Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- The Ten Commandments -- 12 Tenth Commandment: Do Not Covet Your Neigbor's House

Previous Lesson -- Next Lesson

TANYA 6: SE EWOWO - Gli si xea mɔ na amegbetɔ be wòagadze anyi o
Se Ewoawo me ɖeɖe le Mose ƒe agbalẽ evelia ta 20 lia me, le Nyanyui la ƒe kekeli nu.

12 - Se Ewolia: Mègabiã ŋu na hawòvi ƒe aƒe o



2 MOSE 20:17
Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe ŋu o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu, eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu alo eƒe tedzi alo nu sia nu si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke ŋu o.


12.1 - Egbegbe Tetekpɔwo

Ðewohĩ boblododo ate nukpɔla la kpɔ. Eƒua du yia nusiwo le atsyã me ƒlem, edea asi nubabla te kple nugblẽfexeha aɖe, ƒlea ami ʋeʋĩ si ƒe ŋkɔ woŋlɔ, awuwo kple kamedeʋu. Nusiwo woŋlɔ ɖi ate ŋu ayi edzi. Boblododo aɖe si màse gbeɖe o, si nye kpeɖodzi bɔbɔe aɖe si tso Yesu gbɔe nye esi: "Gbe nu na ɖokuiwò! Nusiwo le asiwò nadze ŋuwò!" Ao, egblɔna na mí boŋ be: "Midi nuwo katã! Ƒle nusi mele mia si o."

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ɖe ŋutsuvi sue aɖe si wotsɔ fefenuwo, lã siwo wotsɔ nu ƒomevi aɖe wɔe kple fefewo tsyɔ la ƒe nɔnɔmetata fia. Exɔ nusianu si wòdi. Ðevi dahe ka gbegbee nye si! Hadomegbenɔnɔ na nusianue be wòado dziku nɛ eye wòanyrɔe ɖe eƒe ɖevime xexeame.

Le dɔwɔƒewo ƒe habɔbɔwo me la, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzidzenu siwo tsi tre ɖe Se Ewolia ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu awɔ dɔ ƒe geɖe be yewoatu yewo ŋutɔ yewoƒe aƒe ko. Wole dɔ wɔm gaƒoƒo geɖe wu le wo viwo ƒe gazazã me eye ɖeɖi te vidadaa ŋu. Wonoa kɔfi fũu akpa eye wonoa atike siwo doa ŋusẽ ame be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu le dɔwɔƒe. Nusi dona tso emee nye ememe nu ƒuƒlu keŋkeŋ, fewo kple ƒometɔwo ƒe dzrewɔwɔwo ƒe ƒuƒoƒo. Nuka tae? Elabena ƒomea me tɔwo zãa ga geɖe ɖe nusiwo mehiã o ŋu eye wonɔa agbe wògbɔa woƒe ŋutete ŋu.


12.2 - Ðe woɖe mɔ ɖe Nutɔnyenye ŋua?

Yesu gblɔ be: “Viɖe kae anɔ ame ŋu le xexe blibo la katã xɔxɔ me, ne etsɔ eƒe agbe xe fe ɖe eta?” (Mateo 16:26). Egblɔ hã be, "Elabena amesiame si di be yeaɖe yeƒe agbe la abui, ke ame si bu eƒe agbe le tanye kple nyanyui la ta la, axɔe ɖe agbe" (Marko 8:35). Le aʋawɔɣiwo la, bɔmb ɖeka sɔ gbɔ be wòatsrɔ̃ dziƒoxɔ enyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye wòana nusianu azu afi. Sitsoƒedila miliɔn geɖe bu nusianu si le wo si. Le kɔmiunist-dukɔ me la, ele be amesiame si si aƒe alo aƒe aɖe gakpɔtɔ le la naxe adzɔ si lolo wu xɔ si ƒe lolome sɔ kple esia haya. Le ƒeawo me la, eƒe ganyawo va gblẽna ɖe edzi wu amesi si naneke mele o tɔ. Mawu di be yeagbugbɔ mí ava ye gbɔ eye yeakpe ɖe mía ŋu míato ŋutilãmenunɔamesiwo me kple yeƒe nukpɔsusu. Gbɔgbɔmenyateƒenyawo le vevie wu ŋutilãmenunɔamesiwo.

