Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- The Ten Commandments -- 11 Ninth Commandment: Do Not Bear False Witness Against Your Neighbor

Previous Lesson -- Next Lesson

TANYA 6: SE EWOWO - Gli si xea mɔ na amegbetɔ be wòagadze anyi o
Se Ewoawo me ɖeɖe le Mose ƒe agbalẽ evelia ta 20 lia me, le Nyanyui la ƒe kekeli nu.

11 - Se Asiɛkɛlia: Mègaɖi Ðase Aʋatsotɔe Ðe Hawòvi Ŋu O



2 MOSE 20:16
Mègaɖi ɖase alakpatɔe ɖe hawòvi ŋu o.


11.1 - Aɖe ƒe Ŋusẽ

Aɖe nye ŋutinu sue aɖe si ŋu ŋusẽ gã aɖe le. Ɣeaɖewoɣi la, ŋusẽ nɔa eŋu wu ga alo atike. Aɖe le abe dzo ene eye dzonu ɖeka si ate ŋu atɔ dzo ave gã aɖe! Gake nya si ŋu viɖe le la, le abe tɔdziʋu ƒe kuɖɔ sue si le amesi kplɔnɛ yia melidzeƒea si me ene. Míetsɔa míaƒe aɖe daa alakpa hegblɔa busunya ɖe Mawu ŋu alo gblɔa nyateƒe, yraa Mawu eye míefaa akɔ na amesi le fu kpem. Nukata? Le eƒe agbalẽa ƒe ta etɔ̃lia me la, Yakobo na mí kpɔɖeŋu etɔ̃ be si akplɔ mí yi dzimetɔtrɔ gbɔ. Ele be míado nya siwo míaƒe aɖe gblɔna la kpɔ le Mawu ƒe Nya la ƒe Kekeli me elabena nya vɔ̃ ɖesiaɖe tsoa dzi gbegblẽ si womegawɔ yeyee o la me. Ke nya nyui ɖe sia ɖe ɖea Yesu ƒe Gbɔgbɔ si le dzi me la fiana.


11.2 - Míaƒe Kɔkɔenyenye, Hiahiã aɖe

Míehiã Ðela Yesu be wòakɔ míaƒe aɖe ŋu eye wòawɔ míaƒe susu yeye ale be míate ŋu ase nyateƒea gɔme ahaƒo nu nunyatɔe. Nyagblɔɖila kple nunɔla Yesaya si ŋu bubu le la ʋuʋu esi wòva Mawu kɔkɔe la ŋkume be yeadzra dukɔa kple Aʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ɖeka la dome ɖo. Vɔvɔ̃ ɖoe esi wòkpɔ Aƒetɔ ƒe awu ʋlaya ƒe keteke eye wòdo ɣli be, Alele, evɔ nam! Elabena ame nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ siwo ƒe nuyiwo ŋu mekɔ o la dome; elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot. Tete Serafiawo dometɔ ɖeka dzo va egbɔ, eye wòlé kpe xɔdzo aɖe si wòtsɔ hẽ, si wòtsɔ abe ɖe le vɔsamlekpuia me la ɖe asi; eye wòtsɔe lili nuyi ŋu ne hegblɔ be, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wò fɔɖiɖi ɖa, wolé avu wònuvɔ̃wo" (Yesaya 6:5-7).

Mawu kɔkɔe la ŋkume koe amegbetɔ dea dzesi eƒe dzi ƒe vɔ̃ɖinyenye kple alakpanuwɔwɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, enya be Ŋusẽkatãtɔ lae nye yeƒe kpɔɖeŋu mamlɛtɔ. Le Eƒe kekeli me la míekpɔa ɖiƒoƒo, alakpa kple gbegblẽ si yɔ mí fũ. Amegbetɔwo nɔa agbe le gotagome evɔ womedoa go Mawu kɔkɔe gbagbe la ŋutɔŋutɔ o. Nɔnɔme sia metrɔna o negbe ɖe nuvɔ̃wɔla la te ɖe eƒe Aƒetɔ ŋu, eye emegbe nusianu trɔ. Apostolo Petro dze klo esi wòkpɔ eƒe Aƒetɔ la ƒe ŋusẽkatãtɔnyenye eye wòdo ɣli be, "Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nuvɔ̃wɔla menye" (Luka 5:8). Edoe dze sii be Yesu nya nu tso yeƒe dzi si me nuvɔ̃ le ŋu. Togbɔ be míaƒe Aƒetɔ nyae do ŋgɔ be Petro agbe nu le ye gbɔ hã la, etiae be wòanye dzesi na amegbetɔwo ƒe tɔƒodela ɖesiaɖe.

