Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Afrikaans -- Albanian -- Arabic -- Armenian-- Azeri-- Bengali -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hebrew -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Malayalam -- Polish -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 2 - Wolé Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Me Ɖe Asi, Le Yakob Ƒe Ame Tiatiawo Ƒe Dzi Sesẽ Megbe Gɔ̃ Hã (Romatɔwo 9:1 - 11:36)
4. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye toa xɔse ɖeɖeko me, ke menye to se dzi wɔwɔ me o (Romatɔwo 9:30 - 10:21)
c) Alesi wòhiã be woaɖe gbeƒã Nyanyui la le Yakob viwo dome (Romatɔwo 10:9-15)ROMATƆWO 10:9-15 Apostolo Paulo dze gbɔgbɔmeʋawɔwɔ gɔme kple Yudatɔwo ƒe Kristotɔwo ƒe hame si nɔ Roma. Egblɔ na wo be gbeƒãɖeɖe Nya Nyui la ƒe ɖoƒe kple nu vovovowo to vovo. Xɔse vavãtɔ dzea egɔme tso dzi me, elabena amegbetɔwo xɔe se kple woƒe dzi. Xɔse sia fia be ame bliboa—susu, dzi, kple ŋutilã—wɔ ɖeka kple Ame si dzi woxɔ se anukwaretɔe. Tsɔ kpe ɖe xɔse ŋu la, ele be aɖea gɔmesese nanɔ anyi. Ele be nyateƒe naklo nu le viviti me. Eye xɔse kple ɖaseɖiɖi do ƒome kple wo nɔewo. Nyateƒee, wotoa xɔse me ɖia ɖase, ale be nyaselawo nase nu gɔme, eye be kakaɖedzi si le ɖasefoa si le eƒe xɔse me la nado ŋusẽ. Gɔmeɖosewo kple nufiafiawo le xɔse ƒe kakaɖedzi si Paulo ŋutɔ kple Kristo ƒe ɖasefo bubuawo tsɔ vɛ la ŋu: 1. Yesu nye Aƒetɔ; Xexeame katã tɔe wònye, eye wotsɔ ŋusẽ katã nɛ. Dawid ɖi ɖase kɔte be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Nɔ anyi ɖe nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ afɔɖodzinu na wò afɔwo’” (Psalmo 110:1). Apostolo Yo-hanes ƒo nu tso ale si Mawu ƒe Alẽvi la bɔbɔ nɔ anyii ŋu tsi-totsito (Nyaɖeɖefia 5:1-14). Paulo ɖi ɖase, tsɔ kafu ame si woklã ɖe ati ŋu, si fɔ tso ame kukuwo dome la, bena, klo sia klo nadze ta agu le Yesu ƒe ŋkɔ me, le dziƒo kple anyigba dzi kpakple anyigba te, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristo nye Aƒetɔ, hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe (Filipitɔwo 2:5-11). Nya kpui si nye, “Yesu nye Aƒetɔ” ye nye Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe nu vevitɔ. Eƒe gɔmesesee nye be Yesu Kristo nye Mawu vavã le Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ƒe ɖekawɔwɔ me; Enɔa agbe heɖua fia le ɖekawɔwɔ blibo me kple Fofoa si le dziƒo. 2. Kristo ƒe ŋutikɔkɔe sia nɔ te ɖe nyateƒe si wònye be Mawu Kɔkɔe la fɔ amesi woklã ɖe ati ŋu la tso ame kukuwo dome be wòanɔ agbe vavã la dzi. Kristo ƒe tsitretsitsi nye Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe sɔti evelia. Ne ɖe womefɔ Amegbetɔvi la ɖe tsitre vavã o la, anye ne eƒe ŋutilã gblẽ keŋkeŋ. Gake etso tso eƒe yɔdo me eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔmeŋutilã ge ɖe gli siwo ŋu kpewo le kple xɔdɔmewo me. Yesu le agbe, evɔ subɔsubɔhawo ɖolawo katã ya ku eye wogblẽ. Eyata Kristo ƒe tsitretsitsi nye eƒe kɔkɔenyenye, aʋadziɖuɖu, ŋusẽ, kple ɖeɖekpɔkpɔ blibo ƒe kpeɖodzi. 