To domenyinu ɖeka mamã kple gɔmeɖose sia me la, domenyilawo kpɔa egbɔ be yewomahe fuléle vɛ le yewo dome le ga kple nunɔamesiwo ta o. Yesu gblɔ be, "Amesi di be yeakplɔ wò ava ʋɔnudrɔ̃la ŋkume be yeatsɔ wò awudziwui la, gblẽ wò awudziwui hã ɖi" (Mateo 5:40). Paulo ka ɖe edzi na mí be yayra geɖe li nana me wu xɔxɔ! Mina gɔmeɖose sia nafia mɔ mí to Yesu yome dzedze me. Ame bubuwo ƒe nunɔamesiwo xɔxɔ nye nuvɔ̃. Amesiame si awɔ aʋatso nuŋlɔɖiwo alo awɔ ame aɖe ƒe bometsitsi ŋudɔ la, Mawu ƒe dziku ahe to nɛ, elabena Mawu kpɔa tsyɔ̃eviwo ta.


12.3 - Haviwò beble

Menye ɖeko se ewolia ku ɖe adzɔnuwo xɔxɔ ŋu ko o, ke exe mɔ ɖe dɔwɔhatiwo, dɔwɔlawo alo xɔlɔ̃wo ƒe ŋuʋaʋã nu. Nyateƒe si wònye be dɔwɔlawo melɔ̃a woƒe dɔtɔ o alo kuxiwo le wo ŋu le dɔwɔƒe mena gome wo be woaƒã masɔmasɔwo o. Mina míade dzi ƒo na wo be woanɔ afisi wole, eɖanye viɖe kawoe le dɔ tɔtrɔ me o. Ele be míawɔ ɖe Se Ewolia hã dzi le sɔlemehawo, habɔbɔwo, sukuwo, alo hadomekpekpeɖeŋunadɔwo me, elabena ŋuʋaʋã ɖe nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, alo dɔwɔhatiwo ŋu mahe yayra aɖeke vɛ o.

Nudede ƒome si Mawu yra la ƒe nyawo me heƒonɛ ɖe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnua nu be wòagblẽe evelia ɖi la gblẽa nu le ame ŋu vevie. Tɔtrɔ ƒe didi, nugɔmemasemase vevie alo nyaʋiʋli gɔ̃ hã mate ŋu aɖo kpe nyametsotso ma tɔgbe dzi gbeɖe o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ame aɖeke megama nusi Mawu wɔ ɖekae la dome o.” .Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ate ŋu akpe ɖe amesiame si le agbagba dzem be yeagblẽ aƒe alo akplɔ ame ayi ahasiwɔwɔ me la ŋu be wòakpɔ eƒe nuvɔ̃ adze sii. Atrɔ dzime, atrɔ eƒe nɔnɔme eye wòadzra ɖo be yeatsɔ yeƒe agbanɔamedziwo le ye ŋutɔ yeƒe ƒomea me. Mawu ana gɔmesese yeye nanɔ eƒe agbenɔnɔ ŋu, Afiae be wòagbe nuvɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe ahalé fui. Ŋutsu sia magabu eŋu be yeatrɔ yeƒe srɔ̃tɔ le zã ɖeka me o eye yeaɖe asi le srɔ̃ɖeɖe ƒe kadodowo ŋu alo yeanɔ agbe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me kple yeƒe srɔ̃nyonu bubu o. Le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me la, anɔ agbe faa tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye katã me, elabena mate ŋu awɔ nyui aɖeke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manɔmee o.


12.4 - Aleke wodzia Ŋukeklẽ alo ŋubiabiã?

