Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
B - Nudzɔdzɔ Siwo Gbɔna Aƒetɔ La Ƒe Finuðuðu (Yohanes 13:1-38)
2. Alakpatɔa ƒo nu tsi tre ɖe eŋu eye wòɖe fu nɛ (Yohanes 13:18-32)YOHANES 13:18-19 Yuda nɔ agbe nublanuitɔe, eye melɔ̃a ɖokuibɔbɔ alo subɔsubɔ o. Etia ŋutasẽnuwɔwɔ, dziɖuɖu kple ametafatafa. Edi be yeawɔ nu ɖe Yesu ŋu alakpatɔe. Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be yeazi Kristo dzi wòaxɔ ŋusẽ. Futɔe wònye le dzi me, eye wòdi be yeagbã Yesu ahaɖo nugbe be yeawui. Edo kpo nusi lɔlɔ̃ fia la dze sii. Enye dada esime Yesu bɔbɔ eɖokui. Dada, dziɖuɖu kple ŋutasẽnuwɔwɔ yɔ Yuda fũ, evɔ Yesu ya tiae be yeayi edzi anye subɔla ɖokuibɔbɔla kple tufafa. Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo dzram ɖo ɖe gaƒoƒo si me woade ame asi la ŋu, ale be womagake ɖi eƒe Aƒetɔnyenye o, ne wotsɔe de asi na trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã. Eyae nye Aƒetɔ la ŋutɔ, si ɖia ɖase do ŋgɔ le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gaƒoƒoa ŋu, eye wòyɔa eɖokui be: “Nyee.” Mawu zã nyagbɔgblɔ sia ke tsɔ ɖe eɖokui fia Mose le gbe si le bibim la me. Edi be yeaɖo kpe yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe xɔse dzi to kpeɖodzi mawo tɔgbe siwo ku ɖe yeƒe mawunyenye ŋu me eye wòato esia me axe mɔ na wo be woagage ɖe ɖikeke kple tetekpɔ me o. YOHANES 13:20 Yesu na ablɔɖe eƒe nusrɔ̃lawo tso vɔvɔ̃ me le eƒe léle kple ku ŋu. Sedede si wòde na wo kple eƒe anyinɔnɔ akpɔ wo ta. Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa hekplɔ wo ɖo. Eƒe dɔlawo meyina le woawo ŋutɔ ƒe ŋkɔ me o, ke boŋ le woƒe Aƒetɔ ƒe ŋkɔ me. Ame sia ame si axɔ wo la, exɔa Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la. Ame si xɔ woƒe nyawo dzi se la, ezua Mawu ƒe vi. Dɔdasi sia sesẽ elabena ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ, lɔlɔ̃ na futɔwo, kutrikuku le ahedada me kple dzidzɔkpɔkpɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Togbɔ be ele alea hã la, wonya be Mawu gakpɔtɔ le yewo me. Afisiafi si woyi la, ekplɔa wo ɖo. Eƒe Gbɔgbɔ la fiaa mɔ wo le afisi wòdi be woasubɔ le, le eƒe ɖoɖowo nu, ale be eƒe dɔa nawu enu. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu Kristo, kpe ɖe ŋunye makpɔe be nyemate ŋu anɔ Wò me ne nyemezu Wò dɔla o. Medi be nànye kpɔɖeŋu le nye agbe me ɣesiaɣi, be nàyi edzi abɔbɔ ɖokuiwò le kpekpewo me eye nànye subɔla le nye ƒomea me. Mègaɖe mɔ nam be mana teƒe Satana le nye dzi me o. Kpe ɖe ŋunye be nyemaƒo nu tso subɔsubɔdɔa ŋu ko o, ke boŋ mawɔe kple wò ŋusẽ kple nunya. BIABIA:
|