Yesu nye nyateƒe si wotsɔ ŋutilã wɔe eye Eƒe Gbɔgbɔ nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ vevietɔ (Yohanes 14:17). Nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la xaa nu ɣesiaɣi si míeda alakpa hele nya hem. Mawu megblɔa ameŋugblẽnyawo alo dea ame asi o; Ekɔ eye Eƒe nya nye nyateƒe eye wòava eme godoo. Edi be yeawɔ mí yeyee ahadzra mí ɖo be míaɖi anukware. Eƒoe ɖe mía nu be míagblɔ nyateƒea le lɔlɔ̃ me. Nyateƒea gbɔgblɔ nublanuitɔe kple tufafatɔe le ame aɖe ƒe mo le abe ewuwu ene. Gake ne èƒoa adegbe nyuie eye nèɣlaa nyateƒea la, ekema èdaa alakpa, aleke kee nèlɔ̃e ŋutɔŋutɔ o. Aʋatso kafukafu kple ameŋugblẽnyawo zɔna ɖekae ɣeaɖewoɣi. Eya ta, lɔlɔ̃ si me nyateƒe mele o la nye alakpa, eye nyateƒe si me lɔlɔ̃ mele o la wua ame.


11.3 - Alakpa la kple eƒe Dzɔtsoƒewo

Mawu Mawuɖekaetɔ̃ la ŋutɔe nye nyateƒe. Gake Satana nye aʋatsokala kple alakpafofo. Enye amewula tso gɔmedzedzea me ke. Yesu yɔe be vɔ̃ɖitɔ kple xexe sia ƒe amegã. Nusianu si tso egbɔ la nye alakpa, ne edze abe nyateƒee wònye ene gɔ̃ hã. Eyata mègaxɔ ŋutega siwo dzi womeɖo kpee le Biblia me o la dzi se o.

Vɔ̃ɖitɔ la ble Xawa. Eƒe nyabiase si me ayedzedze le la tro nyateƒea si na ɖikeke va nɔ Mawu ŋu. Eʋuʋu Xawa ƒe kakaɖedzi. Xawa ƒe dada, ŋukeklẽ kple aglãdzedze ɖe Mawu ŋu do mo ɖa eye wòhe aglãdzedze gaglãa vɛ.

Le Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo afisi abosam tekpɔ le. Yesu tsi nu dɔ hedo gbe ɖa ŋkeke 40 sɔŋ. Le ema megbe la, Etsi tre ɖe tetekpɔla si ƒo nu nɛ la ŋu to nyateƒea gbugbɔgatrɔ kple eƒe biabiawo me. Satana gblɔ nɛ be, "Ne Mawu ƒe Vie nènye la...." Ne ɖe wògblɔ be, "Mawu ƒe Vie nènye" la, anye ne nyateƒee wònɔ gbɔgblɔm. Gake etsɔ nya ɖe nu ŋutɔŋutɔ ŋu esi wòdze agbagba be yeaƒã ɖikeke ɖe Yesu ƒe dzi me le Eƒe vinyenye ŋu. Vɔ̃ɖitɔ la dze agbagba be yeaɖe ɖa tso Fofoa gbɔ eye yeana wòasubɔ ye ŋutɔ yeƒe taɖodzinuwo. Yesu metsɔ Eƒe nyawo ɖo eŋu o. Meƒo eɖokui ɖe numedzodzro me heɖo eŋu to Eƒe nuteƒekpɔkpɔwo yɔyɔ me o. Eɖo eŋu be: "Woŋlɔe!" Yesu ɖo kpe Mawu ƒe Nya si woɖe fia la dzi eye wòtsi tre ɖe abosam ƒe ayemɔwo ŋu. Mɔ ɖeka koe li si dzi woato aɖu alakpafofo dzi: be woaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, ɖe Biblia bliboa ŋu.