3. Ame sia ame si xɔ nyateƒenya siawo dzi se le eƒe dzi me eye wòɖi ɖase na wo kple eƒe aɖe la, woakpɔ ɖeɖe. Kakaɖed-zi sia aʋã wo be woatsɔ dzideƒo kple dzidzɔ aɖi ɖase be Ye-sue nye aʋadziɖula. To woƒe ɖaseɖiɖi me la, woakpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ, Eƒe Gbɔgbɔ, kple Eƒe ŋutifafa me. Eye amesiame si wotu ɖe Kristo dzi eye wòkpɔ woƒe dedienɔnɔ le Eyama me la, dzi maɖe le ƒowò gbeɖe o. 4. Le kakaɖedzi sia ƒe tsitsi me la, Paulo gblɔ be amesiame si xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la, Mawu Kɔkɔe la atso afia nɛ eye wòavo tso woƒe nuvɔ̃wo katã me. Woatso afia na wo le ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa me eye woazu Mawu ƒe gbɔgbɔmeƒomea me tɔ, eye woatsɔ wo ade Kristo ƒe gbɔgbɔmeŋutilã me. Nya siawo ƒe kpukpui enye be xɔsetɔ la bla ɖe Yesu ŋu kplikplikpli tegbee. Le ɖeɖekpɔkpɔ blibo kple dzɔdzɔenyenye gome la, esiawo ava eme to woƒe xɔse ƒe ɖaseɖiɖi be yewonye nuvɔ̃wɔla dzɔdzɔe, si dze Mawu ŋu. Menye ɖaseɖiɖie nye nusi gbɔ ɖeɖekpɔkpɔ tso o, elabena xɔse ɖeɖekoe nye dzɔdzɔenyenye gbãtɔ; ke hã, ɖaseɖiɖi hea dzɔdzɔenyenye sia vɛ, si Mawu na nuvɔ̃wɔla la, eye wòdea to ɖe edzi va ɖoa woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe tsitsi ŋutɔŋutɔ kple nyateƒetɔ gbɔ. Ale, dzɔdzɔenyenye kple ɖeɖekpɔkpɔ tso Kristo gbɔ eye wova eme to xɔsetɔ ƒe ɖaseɖiɖi na woƒe Aƒetɔ kple Ðela me. 5. Le xɔse ƒe dodokpɔ sia si le nubabla yeyea me, kple dzɔdzɔenyenye to amenuveve ɖeɖeko me megbe la, Paulo ƒo ƒoƒo sesẽ aɖe be: Vovototo aɖeke mele Yudatɔwo kple Kris-totɔwo dome nenye be woxɔ Kristo dzi se eye wowɔ yeye to eƒe amenuveve me o. Mawu ɖeka, Ðela ɖeka, kple Ðela ɖeka koe li na wo dometɔ ɖesiaɖe. Menye Abraham alo Mose ye ɖe Yudatɔwo o, ke boŋ Yesu ɖeɖe koe xɔ na. Eyata Kristo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ, eƒe ŋusẽ, eƒe agbe, kple eƒe lɔlɔ̃ ku ɖe Yudatɔwo kple Kristotɔwo ŋu ɖekae. Ame bubu aɖeke meli si woklã ɖe ati ŋu si tsɔ eƒe agbe na abe avuléle na amewo katã ene o, negbe Mawu ƒe Alẽvi fatu la ko, amesi ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa. 6. Paulo ɖee fia kɔte be Yesu nye kesinɔtɔ; emaa eƒe gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple amesiwo katã yɔnɛ eye wònye ke-sinɔtɔ le gbɔgbɔ me na amesiwo katã yɔe (Romatɔwo 10:12-13). Etsɔa eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, eƒe mawumeŋusẽ, kple eƒe lɔlɔ̃ mavɔ naa amesiwo katã yɔnɛ to woƒe dzi ʋuʋu na Yesu Kristo gbagbe la ŋutɔ me, ame kɔkɔewo alo Ðetugbi Nɔaƒe Maria gbɔ mawɔmawɔe. Miaƒe yɔyɔ yi dziƒo, kple miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ, kɔkɔenyenye, kple ɖeɖekpɔkpɔ biabia manɔmee la, naneke madzɔ ɖe mia dzi o. Amenuveve ʋu ɖi na amesiame, gake ele be míabiae (Yoel 3:5). To yɔyɔ sia dede dɔwɔwɔ me me la, míesea Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe gbe wònɔ ɣli dom na mí be: "Abba! ["Abba" nye Aramgbe me nya si ɖevi zãna ne ele nu ƒom na wo fofo. Le afisia la, efia Kristo ƒe lɔlɔ̃ na Fofoa mí. Kristotɔwo hã zãe (Galatiatɔwo 4:6) elabena wozu Mawu viwo to vixɔxɔnyi me.] Fofo!" (Romatɔwo 8:15-16). ROMATƆWO 10:15 Gbɔgbɔ sia fia mí be míaʋu míaƒe nuvɔ̃wo me na Mawu ƒe Alẽvi la, eye míeda akpe nɛ ɖe eƒe ku kple tsitretsitsi ta, kple eƒe lɔlɔ̃ faa be yeaɖe mí tso Mawu ƒe dziku si gbɔna la me. Gbɔgbɔ si doa gbe ɖa le mía me la menye ɖokuitɔdila o. Kristo dzixɔsetɔ la medoa gbe ɖa ɖe eɖokui ɖeɖeko ta o, ke boŋ ɖe amesiwo katã ƒe akɔfafa Gbɔgbɔ la tsɔ ɖo eŋkume la ta. Ale Yakob viwo do gbe ɖa le Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzedze ɖe amesiwo bu le trɔ̃subɔlawo dome ta. Eyata ele be míado gbe ɖa egbea ɖe Yudatɔwo kple Moslemtɔwo ta. Gbɔgbɔ la ƒe susu nye mawunyadɔgbedelawo ƒe habɔbɔ si tso Mawu ƒe Alẽvi la ŋutɔ gbɔ (Dɔwɔwɔwo 1:8; Nyaɖeɖefia 5:6). 7. Apostolo Paulo ɖe nu me na Kristo dzixɔselawo, le Yakob viwo dome le Roma, alesi woɖea gbeƒã Nyanyui la ŋutɔŋutɔ, kple alesi woɖua ɖokuitɔdidi si le woƒe seselelãme be wotia yewo dzi, kple alesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔa wo yia subɔsubɔ nunyatɔe dzi. Aleke ame mavɔ̃mawuwo ate ŋu ayɔ Aƒetɔ, si dzi womexɔ se o? Eye aleke woawɔ axɔ amesi ŋu womese nu tsoe o la dzi ase? Eye aleke woate ŋu ase nu ne ame aɖe si ɖea gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe manɔmee? Eye aleke mawunyagblɔla ate ŋu aɖe gbeƒã negbe ɖe Kristo dɔe ɖa hafi? Menye dzimaxɔsetɔwo ɖeɖeko ŋue vlododoa le o, ke boŋ ɖe ame siwo womegblɔ ɖeɖekpɔkpɔ si wokpɔ la ƒe nyateƒe o hã ŋu. Paulo tsɔ hũɖeɖe yɔ Aƒetɔ la ƒe nya fakɔname siwo wògblɔ na Yesaya be: “Aleke gbegbe ame si hea nya nyui vɛ, amesi ɖea gbeƒã ŋutifafa, amesi hea nu nyuiwo ƒe dzidzɔnya vɛ, amesi ɖea gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ la ƒe afɔwo nya kpɔ le towo dzi enye si!” ( Yesaya 52:7 ). Nya nyui sia, le Paulo ƒe gɔmesese nu la, nuvɔ̃meʋuʋu be Ye-su le agbe, be ele dzi ɖum, eye be eƒe ɖeɖekpɔkpɔ le kakam ɖe eme hã le eme. Mawufiaɖuƒe si le Yesu Kristo me lae nye nusi gbɔ xɔsetɔ ƒe ɣlidodowo tso kple taɖodzinu. Amekae le ɣli dom egbea be Kristo ye nye dziɖuɖu kple aʋadziɖuɖua?! Ðe mí katã míezu kuviatɔwo eye ɖeɖi te mía ŋu le míaƒe xɔse mea? Ameka si si gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo ƒe kakaɖedzi le eg-bea be: “Wò fiaɖuƒe nava,” eye wògblɔ be, “Ẽ, Aƒetɔ, wò fiaɖuƒe nava míaƒe anyigba dzi?” GBEDODOƉA: Dziƒofofo, míele ta dem agu na wò elabena èfɔ Yesu, Amegbetɔvi la ɖe dziƒo eye nèwɔe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia. Kpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ ɖe eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome kple eƒe nɔƒe le wò ɖusime dzi, le gaglãgbe kple nunya me, ale be agbe ƒe dzobibi nade dzo ame geɖewo ƒe dzi me. NYABIASE:
|