Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 4 - Kekle Ʋu Ðe Viti Me (Yohanes 18:1 – 21:25)
B - Kristo Ƒe Tsitretsitsi Kplee Edodo (Yohanes 20:1 - 21:25)
5. Yesu ƒe dzedzeme le ta la to (Yohanes 21:1-25)
b) Petro ɖo kpe edzi le eƒe subɔsubɔdɔa me le alẽha la me (Yohanes 21:15-19)YOHANES 21:18-19 Yesu se egɔme be Petro, eƒe nusrɔ̃la, ƒe dzi nye dzonɔameme eye wòwɔ dɔ ɖe ame dzi. Ne ame aɖe do go Kristo teti koe nye ema la, etoa ɣeyiɣi aɖe si me dzonɔameme kple dzo le ɖe Yesu ta hã me. Ne exɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ko la, ekpɔa dzidzɔ gã aɖe eye wòƒua du yina ɖe ame bubuwo. Gake zi geɖe la, esubɔna kple amegbetɔ ƒe dzonɔameme dzro ko, ke menye le Yesu fatu, gbedodoɖa, nuwɔwɔ aduadu ƒe kpɔkplɔ te o. Ke hã, Yesu gblɔe ɖi be Petro magaɖo ŋu ɖe ye ŋu le ɣeyiɣi aɖe megbe o eye wòatsi le Gbɔgbɔ la me, abɔbɔ eɖokui ɖe eƒe Aƒetɔ te bliboe, ava zu Eƒe lɔlɔ̃ ƒe gamenɔla eye wòadi be yemawɔ naneke o negbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko. Petro tsi Yerusalem eye meyi trɔ̃subɔlawo gbɔ o. Woƒoe hetsɔe de gaxɔ me zi geɖe; gbe ɖeka la, Aƒetɔ la ƒe Mawudɔla ɖe asi le eŋu. Gbɔgbɔ la kplɔe yi Kornelio, si nye Roma-srafomegã aɖe gbɔ, afisi wòkpɔe le be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ate ŋu aɖiɖi ɖe trɔ̃subɔlawo, siwo wobuna vaseɖe ɣemaɣi be womekɔ o la dzi. Le nyanyuigbɔgblɔ ƒe afɔɖeɖe sia me la, eʋu xexeame ƒe mawunyadɔgbededɔ ƒe ʋɔtru. Esi woɖe asi le Petro ŋu le Herodes ƒe gaxɔ me la, eɖi tsa yi hame yeye siwo woɖo anyi, vevietɔ le Paulo ƒe gaxɔmenɔnɔ megbe. Eyata apostoloawo ƒe amegã la yi ɖasrã Kristotɔ siwo tso trɔ̃subɔlawo gbɔ kpɔ, eye wòde dzi ƒo na wo to gbedasi siwo tso Fofo la gbɔ ɖoɖo ɖe wo me. Kɔnyinyiwo gblɔ be eku le Roma le Nero yometiti me. Esi wòbu eɖokui be medze be yeaklã ɖe ati ŋu abe yeƒe Aƒetɔ ene o ta la, eɖe kuku na eƒe amewulawo be woaklã ye ɖe ati ŋu wòadze anyi. Yesu ƒo nu tso eƒe ku ŋu esi wògblɔ be Petro atsɔ ye ŋutɔ ƒe ku ado ŋutikɔkɔe na Mawu. Gbe ɖeka la, Petro gblɔ na Yesu be yesu te be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe yeƒe Aƒetɔ la ta. Yesu ɖo eŋu be, “Miate ŋu adze yonyeme fifia le afi si meyina o, gake miadze yonyeme emegbe” (Yohanes 13:36). Yesu tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo do ƒome kple eƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe ale be woawɔ ɖeka kple ye kple Fofo la kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ena wokpɔ gome le eƒe fukpekpewo kple ku, si nye ŋutikɔkɔe ƒe ŋgɔdonya la me. Ŋutikɔkɔe le Nyanyui la me mefia keklẽ alo bubu le amegbetɔ ƒe nya nu o, ke boŋ fukpekpe kple atitsoga na amesi lɔ̃ mí. Petro mete ŋu kafu Mawu le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ Kristo ƒe ʋu kɔ eŋu eye Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ kɔe, ale be wòagbe nu le eɖokui gbɔ eye wòanɔ agbe na eƒe Aƒetɔ eye wòaku atsɔ ŋutikɔkɔe anae. Emegbe Kristo de asrafowo ƒe sedede Petro be: “Dze yonyeme!” Ne míele eyome le agbe kple ku me la, míaŋe lɔlɔ̃ ƒe kutsetsewo eye míakɔ Fofo nublanuikpɔla la ƒe ŋkɔ ŋu. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu Kristo, míeda akpe na wò elabena mègbe Petro o, togbɔ be egbe nu le ŋuwò hã, ke boŋ èyɔe be wòatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la le agbe kple ku me. Xɔ míaƒe agbe eye nàkɔ mía ŋu. Kpe ɖe mía ŋu be míatsɔ míaƒe lɔlɔ̃nu ade wò mɔfiafia te, míalé wò sededewo me ɖe asi, alɔ̃ míaƒe futɔwo, eye míade bubu ŋuwò le toɖoɖo xɔse me vaseɖe nuwuwu. Míaƒe agbe nanye kafukafu na wò amenuveve! BIABIA:
|