Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Afrikaans -- Albanian -- Arabic -- Armenian-- Azeri-- Bengali -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hebrew -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Malayalam -- Polish -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 1 - Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Bua Fɔ Nuvɔ̃wɔlawo Katã Eye Wòbua Ame Siwo Katã Xɔ Yesu Kristo Dzi Se La Dzɔdzɔewo Eye Wòkɔa Wo Ŋu (Romatɔwo 1:18 - 8:39)
D - Mawu Ƒe Ŋusẽ Ɖea Mí Tso Nuvɔ̃ Ƒe Ŋusẽ Me (Romatɔwo 6:1 - 8:27)
6. Amegbetɔ si le Kristo me la vo tso nuvɔ̃, ku, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me (Romatɔwo 8:1-11)ROMATƆWO 8:1 Le ta 5 vaseɖe 7 me la, apostolo Paulo ɖe míaƒe ŋutete be míaɖe mía ɖokui tso míaƒe nuvɔ̃menyenye me to mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ dzi la fia. Efia mí be viɖe aɖeke mele sea ŋu na mí o; ke boŋ eʋãa mí be míawɔ nuvɔ̃ eye emegbe wòbua fɔ mí. Ku ƒe gbɔgbɔ nɔa mía me, eye nuvɔ̃ ɖua míaƒe lɔlɔ̃nu nyui dzi. Kpeɖodzi sia xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe le Paulo si to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ dzi eye wògblẽ eƒe alakpamɔkpɔkpɔ be yeanɔ agbe dzadzɛ si yekpɔ to amegbetɔ ƒe ŋusẽ alo mɔnu nyuiwo dzi la dome. Le kpeɖodzi vevi sia megbe la, apostolo la fia mɔ ɖeka kolia si kplɔa ame yia agbenɔnɔ kple Mawu me la mí, to nusi wòŋlɔ na mí le ta 8 lia me tso agbe yeye ƒe gɔmeɖosewo ŋu, si woyɔna be "le Kristo me". Ame si wɔ ɖeka kple Yesu la ge ɖe Ðela la ƒe alẽha me. Wo-mezɔna ɖeɖeko, wogbe, gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, kple fɔɖilawo o, elabena Aƒetɔ la kpena ɖe wo ŋu, kpɔa wo ta, eye wòkpɔa wo ta dedie, menye le esi xɔsetɔ la nyo ta o, ke boŋ le esi wotsɔ wo ɖokui na woƒe Ðela nublanuikpɔla ta. Emegbe la, Aƒetɔ la bu wo dzɔdzɔewo, kɔ wo ŋu, tsɔ lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na wo, eye wòtsɔ Eƒe nukpɔkpɔ mavɔ ƒo xlã wo. Kristo ŋutɔ nɔa agbe le xɔsetɔ la me, trɔa wo, eye wòtua wo ɖo wòdea blibo. Apostolo la yɔ gbɔgbɔmenɔnɔme sia be "Kristo me nɔnɔ." Paulo meƒo nu tso ŋusẽdodo mí le hamea me ŋu o, ke boŋ ebia tso mía si be míawɔ ɖeka kple Kristo eye míakɔ mí ɖe Eƒe lɔlɔ̃ me. Míaƒe xɔse menɔ te ɖe susuŋutinunya dzixɔsewo ɖeɖeko dzi o, ke boŋ eva eme le agbenɔnɔ kɔkɔe hã me, elabena Kristo tsrɔ̃ míaƒe dada le atitsoga la dzi eye wòfɔ mí ɖe tsitre yi agbe yeye me. Ame siwo xɔ edzi se la alé ɖe woƒe Aƒetɔ ŋu eye woaxɔ ŋusẽ si tso Mawu gbɔ tso egbɔ. Nya siawo menye xexemenunya ƒuƒlu o, ke boŋ xɔsetɔ miliɔn geɖe siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Mawu ŋutɔ va nɔ amesiwo xɔ Kristo kple eƒe ɖeɖekpɔkpɔ la me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la faa akɔ na wò dzitsinya si le fu ɖem na wò eye wòle klalo be yeaʋli tawò, Mawu ƒe ametakpɔla ɖeka kolia tso abosam ƒe nyatoƒoetotowo me. Eka ɖe edzi na wò le Ma-wu Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me be fifia èzu ame dzɔdzɔe le Kristo me, eye be dziƒotɔsisi la le sisim le mewò, si na be nàte ŋu anɔ ag-be dzadzɛ le xexe gbegblẽ sia me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe vava trɔa ame ƒe nɔnɔme, abe alesi Paulo gblɔe le ta 7. Womegak-pɔtɔ nyea dzɔdzɔmetɔwo, ŋutilã me tɔwo, kple gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o, ke boŋ Gbɔgbɔ la doa ŋusẽ wo be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Tso fifia dzi la, amewo mewɔa vɔ̃ si womedi be yewoawɔ o (7:19), ke boŋ wokpɔa ɖeɖekpɔkpɔ ƒe gãnyenye le Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me. Emegbe wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye woƒe dziwo kpɔa gbɔdzɔe le Eƒe ŋusẽ me. Gbɔgbɔ sia ɖo kpe edzi na mi be aʋadziɖula si fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome hã akplɔ mi ɖo le ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo gbãtɔwo me, eye wòatsɔ mi ɖe eƒe akɔnu le Mawu ƒe dziku ƒe dzobibi me, eye wòakpɔ tawò tso Aƒetɔ la ƒe keklẽ me, ela-bena fɔbubu aɖeke meli na amesiwo le Yesu Kristo me o. Akpe ɖe ŋuwò egbea hã be nànɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ le lɔlɔ̃ ƒe dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ ƒe dzidzɔ, kple dzadzɛnyenye ƒe nyateƒe me, menye le esi wò ŋutɔ àte ŋu awɔ nɔnɔme nyui siawo ta o, ke boŋ le wò Kristo me nɔnɔ ɣesiaɣi ta, abe alɔ si le weinka me ene. Eyata miaƒe Aƒetɔ gblɔ na mi be: “Minɔ menye eye nye hã mianɔ mia me, eye miatse ku geɖe.” Aleke gbegbe míaƒe mɔkpɔkpɔ loloe nye si! GBEDODOƉA: Mawu kɔkɔe, míedea ta agu na wò eye míele dzidzɔ kpɔm elabena èɖe mí tso míaƒe dada kple nuwɔna makɔmakɔwo me. Èbu mí ame dzɔdzɔewo tso míaƒe nu vɔ̃wo katã me, eye nèkɔ mía ŋu tso míaƒe ŋunyɔnuwo me. Míeka-fua wò elabena èkplɔ mí yi agbe mavɔ me eye nèɖe mí to wò lɔlɔ̃ me be míazɔ le kɔkɔenyenye me. Do ŋusẽ mí le wò hadede mavɔ me kple ame-siwo katã woyɔ le xexeame katã. NYABIASE:
|