Se ewolia ƒo nu tso ame siwo ƒe nu léa dzi na ame kple nusiwo dzroa ame ŋu. Egbea míate ŋu ayi xexlẽdzesi sia dzi ne míetsɔ: ʋu yeyeawo, haƒonuwo, nufamɔ̃wo, fridziwo kple awu nyakpɔkpɔwo me kpee. Amegbetɔ dina be yeaxɔe ase be ele be nusi le ame bubuwo si la nanɔ ye si. Eyata agbenɔnɔ ƒe dzidzenu ƒe dzidziɖedzi gblẽa nu eye wòdaa ahe. Dukɔ madeŋgɔwo dze ɖoɖo deŋgɔwo gɔme si na wonyi fe geɖe ale gbegbe be womete ŋu xea deme gɔ̃ hã o. Woƒle egbegbe mɔ̃ siwo ame aɖeke menya alesi wòaɖɔe ɖo o. Kristo ƒe apostolowo nya nusita wòle vevie be nusiwo le wo si la nadze wo ŋu, eye wovo tso fe siwo ate ŋu agblẽ luʋɔ kple ŋutilã dome la me. Gawu la, Yesu gblɔ be. "Ne ame aɖe di be yeanye gã le mia dome la, nenye miaƒe kluvi. Ale Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe alo fetu ɖe ame geɖewo ta" (Mateo 20:26-27). Yesu va do dziku na míaƒe xexeame ƒe dzidzenuwo katã. Eƒe gbedodoɖa nye esia ƒe kpɔɖeŋu: “Tɔ́, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ! Meda akpe na wò be nèɖe nu siwo le ɣaɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo la fia ɖevi suewo. Ẽ, Tɔ́, elabe nenemae dze ŋuwò. “Tɔ́nye tsɔ nuwo katã de asi nam. Ame aɖeke menya ame si nye Vi la o, negbe Tɔ́ la ko, eye ame aɖeke menya ame si nye Tɔ́ la o, negbe Vi la kple ame si ke Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko. Mite va gbɔnye, mi ame siwo katã ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana miadzudzɔ. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye ne miakpɔ gbɔɖeme, elabe nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzime. Nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:25-30).

Paulo ŋlɔ bena Mawu abɔbɔ dada kple dada ɖesiaɖe ɖe anyi. Ɣeaɖeɣi la, kesinɔtɔ ʋɛ aɖewo siwo nɔ ɖoƒe nyuiwo koe nɔ Korinto sɔlemeha la me. Sɔlemeha gbãtɔ me tɔwo trɔ woƒe tameɖoɖo le agbe me, wowɔ woƒe dzi yeyee, eye woxɔ agbe mavɔ.

