Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 081 (Jesus washes his disciples' feet)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
B - Nudzɔdzɔ Siwo Gbɔna Aƒetɔ La Ƒe Finuðuðu (Yohanes 13:1-38)

1. Yesu klɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo (Yohanes 13:1–17)


YOHANES 13:1-5
1 Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo. 2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi. 3 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. 4 Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. 5 Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ.

Tso ta sia me la, Yohanes ʋu yi afɔɖeɖe yeye kple nyati yeye aɖe dzi. Do ŋgɔ la, Yesu yɔa amewo le goawo katã me; nublanuitɔe la, woɖo kpe nuŋɔŋlɔ si nye “Kekeli klẽna le viviti me eye viviti mexɔe o” dzi le wo me. Eyata ɖe Yesu do kpo nua? Ao! Esi amegbetɔwo katã mexɔe o ta la, gake Aƒetɔ la tia ame aɖewo siwo nɔ klalo eye wotrɔ dzime eye wòtsɔ wo de eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒoa me. Le ta siawo me la, míaxlẽ ale si Yesu ƒo nu na ame tiatiawo, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃a le nu ƒom na eƒe ŋugbetɔ ene. Wo tɔe wònye abe alesi woawo hã wonye etɔ ene. Mawu ƒe lɔlɔ̃ va zua nuƒo siawo ƒe nyagbɔgblɔ. Lɔlɔ̃ sia mesɔ kple ɖokuitɔdidi ƒe seselelãme dzrowo o, elɔ yɔyɔ be woasubɔ ɖe eme. Le Biblia me la, lɔlɔ̃ bia be ame natsɔ eɖokui ana le ɖokuibɔbɔ blibo me na amesiwo medze nɛ o. Le nuƒo siawo me la, Yesu ɖe eƒe nɔnɔme siwo nya kpɔ wu la fia eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòɖe eƒe lɔlɔ̃ me to subɔla ƒe nɔnɔme nana me, si nye eƒe agbe, eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ƒe kpɔɖeŋu.

Yesu ɖe gbeƒãe be yeƒe ku ava do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia. Fofoa gbɔe wònɔ yiyim. Ðe esia hã nye wò mɔfiamea? Enɔ xexeame, gake eƒe ŋku nɔ Fofoa ŋu ɣesiaɣi. Exɔ ŋusẽ, mɔfiame kple dzidzɔ tso egbɔ be wòado dzi le ame vɔ̃ɖi mawo tɔgbe me. Esi wòwɔ ɖeka kple Mawu la, ekpɔe be Satana nɔ susu vɔ̃wo ƒom ɖe nusrɔ̃la aɖe ƒe dzi me. Ŋutsu sia ɖe mɔ vivivi be ŋukeklẽ, dada kple fuléle ɖu eɖokui dzi. Ke hã, Yesu melé fu alakpatɔ la o, ke boŋ elɔ̃e kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ va se ɖe nuwuwu.

Menye ɖe Yesu nɔ eɖokui gblẽm ɖi na alakpatɔ la abe ɖe nudzɔdzɔa nye nusi womate ŋu aƒo asa na o ene o. Menye Yuda, alo Kayafa, alo Herodes, alo Pilato, alo Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo kple amehawoe atso nya me le nusi ava dzɔ ŋu o, gake le eƒe ŋukpe kple ɖokuibɔbɔ ta la, Fofo la tsɔ susuwo katã de eya kple amegbetɔwo te. Eɖoe be yeaku abe Mawu ƒe Alẽvi ene eye wòtia yeƒe gaƒoƒo. Le nudzɔdzɔ veve siwo kplɔe ɖo me la, mebu eƒe dzɔtsoƒe kple eƒe tameɖoɖo gbeɖe o. Yesue nye Aƒetɔ si trɔa ŋutinya ƒe zɔzɔme.

