Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
b) Nukpɔsusu vovovowo le amewo kple Aɖaŋudeha Kɔkɔtɔ la dome le Yesu ŋu (Yohanes 7:14-53)YOHANES 7:37-38 Le azãɖuɣia la, Yesu gaɖe gbeƒã le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Ameha la nɔ lalam be nunɔla la nakɔ tsi ɖe vɔsamlekpuia dzi. Nunɔlawo ge ɖe eme kple dzidzɔ be yewoakɔ tsi sia ɖe Mawu ŋkume, si nye akpedadavɔsa, si nye yayra siwo wokpɔ mɔ na tso Wɔla la gbɔ na ƒe si gbɔna la ƒe dzesi. Wotu kɔnyinyi sia ɖe Yesaya ƒe nyawo dzi be: “Mitsɔ dzidzɔ aku tsi tso ɖeɖekpɔkpɔ ƒe tsidzɔƒewo me” (Yesaya 12:3). Yesu kpɔ luʋɔ siwo tsikɔ nɔ wuwum, siwo togbɔ be wowɔ kɔnuawo katã hã la, womenya ɖeɖekpɔkpɔ o. Edo ɣli na ameha si di vevie be, “Miva gbɔnye ne miano agbetsi la faa. Amesiwo katã tsikɔ le wuwum la nava gbɔnye. Nyee nye agbedzɔƒe.” Amesiwo medi be yewoakpɔ Mawu ƒe agbenɔnɔ o la mava xɔname o. Gake Yesu gblɔ na amesiwo yɔe be: “Amesiame si xɔ dzinye se, eye wòva kpe ɖe ŋunye la, eva zua yayratsoƒe na ame geɖewo. Ŋɔŋlɔ la de dzi ƒo na mi be miaxɔ dzinye ase, eye Mawu de se na mi be miava gbɔnye eye miakpɔ agbe kple dzidzɔ.” Ame si te ɖe Yesu ŋu dzinɔameƒotɔe eye wòno eƒe nyawo la, eƒe Gbɔgbɔ yɔe fũ eye wòtrɔ. Tsikɔwuame va zua dzɔtsoƒe; ame vɔ̃ɖi ɖokuitɔdila la va zua subɔla nuteƒewɔla. Ðe nèkpɔ Yesu ƒe belélename si nye beléle na wò le nukpɔkpɔ me kpɔa? Edi be nàzu vudo si me tsi si me kɔ. Wodzia susu vɔ̃wo ɖe wò dzi me godoo. Gake Yesu ate ŋu akɔ wò dzi kple nu ŋu ale be nàzu yayratsoƒe na ame geɖe. Menye ɖeko Yesu ƒe taɖodzinue nye be yeaklɔ wò susu kple luʋɔ ŋu o, ke boŋ wò ŋutilã hã. Àzu vɔsa gbagbe si dzea Mawu ŋu, anɔ ame siwo bu la subɔm. Yesu di be nàkɔ ye ŋu bliboe, ale be màganɔ agbe na ɖokuiwò o, ke boŋ nàzã wò ŋusẽ faa atsɔ asubɔ ame bubuwo. Ame sia ame si abɔbɔ eɖokui ɖe Yesu te nɔnɔme aɖeke manɔmee la azu yayra na ame geɖe. YOHANES 7:39 Ame sia ame si xɔ Yesu dzi se la xɔa Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana. Gbɔgbɔ la ƒe ɖiɖi ɖe amegbetɔ dzi nye míaƒe dzidzimea ƒe nukunu. Míegakpɔtɔ le agbe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɣeyiɣia me. Menye mawudɔla alo gbɔgbɔe wònye o, ke boŋ Mawu ŋutɔ, si yɔ fũ kple kɔkɔenyenye kple lɔlɔ̃. Gbɔgbɔ la le abe dzobibi dzadzɛ kple ƒutsotsoe sesẽ aɖe ene. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enye Akɔfala fatu. Kristotɔ vavã ɖesiaɖe zua Gbɔgbɔ Kɔkɔe sia ƒe gbedoxɔ. Wometsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ sia na le xexeame katã le Kristo ƒe ɣeyiɣi me o, elabena nuvɔ̃wo ma amewo ɖa tso woƒe Mawu gbɔ. Vɔ̃ɖinyenye ƒe towo wɔ dɔ abe mɔxenu ene le Gbɔgbɔ la kple amegbetɔwo dome. Gake le eƒe ku kple dziƒoyiyi megbe la, Yesu bɔbɔ nɔ Fofo la ƒe nuɖusi me eye wòdɔ eƒe Gbɔgbɔ le ɖekawɔwɔ me kple Fofo la ɖe xɔsetɔwo katã gbɔ. Mawu nye Gbɔgbɔ eye wòle afisiafi. Eyata ate ŋu anɔ xɔsetɔ si xɔ eƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to Kristo ƒe ʋu me la me. Nɔvi, ɖe nèxɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔa? Ðe Kristo ƒe ŋusẽ yɔ wò fũa? Va Yesu gbɔ, amesi nye gbugbɔgadzɔ kple teƒeɖoɖowo tsoƒe. Edo ŋugbe na wò be: “Amesi va gbɔnye la, dɔ mawui gbeɖe o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.” Ame sia ame si xɔe se la, abe alesi Ŋɔŋlɔ la gblɔe ene la, tsi gbagbewo ƒe tɔsisiwo atso eƒe akɔnu ayi ame bubuwo gbɔ. YOHANES 7:40-44 Nyasela aɖewo kpɔ ŋusẽ si le nyateƒea ŋu le Yesu ƒe nyawo me eye wobɔbɔ wo ɖokui ɖe ŋusẽ ma te. Woʋu eme le gaglãgbe be enye nyagblɔɖila si nya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòde dzesi amegbetɔwo ƒe dzi me nya ɣaɣlawo. Eyae nye nyagblɔɖila si ƒe ŋugbe wodo na Mose, amesi wòle be wòakplɔ dukɔa tso aʋadziɖuɖu me ayi aʋadziɖuɖu me le hadede kple Mawu me. Aleae wo dometɔ aɖewo tsɔ dzideƒo ʋu emee be Nazaretetɔ lae nye Mesia si ŋugbe wodo la vavã. Ke hã, agbalẽfialawo tsi tre ɖe eŋu be: “Ao! Nazaret ye wòtso, gake ele be Mesia la natso David kple eƒe dzidzimeviwo ƒe du me.” Nyateƒee, Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi. Ekema nukatae Yesu megblɔ na wo be Betlexem ye wodzi ye ɖo o? Numeɖeɖe aɖewo siwo ate ŋu anɔ emee nye esi: Gbã la, Herodes ƒe ƒomea magblẽ fia aɖeke ɖi agbagbee le woƒe fiaƒomea godo o. Wolɔ̃ faa be yewoawu ame akpe ewo be ŋusẽ nanɔ yewo si. Evelia, didi aɖeke menɔ Yesu me be yeato ŋutinya me kpeɖodziwo dzi awɔ nusrɔ̃lawo o. Elɔ̃ be yeatu woƒe kakaɖeamedzi ɖo kple lɔlɔ̃ kple alesi wobua yeƒe dziɖulanyenye. Eya ta ehe ame siwo xɔe se evɔ womekpɔe o la va eɖokui gbɔ. Nyaʋiʋlia gasẽ ɖe edzi eye ameha la me mã. Ame aɖewo ʋu eme be eyae nye Mesia la evɔ ame bubuwo ya gbee. Gbedoxɔa me subɔlawo nɔ mɔnukpɔkpɔa lalam be yewoalée. Gake eƒe nyawo ƒe gãnyenye si nye dziɖulagã la xe mɔ na wo eye womete ŋu te ɖe eŋu o. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míedea ta agu na wò le wò lɔlɔ̃ kple gãnyenye ta. Wòe nye agbedzɔƒe. Èva kpe ɖe mía ŋu to xɔse me. Wòe ɖo wò Gbɔgbɔ ɖe mí. To xɔse me la, miaƒe mawunyenye zu mía tɔ, nuvɔ̃wɔlawo. Elabena ètsɔ wò ʋu kɔ mí ŋu eye míele agbe tegbee. BIABIA:
|