Se ewolia xe mɔ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi kple vlododo nu eye wòbu fɔ tameɖoɖo ɣaɣlawo. Ʋɔnudrɔ̃ƒe ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu ame ƒe nuvlowɔwɔwo vaseɖe afi aɖe, gake Mawu koe ate ŋu age ɖe amegbetɔ ƒe dzi me. Míese míaƒe dzimesesẽ kple ɖiƒoƒo gɔme bliboe o. Zi geɖe la, míenyea nya ɣaɣla na mía ɖokui. Míese nusita mía xɔlɔ̃a wɔ nu alea gɔme haɖe o. Biblia gblɔ be, "Amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖinyenye dzi ɖe edzi le anyigba dzi. Ŋkeke bliboa katã la, eƒe dzi lɔ̃ vɔ̃ ko" (Mose I, 6:5). Ne míetsɔ Yesu ƒe kɔkɔenyenye dzidze mía ɖokui la, míakpɔ míaƒe ɖiƒoƒo kple míaƒe gbegblẽ adze sii. "Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo" (Romatɔwo 3:23). Nɔnɔme sia dzena xoxo le ɖevi si dzea agbagba be yeahɔ nusi yedi to ɣlidodo me la me. Ðeviawo ƒoa ayemɔ ɖe wo nɔewo ŋu. Esi míenya be domenyiŋusẽfianu ƒe nuvɔ̃ le woƒe agbe me ta la, míegbea nufiafia si le gotagome si nye be "ɖeviwo meɖi fɔ o." Ðevi si tsi hewɔ ɖe eƒe didiwo dzi ate ŋu anye ɖokuitɔdila le nunya me. Vovototo le tamebubu kple vɔ̃ wɔwɔ dome ya. Ame aɖeke mate ŋu aƒo asa na tetekpɔ o, gake woyɔ mí katã be míatsi tre ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu kple míaƒe dzi blibo. Ðɔkta Martin Luther gblɔ be, "Nyemate ŋu axe mɔ na xeviawo be woagadzo le nye ta dzi o, gake mate ŋu axe mɔ na wo be woagawɔ atɔ ɖe nye ɖa me o." Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe tetekpɔ ŋu tso gɔmedzedzea me ke, atsi tre ɖe eŋu, eye míaɖu edzi. Paulo ŋlɔ Helagbe me nyagbɔgblɔ sia zi geɖe be: “Migana woadzi tamesusu sia ɖe menye o!” Yakobo ƒe Agbalẽa ƒo nu tso afisi tetekpɔa dzɔ tso ŋu. Le eƒe ta gbãtɔ me la, eɖo kpe edzi be: "Womate ŋu ate Mawu kpɔ be yeawɔ vɔ̃ o, eye metea ame aɖeke kpɔ o. Amesiame tea kpɔ to eya ŋutɔ ƒe nudzodzro, si kplɔnɛ heblenɛ. Ne wodzi vi ko la, dzodzrowo dzia nuvɔ̃ eye ne nuvɔ̃a si tsi la dzia ku. Miga ble míanɔe wo o, nɔvinye lɔlɔ̃awo. Nunana ɖesiaɖe si ŋu asixɔxɔ le kple nunana deblibo ɖesiaɖe ɖina tso dziƒo, tso kekeliwo Fofo si gbɔ tɔtrɔ, nu ɣaɣla alo vɔvɔli aɖeke meli o. Eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu mee wòdzi mí to nyateƒenya la dzi, bene míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse gbãtɔwo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu" (Yakobo 1:16-18).

Gbesiagbe la ele be míaɖe mɔ na Mawu ƒe Nya la natrɔ asi le míaƒe didiwo, taɖodzinuwo, kple tameɖoɖowo ŋu. Susu makɔmakɔwo dzi ɖuɖu nɔ te ɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna Yesu bliboe dzi, eye to eƒe amenuveve mavɔ me la, míate ŋu ado gbe ɖa kple kakaɖedzi be: " megaɖe mɔ be míadze tetekpɔ me o. Ke ɖe mí ɖa le vɔ̃ la gbɔ." (Mateo 6:13). Míeka ɖe edzi be wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke to Yesu ƒe ʋu me eye míelé ɖe Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye si wobu ɖe mía ŋu la ŋu. Eyata míaɖoe koŋ awɔ nuvɔ̃ o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔa míaƒe tamesusuwo kple míaƒe nɔnɔme ŋu. Yesu di be yeanye Aƒetɔ aʋadziɖula le míaƒe dzi me tamesusuwo katã me. Edi be yeaxɔ ŋgɔ le avuwɔwɔa me le míaƒe agbe me eye yeana míaɖu dzi. Menye aʋa kɔkɔe aɖee wònye kple ame ɖekaɖekawo alo dukɔwo o, ke boŋ enye míaƒe ɖokuitɔdidi gãtɔ, kple míaƒe didi vɔ̃wo kple gotagome tetekpɔ siwo dzea mía dzi. Mina míado gbe ɖa eye míaxɔ nusi ƒe gbeɖa míedo la dzi se: “Oo Aƒetɔ gbagbe kple Ðela sesẽ! Akpe na wò elabena èɖem. Taflatse mègaɖe mɔ nam be magage ɖe nu vɔ̃ me o, ke boŋ ɖem eye nàkpɔ tanye tso vɔ̃ siwo katã le menye la me. Mègaɖe mɔ vɔ̃ɖitɔ la naƒo ke ɖe to ɖe menye o. Wò tɔ menye, Aƒetɔ, trɔm eye nànɔ menye tegbee. Klɔ nye tamesusuwo ŋu bliboe to wò ʋu me eye nàkɔm to wò Gbɔgbɔ, be nye lɔlɔ̃nu kple nye didiwo nadze ŋunye."


