Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 119 (Jesus appears to the disciples)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 4 - Kekle Ʋu Ðe Viti Me (Yohanes 18:1 – 21:25)
B - Kristo Ƒe Tsitretsitsi Kplee Edodo (Yohanes 20:1 - 21:25)

2. Yesu ƒe dzedzeme na nusrɔ̃lawo le dziƒoxɔa me (Yohanes 20:19-23)


YOHANES 20:19
19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.”

Le xɔ si wotu me la, nusrɔ̃la siwo vɔvɔ̃ ɖo la dzro nudzɔdzɔ siwo dzɔ teti koe nye ema la me. Wose be yɔdoa tsi ƒuƒlu. Nyɔnuawo ɖo kpe nya la dzi eye mawudɔlawo gblɔ be wofɔe ɖe tsitre. Maria Magdalatɔ ɖe gbeƒãe be yekpɔe. Nya sia wɔ nuku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Ame kukua nɔ agbe, gake meɖe eɖokui fia wo haɖe o! Gake wonɔ alɔ̃ dɔm esime wolé Yesu, eye wo dometɔ aɖeke meganɔ egbɔ le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ɣi o, alo le atitsoga la gbɔ o, negbe Yohanes kple nyɔnuawo ko. Womeɖee tso atitsoga la dzi hã o, eye womesi ami nɛ hã o. Wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, eye wose le wo ɖokui me be yometiti adze egɔme ne ŋkekenyuia wu enu ko. Le susu siawo ta la, wotu wo ɖokui ɖe xɔa me, eye dzi ɖe le wo ƒo kura.

Womebu nyɔnuawo ƒe ŋutinyawo nu vevii o eye wogblɔ na wo ɖokui be: “Míedze Yesu yome, henɔ mɔ kpɔm be aɖu dzi, eye wòawɔ mí eƒe subɔlawo. Nusianu do kpo nu; woati mía yome, eye woawu mí.” Mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo.

Togbɔ be xɔse menɔ wo si o eye woƒe dzi gbã hã la, Yesu ɖe eɖokui fia le wo dome. Menye woƒe mɔkpɔkpɔ kple woƒe lɔlɔ̃ tae wòva o, alo esi wòse veve ɖe woƒe luʋɔ ƒe nɔnɔmewo nu tae o, ke boŋ be yeaɖe yeƒe amenuveve afia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.

Nukunu aɖee ɖeɖefia sia nye. Ame kukuwo nɔ agbe, ame siwo wogbe la nɔ ablɔɖe me. Yɔdo alo ʋɔtru aɖeke mate ŋu axe mɔ na eƒe anyinɔnɔ le eƒe ame tiatiawo dome o. Etsɔ eɖokui ɖo wo ŋkume le ŋutilã me abe amegbetɔ ɖesiaɖe ene. Wosee, wokpɔe eye wote ŋu ka asi eŋu gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enye gbɔgbɔ, si te ŋu toa gliwo kple ʋɔtruwo me. Eƒe agbe yeyea fia amesiwo míanye ne míeyi edzi le eme la mí. Eƒe tsitretsitsi ŋutilãe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ.

Akɔfafa ka gbegbee nye si! Tsitretsitsia gbe eƒe nusrɔ̃lawo le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o, ke boŋ eƒo nu na wo kple Easter gbedoname be: “Ŋutifafa nanɔ mia gbɔ!” Gbedoname sia fia be to eƒe ku me la, edzra xexeame kple Mawu dome ɖo. Ŋutifafa te kaka tso dziƒo va anyigba dzi, eye ɣeyiɣi yeye aɖe dze egɔme, si Kristo tsɔ sa vɔe. Míawo ŋutɔ gbɔe wòtso be míatiae nenye be míaxɔe alo agbee. Amegbetɔ ƒe agbanɔamedzie wònye be wòakpɔ ɖeɖe. Ame si trɔ dzime eye wòxɔ Yesu dzi se la kpɔa gome le eƒe yayra me. Amesi va kpe ɖe Ŋutifafafia la ƒe ha me la, eƒe vɔsa tɔxɛa nye ame dzɔdzɔe, abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Esi wobu mí ame dzɔdzɔewo le xɔse me ta la, ŋutifafa le mía kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.”

GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu Kristo, tsitre tso ame kukuwo dome, Ŋutifafafia, míede ta agu ɖe ŋgɔwò le dzidzɔ kple akpedada me, elabena mèva be yeadrɔ̃ ʋɔnu mí alo ahe to na mí o, ke boŋ be yeaɖe yeƒe amenuveve afia mí eye yeaɖe mí tso mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dzimaxɔse me , be wòana wò ŋutifafa mí eye míagaɖo míaƒe hadede kple Mawu me. Wò ɖeɖe menye míaƒe agbagbadzedzewo ƒe kutsetse o, ke boŋ amenuveve ƒe nunanae. Kpe ɖe mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe futɔwo ŋu be woanya wò amenuveve; ne woaxɔ mi, eye womaganɔ fuléle Mawu kɔkɔe la me o.

BIABIA:

  1. Gɔmesese kae le nyagbe gbãtɔ si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi megbe la ŋu?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 30, 2025, at 04:28 PM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)