si wokpɔ le Yesu me dome. Wotia fifi ɣeyiɣia wu agbenɔnɔ le ku megbe, eye wolɔ̃ woawo ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ wu Mawu ƒe nunana.

Yesu nɔviwo nɔ vɔvɔ̃m na mɔkpɔkpɔ be woaɖe yewo ɖa le yewoƒe dukɔa ƒe hadomegbenɔnɔ me. Eyata woɖe wo ɖokui ɖa tso egbɔ le dutoƒo ale be woaganya wo le ƒuƒoƒewo o (Marko 6:3). Woɖe kuku nɛ be wòadzo le Galilea aɖaɖe agbanɔamedzi si le yewo dzi la ɖa, ɖewohĩ be woazi edzi wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia le Yerusalem. Esi wonɔ egbɔ ƒe geɖe ta la, womexɔ eƒe mawunyenye dzi se o, wobu eƒe lɔlɔ̃ kple nyuiwɔwɔ be enye nu tsɛ aɖe. Nublanuitɔe la, xɔsetɔ geɖe ƒe dzi dzea eme be yewoade bubu Yesu ŋu le eƒe lɔlɔ̃ ta, evɔ womese eƒe nyateƒea gɔme o.

Yesu nɔviwo kpɔ eƒe nukunuwo kpɔ. Togbɔ be ele alea hã la, womexɔe se be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo, amesi ƒe klo ɖe sia ɖe nabɔbɔ ɖe eŋkume o. Wose le wo ɖokui me be yeƒe ʋuʋu le to yim kple vɔvɔ̃ si wòʋã la mevo o. Wote Yesu kpɔ abe alesi Satana wɔe do ŋgɔ le gbedadaƒo esime wòdo susua ɖa be Yesu natsɔ eɖokui aƒu gbe le gbedoxɔa me be yeana yeƒe tadeagulawo naxɔe ase ene. Lɔlɔ̃ aɖeke menɔ Yesu si na gãnyenye o, etia ɖokuibɔbɔ kple amegbetɔ ƒe nɔnɔme ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ boŋ, medi be yeadzi yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme ɖe edzi to fefe aɖe wɔwɔ me o.

YOHANES 7:6-9
6 Yesu mawudziyi na wo be, “Yesueyi ɣeyiɣi si menye numedzodzro nam be o, ke mia ŋudɔ la, ɖe sia ɖe sia ɖe nyo na mi. 7 Miawo la, xexea me dzre mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, mewo na wo be wonye kpkp wo nye nu nu. 8 Mido mianɔ yiyim faa. Ne yome nam ko la, nye hã madze mia.” 9 Yesu tsi Galilea le mawo me.

Amegbetɔwo nye dada, elabena abosam ƒe gbɔgbɔ gblẽ wo. Dada nye luʋɔ ƒe dɔléle ƒe dzesi eye wònye susumedɔléle ƒe dzesi. Le nyateƒe me la, amegbetɔ le sue, gbɔdzɔ eye wobu fɔe be wòaku, si to vovo na Mawu. Edzea agbagba be yeaɣla yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖe dzedzeme nyui aɖe te. Dadala la bua eɖokui le susu me be yenye mawu afã, amesi ate ŋu awɔ nusianu si dze ye ŋu alo mawɔ naneke o. Ewɔa ɖoɖo ɖe eƒe ɣeyiɣi kple eƒe ɖoɖowo ŋu esime wòŋea aɖaba ƒua Mawu dzi. Le dzɔdzɔme nu la, eva zua aglãdzela ɖe Wɔla la ŋu. Amegbetɔ lɔ̃a eɖokui hedoa ŋutikɔkɔe nɛ; medoa dziƒo Fofo la ƒe ŋkɔ ɖe dzi o.