12.5 - Dzi Yeye kple Gbɔgbɔ Yeye

Ne míege ɖe gbɔgbɔ me aʋawɔwɔ ŋutɔŋutɔ me kple vɔ̃ɖinyenye si le mía me la, míese Yesu ƒe nyawo gɔme be: "tameɖoɖo vɔ̃wo doa go tso dzimee" (Mateo 15:19). Menye ame ɖokui takpɔkpɔ tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe nuwɔnawo me, alo avuwɔwɔ kple nuvɔ̃ tɔxɛ aɖewo ɖeɖeko o. Ele be míaƒe dzitsinya, míaƒe gbɔgbɔ kple míaƒe dzi nakɔ ahawɔ yeyee! Eyata mina míabia tso Yesu si be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le mía me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me eye wòakɔ míaƒe ŋutilã, míaƒe luʋɔ kple míaƒe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu. Se ewolia ƒe taɖodzinue nye be woadzi ame xoxoa yeyee eye wòawɔ eƒe tamesusuwo kple nɔnɔme yeyee le gbɔgbɔ me. Nyagblɔɖila Yeremya kpe fu geɖe le eƒe amewo ƒe aglãdzedze ta eye mlɔeba la, exɔ Mawu ƒe ŋugbedodo gã la be: “Nu, si mele babla ge kple Israel-dukɔ le ŋkeke mawo megbe lae nye esi: Matsɔ nye se la ade wo me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ. Ame aɖeke magafia nu ehavi alo agblɔ na nɔvia be: ‘Dze si Aƒetɔ’ o, elabe ame sia ame adze sim tso ame gblɔewo dzi va se ɖe ame ŋkutawo dzi; elabe matsɔ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nuvɔ̃ dzi o.” Aƒetɔ lae gblɔe." (Yeremya 31:33-34).

Mawu do ŋugbe ma tɔgbe na nyagblɔɖila Ezekiel esime wònɔ fu kpem le Mawu ƒe tohehe si Mawu tsɔ na eƒe amewo ta be: “Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me. Maɖe kpedzi ɖa le mia me atsɔ lãkusidzi na mi. Matsɔ nye gbɔgbɔ ade mia me, eye mawɔe be miazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu kple nye sewo dzi pɛpɛpɛ." (Ezekiel 36: 26-27). Fia Dawid do dzimetɔtrɔ ƒe gbedodoɖa ƒe 300 do ŋgɔ na nyagblɔɖi siawo:

Mawu, ve nunye le wò amenuveve nu; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa. Le tsi nam keŋkeŋ tso nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me, eye klɔ nye nuvɔ̃ ɖa le ŋunye! Elabe menya nye dzidadawo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me ɖaa. Wò ko ŋue, wò ɖeka ko ŋue mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nu si vɔ̃ɖi le ŋkuwò me lae mewɔ, ale tɔwò adzɔ le wò nyametsotso me, eye mokaka manɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu o. Kpɔ ɖa, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ mee nɔnye fɔ nye fu ɖo. Kpɔ ɖa, nyateƒe si tso ememe kee nèdina; eya ta fia nunyam le nye dzi ƒe gogloƒe ke. Kɔ ŋunye kple hisɔp, eye ŋunye akɔ; le tsi nam, eye mafu wu ɖetifu. Na dzidzɔ kple aseyetsotso nayɔm taŋ; na ƒu siwo nèŋe la natso aseye. Ŋe aɖaba ƒu nye nuvɔ̃wo dzi, eye tutu nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ɖa. Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye de gbɔgbɔ yeye dzɔdzɔe menye. Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o. Eye mègaxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o. Gaɖo dzidzɔ si le wò xɔname me la te nam, eye nàlém ɖe asi kple gbɔgbɔ si me lɔlɔ̃nu le la. Ekema mafia wò mɔwo sedzidalawo, eye nuvɔ̃wɔlawo atrɔ ava gbɔwò. O Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe fɔɖiɖi me, wò, nye xɔname ƒe Mawu, eye nye aɖe adzi ha sesĩe le wò ɖeɖe ŋu. Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu. Elabe mèkpɔa dzidzɔ le vɔsa ŋu o; ne ɖe metsɔ numemevɔsa na wò gɔ̃ hã la, màkpɔ ŋudzedze le eŋu o. Vɔsa si dzea Mawu ŋue nye gbɔgbɔ si bɔbɔ eɖokui; o Mawu, màdo vlo dzi gbagbã si tugu la o. Wɔ nyui na Zion le ŋudzedzekpɔkpɔ nyui la nu; gbugbɔ ɖo Yerusalem-gliwo, ekema vɔsa dzɔdzɔewo, numemevɔsawo kple vɔsa deblibowo, adze ŋuwò; ekema woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui la dzi. (Psalmo 51:1-19).

