Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
b) Nukpɔsusu vovovowo le amewo kple Aɖaŋudeha Kɔkɔtɔ la dome le Yesu ŋu (Yohanes 7:14-53)YOHANES 7:45-49 Esime Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, Farisitɔwo ƒo ƒu kple mɔkpɔkpɔ be yewoƒe dɔlawo alé Yesu akplɔe ava yewo gbɔ. ‘Nunɔlawo ƒe tatɔwo’ nye agbɔsɔsɔfianya, togbɔ be nunɔlae nɔ zi me na Aɖaŋudeha Kɔkɔtɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me hã. Gake Roma kplɔlawo ɖea ŋutsu siawo le dɔ me ɣeaɖewoɣi. Esia tae nunɔla geɖewo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me siwo Roma tia; wo katã wonye nunɔlawo ƒe ƒomewo me tɔwo. Ŋutsu siawo nye Zadukitɔ siwo tsia tre ɖe nuŋububu faa ŋu, eye Farisitɔwo ƒe sedziwɔwɔ melɔ̃a wo o. Farisitɔwo bɔbɔ nɔ nunɔlawo xa le Aɖaŋudeha la me. Wogbe Helatɔwo ƒe nukpɔsusu eye wotsɔ se la wɔ woƒe xɔse kple woƒe akpaa ƒe dɔwɔwɔwo. Woƒe dzi sẽ hede bubu Mawu ŋu le agbanɔamedzi ta. Farisitɔwo kple Zadukitɔwo do dziku le esi womete ŋu lé Yesu o ta. Gake nusrɔ̃lawo ya mesubɔ abe eƒe amedzikpɔlawo ene o, eye ameha la hã mewɔe nenema o, gake eƒe nyawo wɔ dɔ ɖe amesiame dzi vevie ale gbegbe be dzi menɔ wo ƒo tsɔ kɔsɔkɔsɔ blae o, esi wonya Mawu ƒe ŋusẽ si dona tso eme. Esi Farisitɔwo se nya sia la, wodo vlo gbedoxɔdzikpɔlawo be: “Miawo hã miewɔ ɖeka kple ameblela sia? Aɖaŋudeha la me tɔ bubumewo dometɔ aɖeke mexɔ edzi se o. Xɔsetɔ si ƒe susu le nu ŋu madze Galileatɔ sia yome o.” Ame geɖe lɔ̃ Yesu vavã, gake ame tsɛwoe wonye. Wo dometɔ aɖewoe nye ame siwo wodo vloe, fiafitɔwo kple ame vɔ̃ɖiwo. Ebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu kpli wo, tsɔ eƒe anyinɔnɔ de bubu wo ŋu. Gake mawuvɔ̃lawo do vlo hadomegbenɔnɔ ƒe hatsotso sia si wobu be woƒo fi de. Wotsɔ senyawo ƒe ŋkumeɖobolo kpɔ wo. Le nyateƒe me la, ame siawo siwo wodo vloe lae dze Yesu yome. Wo dometɔ aɖewo ʋu woƒe nuvɔ̃wo me na Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Eya ta kplɔlawo lé fu amehawo, eye woŋlɔ be be yewodoa gbe ɖeka hewɔna ɖe kɔnu ɖeka ma ke dzi. Ameawo katã wɔa nu blibo aɖe metsɔ le masɔmasɔ kple mama siwo le hatsotsoawo dome me o. YOHANES 7:50-53 Nikodemo ƒe dzi medzɔ ɖe Aɖaŋudeha la ƒe fuléle ŋu o. Edo go Kristo si ɖee fiae be ehiã be woagbugbɔ ye adzi. Ŋutsu sia gakpɔtɔ nɔ Yesu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te eye wòdi be yeade nu nyaa me ɖe ye teƒe, evɔ megblɔe le dutoƒo be yetsɔ ɖe le Yesu me o. Eɖo ŋu ɖe se si nɔ dɔ wɔm si meɖe mɔ be woatso afia ne amesi ŋu wotsɔ nya ɖo mele o la ŋu. Gake ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu fewu le Nikodemo ƒe dzitsinya ŋu. Ne ʋɔnudrɔ̃ƒea bɔbɔ nɔ anyi gɔ̃ hã la, eƒe akpa gãtɔ anye ɖoɖowɔɖi; anɔ te ɖe alakpanutsotsowo dzi abu fɔ ame maɖifɔwo. Le nugbeɖolawo gome la, nyateƒe si wònye be aʋatsonyagblɔɖilae wònye la nye kpeɖodzi si sɔ elabena etso Galilea – nuto si Yudatɔwo doa vloe le esi wòwɔa se dzi le mɔ si mebɔ o ta. Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke meɖee fia be Mesia alo nyagblɔɖila si ŋugbe wodo la atso Galilea le ŋkeke mamlɛawo me o. Esi Farisitɔwo ka ɖe woƒe numekukua dzi ta la, woɖu fewu le Nikodemo ŋu. Mlɔetɔa adi be yeatsɔ Yesu aɖo wo ŋkume be wòatsɔ eƒe nya sesẽwo aƒoe ɖe wo nu, abe alesi eya ŋutɔ ka ɖe edzi va yi ene. BIABIA:
|