Menye amegbetɔ ƒe tamesusuwo kple tameɖoɖowo koe nye vɔ̃ o, ke eƒe nuwɔnawo hã nye vɔ̃. Elabena ame si nɔa agbe eƒe Aƒetɔ manɔmee la, enɔa agbe ɖe eŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunya me nutovɛwo kple nusiwo ŋu woke ɖo ƒe akpa gãtɔ, kpakple dunyahehe me gɔmeɖosewo kple xexemenunya ƒe ɖoɖowo ku ɖe nuvɔ̃ ƒe nuto ŋu. Woawo me ku ƒe nukuwo le.

Kristo ɖee fia be xexeame lé fu ye. Meva be yeawɔ nusi wòlɔ̃ o. Ewɔ ɖeka kple Fofo la eye wòwɔa dɔ kplii le hadede me. Enye nukikli na mawuvɔ̃lawo gɔ̃ hã, elabena lɔlɔ̃ si wòkafu la menye sedziwɔwɔ o ke boŋ Mawu gbɔe wòtso. Wolé fui, elabena eƒe anyinɔnɔ ɖe gome si le ame si be wòanɔ dzɔdzɔenyenye me la ɖa.

Yesu nɔviwo gbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la eye xexeame ƒe gbɔgbɔ yɔ wo me fũ. Wotia Farisitɔwo ƒe akpa dzi. Woƒe xɔsemanɔamesi ɖo kpe edzi be Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe Gbɔgbɔ menɔ yewo me o; Le go bubu me la, gbɔgbɔ bubu aɖee kplɔ wo, si nye dada kple aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe gbɔgbɔ. Woble wo ɖokui, eye woxɔ asixɔxɔ si le woƒe dɔ nyui wɔwɔwo ŋu dzi se.

YOHANES 7:10-13
10 Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme. 11 Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?” 12 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.” 13 Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.

Ƒe sia ƒe la, Yudatɔwo ɖua Agbadɔŋkekenyui la dzidzɔtɔe. Wotsɔa atiawo ƒe alɔwo wɔa aƒewo alo agbadɔ siwo te womlɔna, le aƒewo tame alo le mɔa to. Amewo va srã wo nɔewo kpɔ heɖu nu nyuiwo. Enye akpedada ƒe azã na Mawu si na nuŋeŋe gbogbo aɖewo wo. Aƒe siawo ɖo ŋku woƒe gbedadaƒo dzi na wo; teƒe aɖeke menɔ wo si le anyigba dzi ɣemaɣi o.

Yesu mekpɔ dzidzɔ le azã sia ɖuɖu me o, elabena woti eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yome. Eɖe asi le nɔviaŋutsuwo ŋu wodzo eye emegbe wòyi Yerusalem. Edo gbe na Galilea, si nye eƒe anyigbadzidukɔ. Ɣeyiɣi vevitɔa nɔ gogom, ŋutinya ƒe taƒoƒo – eƒe ku be yeaɖe mí tso Mawu ƒe dziku me.

Yudatɔwo ƒe susu to vovo le Yesu ŋu. Ame aɖewo bui be enye ame nyui kple ɖɔɖɔɖowɔla tso Mawu gbɔ. Ame bubuwo bu eyama be eyae kplɔ amehawo tra mɔ eye wòdze na ku; ŋutsu si ƒe anyinɔnɔ ana Mawu nado dziku ɖe wo ŋu eye wòagblẽ woƒe azãɖuɖuwo me. Sanhedrin la ta sededea hetsɔe yi na ameawo, kple mɔkpɔkpɔ be yewo yomedzelawo ahe ɖe megbe le edziwɔwɔ me. Tso ɣemaɣi la, dzi menɔ ame aɖeke ƒo ƒo nu tso Yesu ŋu gaglãa o.

GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míeda akpe na wò ɖe wò ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo Mawu ta. Miɖe mí tso xexeame ƒe nɔnɔmewo me, wò Gbɔgbɔ nayɔ mí fũ. Mikpɔ mía ta tso mɔ vɔ̃wo gbɔ, eye nàda gbe le míaƒe ememe amenyenye ŋu ale be míate ŋu asubɔ wò abe alesi nèdze ene.

BIABIA:

  1. Nukatae xexeame lé fu Yesu?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 20, 2025, at 05:03 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)