Amesiame si ado gbedodoɖa sia si nye kpɔɖeŋu nyui kple Fia Dawid la axɔ ŋuɖoɖo si me kɔ tso Mawu gbɔ. Yesu na nyagblɔɖi siawo katã va eme esi wògblɔ be, "Nyee nye xexea me ƒe kekeli, ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o. Nyee nye xexeame kekeli si kplɔa ame yia agbe me la anɔ esi" (Yohanes 8:12), eye: " Nyee nye wainti la, eye miawo mienye alɔawo. Ame si wɔ ɖeka kplim eye nye hã mewɔ ɖeka kplii la, eyae tsea ku geɖe elabe nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.” (Yohanes 15:5).

Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze la, Yesu gblɔ na Nikodemo, si nye dukɔ la ƒe hamemegã la eme kɔ be: "Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame aɖeke mate ŋu age ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me o, negbe ɖe wodzii tso tsi kple Gbɔgbɔ me ko" (Yohanes 3:5). Petro ɖo kpe ŋugbedodo sia me vava dzi le Pentekoste-ŋkekea dzi le ameha 3,000 ŋkume be: “Mitrɔ dzime, mia dometɔ ɖe sia ɖe naxɔ nyɔnyrɔ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke, eye miaxɔ nunana si nye.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la (Dɔwɔwɔwo 2:38).


12.6 - Gbɔgbɔmeʋawɔwɔ

Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me la, míevo tso tetekpɔwo me o. Ke Gbɔgbɔ la wɔa avu kple ŋutilã la eye ŋutilã la wɔa avu kple gbɔgbɔ la. Aʋa aɖe le edzi yim abe alesi Paulo ɖe eme ene be: "Ne mienɔ agbe ɖe nu siwo ŋutilã di nu la, miaku. Ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ la wu dɔwɔna, siwo ŋutilã wɔna la, mianɔ agbe." (Romatɔwo 8:13). Le Efesotɔwo 4:22-24 la, Paulo xlɔ̃ nu mí be: "miɖe asi le miaƒe anyinɔnɔ tsãtɔ ŋu, eye miaɖe miaƒe ame tsitsi si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe dzodzrowo te la ɖa; ame yeye, si wowɔ le Mawu nu le dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye, si tso nyateƒe la me la me." Be míahe ame tsitsi la ɖe megbe fia be míagbe nu le míaƒe dzodzro vɔ̃wo katã gbɔ ahalé fu wo tegbee. Ame yeyea dodo fia be míado Yesu abe awu yeye ene le esi wòkpe ɖe mía ŋu míeɖu míaƒe ɖokuitɔdidi gbãtɔ dzi vɔ megbe.