Kristo medi be yeatrɔ ayi Fofoa gbɔ o, ke boŋ ehe eƒe nusrɔ̃lawo va hadede si me Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le la me. Esi wòklɔ woƒe afɔwo la, efia ɖokuibɔbɔ wo eye wòtsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ de dɔwɔwɔ me. Eto esia me va zu dɔla. Ewɔ eɖokui ame suetɔ kekeake, ale be ame tsɛwo le wo dome nate ŋu asrɔ̃e be Mawu subɔa ameƒomea. Aƒetɔ la meɖua dzi le vuvɔ me alo le ɖekematsɔleme me o, ke boŋ edzea klo be yeaklɔ mía ŋu ahatrɔ mí míazu eƒe tufafa ƒe nɔnɔme.

Yesue nye míaƒe kpɔɖeŋu deŋgɔ. Ɣekaɣie míabɔbɔ ade ta agu nɛ? Ɣekaɣie míatrɔ míaƒe susu ahabɔbɔ míaƒe akɔta siwo sesẽ eye womate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu o?

Nɔviŋutsu, zi alesi mègbã o, nèle nɔviwòwo subɔm, nèlɔ̃ wò futɔwo alo nèle be lém na amesiwo le veve sem o ko la, menye Kristotɔ vavãe nènye o. Dɔla alo aƒetɔ nènyea? Ðo ŋku edzi be Yesu nye ameƒomea katã ƒe subɔla, ebɔbɔna be yeasubɔ wò. Ðe nàxɔ subɔsubɔdɔ sia loo alo ɖe nèsusuna dadatɔe be yenyo eye yemehiã subɔsubɔ tso Mawu gbɔ oa?

YOHANES 13:6-11
6 Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?” 7 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.” 8 Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.” 9 Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.” 11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi.

Nusrɔ̃lawo mevo o esi wokpɔ woƒe Aƒetɔ wònɔ afɔ klɔm. Ne ɖe wonya nusi wòawɔ le ‘Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua’ megbe la, anye ne woklɔ woawo ŋutɔ ƒe afɔwo le wo ɖokui si. Menye ɖeko woƒe Aƒetɔ la bla nu yeye aɖe le woa kple Mawu dome ko o, ke efia nubabla ma me nyawo kple gɔmesese hã wo: menye naneke si mede lɔlɔ̃ kple subɔsubɔdɔ si wowɔna ŋutɔŋutɔ nu o.

Petro nye nusrɔ̃la si doa adegbe wu eye wòdoa vevie nu wu. Medi be Yesu nasubɔ ye o; eyata edze agbagba be yeaxe mɔ nɛ evɔ mebu nya siwo Yesu gblɔ nɛ ŋu o. Emegbe Yesu ɖe afɔklɔ ƒe nya ɣaɣla la me na nusrɔ̃lawo katã, abe ɖe wòle nu ƒom na mí ene be: “Ne ŋutiklɔdzo manɔmee la, gome aɖeke mele mia si le fiaɖuƒe la me o, eye ne wometsɔ nu vɔ̃wo ke mi o la, miate ŋu anɔ menye o.” Klɔklɔ to eƒe ʋu me nɔa anyi ɖaa eye anyinɔnɔ le ŋutiklɔdzo sia me yia edzi ɖaa. Eyae nye amesi léa mi ɖe asi le eƒe amenuveve kple hadede kple Mawu Vi la me.

Le kekeli ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, Petro lé ŋku ɖe eƒe asi siwo wɔ vɔ̃ ŋu eye wòbu eƒe susu blewu le Mawu ƒe ɖoɖo gɔmesese me ŋu. Ŋu kpee eye wòbia be woakɔ yeƒe amenyenye bliboa ŋu. Yesu ka ɖe edzi nɛ be: “Amesi va gbɔnye la, ekɔna bliboe le eƒe xɔse me.” Eyata míesrɔ̃e be míehiã ŋutiklɔdzo tɔxɛ alo kɔkɔenyenye bubu aɖeke o, elabena Yesu ƒe ʋu kɔ mí ŋu tso nuvɔ̃wo katã me. Kɔkɔenyenye gã alo deblibo aɖeke meli wu nuvɔ̃ tsɔtsɔke to Eƒe ʋu me o. Ne míele zɔzɔm la, míeƒoa ke nu ƒu edziedzi. Nenema ke míedoa gbe ɖa ɣesiaɣi be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke.” Togbɔ be ɖeko wòhiã be Mawu viwo naklɔ afɔ gbesiagbe hã la, xexe sia me viwo hiã dzadzɛnyenye blibo.

