Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
Home -- Ewe -- John - 051 (Disparate views on Jesus) This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
b) Nukpɔsusu vovovowo le amewo kple Aɖaŋudeha Kɔkɔtɔ la dome le Yesu ŋu (Yohanes 7:14-53)YOHANES 7:31-32 Togbɔ be masɔmasɔwo nɔ Yerusalem hã la, ame geɖe te ŋusẽ si le dɔ wɔm le Yesu me dzixɔxɔ se. Wogblɔ na wo ɖokui be, “Ðewohĩ Eyae nye Mesia la le nyateƒe me; elabena ewɔ nukunu gãwo.” Yesu na amesiwo megbɔa eme boo o va xɔ edzi se. Míekpɔe be nusrɔ̃lawo nɔ esi le fiadu me gɔ̃ hã. Le ŋkutsalaawo ƒe nyatakakaa megbe la, Farisitɔwo kpɔe dze sii be gbugbɔgadzɔ dze egɔme le ameawo dome eye be yewoƒe habɔbɔa le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Yerusalem. Ete ɖe wo dzi eye wodze agbagba be yewoawɔ nu aduadu kple ƒuƒoƒo si nɔ ho ʋlim kpli wo, nunɔlawo kple Zadukitɔwo. Wodi be yewoazi gbedoxɔa me tɔwo dzi be woanya Yesu ɖa. Nunɔlawo lɔ̃ be yewoawɔ ɖeka kple Farisitɔwo alé Yesu. Aƒetɔ la ƒe dɔlawo ƒo xlã mawume nufiala la eye woxe mɔ na dɔlawo be woagawɔ ɖe woƒe amegãwo ƒe sededewo dzi o. Yesu kpɔ wo wonɔ tetem ɖe eŋu, gake mesi o. Ke boŋ eɖe eƒe ŋutikɔkɔe, si nyanyuigblɔla la gblɔ na mí be enye Mawu ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si wògblɔ ɖi la fia. YOHANES 7:33-36 Yesu ɖe gbeƒãe na eƒe futɔwo be ɣeyiɣi vi aɖe agasusɔ le wo dome. Enya xoxo be yeaku abe Mawu ƒe Alẽvi la ene. Enya ɣeyiɣi si me wòfɔ eƒe tsitretsitsi, eƒe dziƒoyiyi kple eƒe tɔtrɔgbɔ va Fofo la gbɔ hã. Yesu di vevie be yeanɔ Fofo si dɔe ɖa be wòaxɔ mí la gbɔ. Le lɔlɔ̃ na mí ta la, ekpɔtɔ nɔ xexe si didi tso eƒe dziƒoƒe gbɔ. Yesu kpɔe do ŋgɔ be yeƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi awɔ nuku na yeƒe nusrɔ̃lawo. Ate ɖe wo dzi ne gbɔgbɔmeŋutilã la meɖe mɔ na wo be woayi dziƒo kplii o. Enya hã be yeƒe futɔwo adi yeƒe kuku ‘si bu’ la ne edo le yɔdo si wotre nu na la me vɔ. Baba na amesiwo melɔ̃ Ðela la o! Womate ŋu akpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me alo ayi dziƒo o. Woƒe nuvɔ̃wo ama wo ɖa tso Mawu gbɔ. Dzimaxɔse nana womeganɔa amenuveve ƒe afisi o. Yudatɔwo mese Yesu ƒe nyawo gɔme o eye woxɔe se be edi be yeasi ayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo le Helatɔwo ƒe du siwo ƒo xlã Mediterranea-ƒua me. Anye ne eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ nusrɔ̃lawo le amesiwo menya Ŋɔŋlɔawo o dome hafi. Ame aɖewo ɖu fewu le eŋu be: “Ðewohĩ edi vevie be yeazu nuƒola xɔŋkɔ aɖe eye yeatsɔ yeƒe nukpɔsusuwo aɖo Hela xexemenunyalawo ŋkume be yeakplɔ wo ayi Mawu gbagbe la gbɔ.” Esime Yohanes ka nya ta le Yesu ƒe nuƒowo kple nudzɔdzɔ siawo ŋu la, enɔ Efeso le Helatɔwo dome. Xɔname ŋuti nya nyuia ɖo Yudatɔ siwo nɔ afima gbɔ. Helatɔ geɖewo xɔ Kristo dzi se. Nyanyuigblɔla la kpɔe le Yesu ƒe nyawo kple Yudatɔwo ƒe fewuɖuɖu me be wokpɔe dze sii be Yesu nye nufiala gã aɖe le Helatɔwo dome. Metsɔa xexemenunya ƒuƒlu siwo hea mɔkpɔkpɔbuɖeame vɛ o. Eyae nye agbenala; ŋusẽ si megbɔdzɔna gbeɖe o la dona tso eme. BIABIA:
|