Le avuwɔwɔ sia be míanɔ agbe kɔkɔe me la, míakpɔ dziɖuɖuwo. Mina míatso, atrɔ ɖe Yesu ŋu eye míaʋu míaƒe nuvɔ̃wo me nɛ. Ne dada kple kakaɖedzi le mía ɖokui ŋu gbã ko la, míanɔ Yesu me eye Eƒe ŋusẽ ava eme le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. To mɔ sia dzi la, míeɖua vɔ̃ɖinyenye dzi eye míetsina le Aƒetɔ la me. Biblia gblɔ be, "Amesiwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la nye Mawu ƒe viwo." Le Romatɔwo 8:1-2 la, Paulo de dzi ƒo na amesiwo katã kpɔ gome le gbɔgbɔmeʋa sia me be: "Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu abu fɔ ame siwo le hadede me kple Kristo Yesu la o. Elabe Gbɔgbɔ ƒe se, si naa agbe le Kristo Yesu me la, ɖem tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si me." Togbɔ be Nubabla Xoxoa tsɔ míaƒe tameɖoɖo vɔ̃wo kple nuwɔnawo de se la ƒe tohehe dzɔdzɔe te hã la, Nubabla Yeyea na sidzedze deto mí le míaƒe nuvɔ̃wo ƒe nɔnɔme ŋu, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ekplɔ mí be míaxɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye to amenuveve me to míaƒe xɔse le Yesu Kristo me . Yesu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũ eye wòna míaƒe susu kple lɔlɔ̃nu nyo yeyee. Mose ƒe se la di be yeaxe mɔ na mí be míagadze anyi o, gake Yesu na míeɖu nuvɔ̃ dzi to dzɔdzɔenyenye blibo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me. Ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Eƒe sededewo dzi. Togbɔ be Nubabla Xoxoa ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe zitɔtɔ, si nye míaƒe tameɖoɖo vɔ̃wo me tsonu, fia mí hã la, mía Fofo si le dziƒo la na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye mí: fɔɖila aɖeke meli o, tohehe aɖeke meli o! Yesu xe fe la xoxo! To Eƒe Gbɔgbɔ mavɔ la me la, ena ŋusẽ mí hã be míaɖu nuvɔ̃ dzi. Mawu Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe amenuveve ɖea mí tso míaƒe nuvɔ̃ me eye wòkplɔa mí tso dziɖuɖu me yia aʋadziɖuɖu me to Eƒe lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ si le mía me la me.


12.7 - Islam kple Ŋukeklẽ

Islam mesea amegbetɔ ƒe fɔɖiɖi alo sea dzi wɔwɔ to dzɔdzɔenyenye to Yesu dzixɔxɔse me gɔme o. Aʋadziɖuɖu ɖe ŋutilã dzi to Gbɔgbɔ la me metsɔa ɖeke le eme nɛ o. Quran gblɔ be: "Wowɔ amegbetɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ" (Sura al-Nisa 4:28). Islam tsɔ fɔbubua ƒe ɖewo da ɖe Allah dzi. Eyata Muhammad ɖe mɔ na ŋutsuwo be woaɖe woƒe ahiãviwo tsɔ kpe ɖe wo srɔ̃ eneawo nu be woagage ɖe tetekpɔ me o (Sura al-Nisa 4:25). Muhammad ɖe viaŋutsu Zayd srɔ̃ gɔ̃ hã esi wòkpɔe wònɔ tsi klɔm le aƒeme vɔ megbe. Exɔ ɖeɖefia tɔxɛ aɖe tso Allah gbɔ si ɖe mɔ nɛ be wòaɖe Zayd srɔ̃ kple nyɔnu bubu ɖesiaɖe si atsɔ eɖokui anae (Surat al-Ahzab 33:37,50,51).

Koran yɔ zi geɖe be Allah fiaa mɔ amesi wòlɔ̃ eye wòflua amesi wòlɔ̃ (Suras Ibrâhîm 14:4 kple Fatir 35:8). Eyata agbenyuinɔnɔ ƒe agbanɔamedzi sue aɖe koe nɔa amea dzi.

Le aʋa kɔkɔewo wɔɣi la, adzodada kple nuƒoƒoƒu hiã vevie ŋutɔ! Moslemtɔwo ƒe aʋawɔlawo bu le aʋawɔwɔwo me elabena vovo menɔa wo ŋu le adzodada me o. Aboyonuawo mama hea nyaʋiʋli ŋutɔŋutɔwo vɛ ɣeaɖewoɣi. Zi geɖe la, ŋutilãmeviɖekpɔkpɔ kple didiwo me nɔnɔ hɔa akpa vevi aɖe le Moslemtɔ ƒe agbenɔnɔ me. Ŋusẽ kple bubu nye Allah ƒe amenuveve ƒe kpeɖodzinuwo nɛ Moslemtɔ, ega nye nyateƒenya siwo dze ƒã le Moslem dziɖulawo ƒe agbe me. Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmenyonyo nye amedzro na Islam.