Yesu lé ŋku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ be, “Mia ŋuti kɔ.” Ekpe wo be woage ɖe nubabla la me kple Mawu. Alẽvi la ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be wòate ŋu anɔ eƒe Mawu ƒe hadede me. Ame aɖeke mele dzadzɛ le eɖokui me o, ke boŋ Kristo ƒe ʋu kɔ mí tso nuvɔ̃wo katã me.

Nublanuitɔe la, menye ame kɔkɔewo katãe eƒe nusrɔ̃lawo nye o, eye nenema kee wòle egbea hã. Ame aɖewo wɔa abe ɖe wotsɔ ɖe le eme na kɔklɔ vevi sia ene eye wowɔa nu abe ɖe woxɔ Kristo ƒe ʋu dzi se ene, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meyɔa wo me fũ o. Satana ƒe gbɔgbɔ ƒoa wo ɖe fuléle, ŋuʋaʋã, dada kple ahasiwɔwɔ me. Eyata zi geɖe le mawuvɔ̃lawo dome la, ame siwo me gbɔgbɔ nyɔŋuwo kple galɔlɔ̃ le la nɔa anyi. Yesu di vevie be yeaklɔ wò afɔ gbesiagbe, aɖe wò tso nuvɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe me, eye yeaklɔ wò keŋkeŋ hena hadede kple Mawu. Dzro ɖokuiwò kpɔ, dɔlae nènye loo alo aƒetɔ nènyea?

GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míeda akpe na wò be nèɖe ŋutikɔkɔe le ɖokuiwò ŋu eye nèɖi va mía gbɔ, ame makɔmakɔwo. Èbɔbɔ ɖokuiwò be yeaklɔ wò nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo, eye nèkɔ míaƒe dziwo ŋu tso nu vɔ̃ me. Míele ta dem agu na wò hele kuku ɖem na wò be nàɖe mí tso dada ƒe susuwo katã me, ne míabɔbɔ azu wò dɔlawo. Kpe ɖe mía ŋu be míazu suetɔ kekeake le wo katã dome eye míanɔ klalo be míasubɔ wò le míaƒe hame kple ƒomea me.

BIABIA:

  1. Gɔmesese kae le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ ŋu?

YOHANES 13:12-17
12 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? 13 Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14 Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15 Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la. 16 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o. 17 Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.

Yesu metsɔ nya tsɛwo dze eƒe gbedoname nuƒoa gɔme o. Zi geɖe la, viɖe boo aɖeke menɔa nya mawo ŋu o negbe ɖe wotsɔ wo de dɔwɔwɔ me hafi. Ebia eƒe nusrɔ̃lawo be wose gbedasi si le eƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔa me gɔme hã be: “Miʋu ŋku ne miakpɔ ɖa, mele mia gbɔ abe mia dometɔ ɖeka ene. Nyemenɔ anyi ɖe fiazikpui dzi hele mia lém ɖe nye afɔ nu abe kluviwo ene o. Ao! Meɖe ŋutikɔkɔe le ɖokuinye si eye mezu mia dometɔ ɖeka. Gawu la, megblẽ nye nɔƒe si nye nufiala kple aƒetɔ ɖi be mava zu subɔla. Ðe nèse mɔfiame si wòle be Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia nayi la gɔme azɔa? Dadala ƒoa adegbe, amesi lɔ̃a ame la bɔbɔa eɖokui eye wòdoa dzi le nusianu me, egbea nu le eɖokui gbɔ eye wòsubɔna le ŋutilã kple nuwɔna me.”

“Miedi be yewoanye nye nusrɔ̃lawo. Nyee nye miaƒe kpɔɖeŋuɖola, nyemeƒoa nu ko o, ke boŋ metsɔa nye nufiafiawo dea dɔwɔwɔ me. Kpɔm ɖa: Dɔlae menye. Ne miedi be yewoadze yonyeme la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye misubɔ mia nɔewo. Ame sia ame si di be yeanye ame gbãtɔ le mia dome la, eyae nye suetɔ kekeake. Gake amesi subɔa ame bubuwo tufafatɔe eye wòtsia sue la, enye gã vavã.”

“Mègasusui be Sɔlemeha la nye ame kɔkɔe deblibowo ƒe ƒuƒoƒo o. Amesiame le ame ɖeka zuzu ƒe ɖoɖo me. Mekɔ wo katã ŋu eye wole kɔkɔe le gɔmeɖose nu. Gake hamevi ɖesiaɖe hiã dzigbɔɖi kple ɣeyiɣi hafi wòatsi le gbɔgbɔ me. Ame sia ame nɔa tsaglãla tsam hedzea anyi. Esiae nye nye agba kple nye sedede: mitsɔ miaƒe vodadawo kple miaƒe nuvɔ̃wo ke mia nɔewo. Mègadrɔ̃ ʋɔnu ɖokuiwò o, ke boŋ kpe ɖe ɖokuiwò ŋu. Migaklɔ ame bubuwo ƒe ta o, ke boŋ woƒe afɔwo. Mele be ame aɖeke nawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nu tsɛe o; nɔviwo mienye. Ne miewɔ esia la, miakpɔe be mewɔe xoxo: Nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ be masubɔ. Nye agbe nye subɔsubɔ, vɔsasa kple gbegblẽ ɖi na amewo katã.”

“Medɔ mi ɖe xexeame, mi lɔlɔ̃ ƒe apostolowo. Ame si wodɔ la lolo abe ame si dɔe ɖa ene. Wò dɔ gbãtɔe nye be nàzu dɔla abe nye ene. Ne èkpɔ esia dze sii la, àse Kristotɔnyenye ƒe nyagbɔgblɔ kple ŋudzɔnɔnɔ ƒe nya la gɔme.”

“Nye gɔmeɖose evelia: ne ènya nusiawo la, dzi adzɔ wò, ne èwɔ wo dzi ko. Menye lɔlɔ̃ ŋu koe meƒo nu tsoe o; Mesrɔ̃e.” Subɔsubɔdɔ nye dɔsesẽwɔwɔ kple vɔsasa, ke menye nyagbɔgblɔ, gbedodoɖa, kple seselelãme dzro aɖe ko o. Subɔsubɔ ƒe didi le xɔsetɔ si woʋãna be wòawɔ lɔlɔ̃dɔ vovovowo la ƒe nɔnɔme me. Ame si mesubɔna o la menye xɔsetɔ o godoo. Gbedodoɖa siwo ɖina sesĩe siwo me kpekpeɖeŋunana nuwɔna aɖeke mele o nye alakpanuwɔwɔ. Dɔ nyui wɔwɔ meɖea wò o; Kristo ƒe ʋue ɖea ame. Gake ne èbɔbɔ ɖokuiwò na nublanuitɔwo, ame siwo le tsaglãla tsam, eye nèsubɔ wo ɣesiaɣi la, Mawu ƒe dzidzɔ ayɔ wò fũ. Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nyui la tsyɔa Kristo subɔlawo dzi.

Nɔviŋutsu, ɖe nèdi be yeazu aƒetɔ kple nufialaa? Kpɔ Yesu ɖa. Eyae nye nufiala si nyo wu. Etsi tre ɖe ŋkuwòme abe dɔla ene. Ðe nèdi be yeatsɔ eƒe nufiafiawo ade dɔwɔwɔ mea? Dze egɔme egbea eye nàsubɔ. Le gbedodoɖa me la, biae be afikae wòasubɔ le, aleke wòasubɔe, kple ameka hã. Ne ènya nusiawo la, dzi dzɔa wò, zi alesi nèle wo wɔm ko.

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 28, 2025, at 06:20 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)