Gawu la, Islam ɖe mɔ ɖe ʋu ƒe hlɔ̃biabia ŋu ne womewɔ nubabla aɖeke be woaxe fe si wogbugbɔ xɔ o. Muhammad dɔ ƒuƒoƒo tɔxɛwo ɖa be woawu eya ŋutɔ ƒe futɔwo. Amegbetɔ ƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo menyona ɖe edzi ne elɔ̃ ɖe Islam dzi o. Naneke metrɔna o negbe ɖe wòva zua atike si tsi tre ɖe ɖeɖekpɔkpɔ le Kristo me ŋu. Mawu Fofo la dzi xɔxɔ se nye nuvɔ̃ siwo womate ŋu atsɔ ake Moslemtɔ o la dometɔ ɖeka. Edzea agbagba be yeaɖe ye ɖokui to yeƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ me. Dɔ nyui wɔwɔ menye akpedada ƒe nuwɔna o gake wonye mawusubɔsubɔ ƒe sewo dzi wɔwɔ koŋ, abe xɔseʋuʋu, kɔnuwɔwɔ ƒe gbedodoɖa, Ramadan nutsitsidɔ, dɔmenyonunana, mɔzɔzɔ yi Mecca, Koran la léle ɖe susu me kple avuwɔwɔ le aʋa kɔkɔe aɖe me hena Islam-subɔsubɔ ƒe kaka. Zi geɖe la, Moslemtɔ menya be woate ŋu awɔ yeƒe dzi yeyee o. Nuwɔwɔ yeyea mateŋu adzɔ o elabena womenya Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavãtɔ le Islam me o (Surat al-Isra' 17:85). Le eya gome la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anye gbɔgbɔ si Mawu wɔ eye le nyateƒe me la, anye mawudɔla Gabriel. Manye gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae wòanye o. Eyata Islam ƒe dekɔnuwo tso ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ me. Abe alesi wogbe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to Ame si woklã ɖe ati ŋu ƒe amenuveve me keŋkeŋ ene la, Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse (lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa) meli o.

Moslemtɔ nyenye le bɔbɔe vie elabena amea ate ŋu ayi edzi anɔ agbe abe tsã ene. Le Afrika kple Asia la, amesiame si axɔ Islam ate ŋu ayi edzi aɖe srɔ̃ geɖe. Wodo ŋutilã me dzidzemekpɔkpɔ ƒe ŋugbe le paradiso me na Moslemtɔ abe: nuɖuɖu, nunono kple gbɔdɔdɔ ƒe vivisesewo. Mavɔmavɔ si nɔ wo gbɔɛ nye amegbetɔ ƒe ŋutilãmenudidiwo ƒe ŋgɔdonyawo (Surat al-Wâqi’a 56:16-37). Allah ŋutɔ manɔ Islamtɔwo ƒe paradiso me o. Mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu ado ka kplii alo anɔ ƒomedodo me kplii o, eye gbɔgbɔ me yeyewɔwɔ alo avuwɔwɔ kple amegbetɔ ƒe ɖokuitɔdidi hã meli o. Le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me la, Islam le anyi wu Nubabla Xoxoa tɔ kura eye womate ŋu atsɔe asɔ kple Yeyea o.


12.8 - Kristo, míaƒe Mɔkpɔkpɔ Ðeka

Migana míado vlo Moslemtɔwo alo Yudatɔwo o elabena Kristotɔ aɖeke le eɖokui si nyo wu ame bubu o. To Kristo dzixɔse ɖeɖeko me la, míexɔa dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ be míanɔ agbe dzɔdzɔe kple kɔkɔe. Yesue nye wainti la, míawoe nye alɔawo. Ne míenɔ Eyama me la, ekpɔa mía ta tso dada me eye míate ŋu adzi Eƒe Gbɔgbɔ ƒe kutsetse geɖe wu. Míate ŋu awɔ nu nyui aɖeke Yesu manɔmee o. Eyae nye míaƒe Ðela.

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 10, 2025, at 06:19 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)