Satana nya Biblia eye wòzãnɛ aɖaŋutɔe. Eɖo Yesu ƒe tsitretsiɖeŋunyawo ŋu enumake eye wòyɔ Biblia me mawunyakpukpui aɖe si woɖe le nya siwo ƒo xlãe me. Edze agbagba be yeanyɔ Yesu ƒe dada eye yeana wòado Fofoa ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. Yesu gaɖo eŋu ake be, “Woŋlɔ ɖi bena: Mègado Aƒetɔ wò Mawu la kpɔ o.” Etsɔ Mawu ƒe nyateƒea he Abosam ƒe tameɖoɖo vɔ̃wo va kekeli me. Le avu sesẽ sia si le Mawu Vi la kple Abosam dome me la, edze ƒã be Satana megblɔa nya aɖeke o negbe alakpanyawo ko, togbɔ be nyateƒe ƒe akpa aɖewo le wo me hã. Eƒe nyawo dea ameflunyawo kple aglãdzedze ɖe Mawu kple Via ŋu me. Mína míadzro xexemenunya kple subɔsubɔha aɖewo siwo va le Kristo megbe la me. Àkpɔ alesi woblea ame togbɔ be nyateƒe ƒe akpa ɖedzesi aɖewo le wo me hã. Abosam hã wɔa nu nenema ke egbea: Eblea xɔsetɔwo kple amesiwo dia nyateƒea be woaxɔe ase be: wogblẽ Biblia me; alo woɖe asi le eŋu; alo amegbetɔ ƒe asiwo kple nyaʋiʋli akpe geɖewoe ŋlɔe, kple bubuawo. Mègana Abosam nagblɔ alakpanya mawo tɔgbe le wò dzi me o. Ke boŋ, wɔ avu kplii abe alesi Yesu wɔe esime wògblɔ be, "Woŋlɔ ɖi... (Yohanes 4:1-13).


11.4 - Alakpa gãtɔ kekeake

Menye ɖeko xexeame ƒe nukpɔsusu vovovoawo dzena abe alakpa siwo dze ƒã ene ko o, ke woklẽna kple nyateƒe kple se siwo dze abe ɖe wole vevie na hadomeɖoɖoa ene. Gake mɔfiame si le nukpɔsusu siawo ŋu le goawo katã me mesɔ o. Zi geɖe la, nyateƒenya siwo ƒe akpa aɖewo dzie wotu ameflunyawo ɖo. Alakpa gãtɔ kekeake siwo le xexeame dometɔ ɖekae nye nyagbɔgblɔ sia be "amegbetɔ nyo"; ɖeko wòle be nàfia nui nyuie. Nya sia dzie wotu hehenana ŋuti xexemenunya kple ɖoɖowo katã ɖo. Wotsɔe be amesiame ate ŋu axɔ na eɖokui, atu eɖokui ɖo eye wòatu xexe si nyo wu to yewoƒe agbagbadzedzewo me. Womebua amegbetɔ ƒe nɔnɔme si dze anyi alo nyateƒe si nye be ameƒomea bu la ŋu o.

Amedzro siwo le Islam ate ŋu asusu be subɔsubɔha sia nye "Allah ƒe dzɔdzɔmesubɔsubɔ." Elabena wogblɔa Biblia kpukpui geɖe siwo tso Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea me kple nu gake wotroa wo. Ke hã Moslemtɔwo katã gbe Mawu ƒe Vi la ƒe atitsoga ŋu kɔte. Wole mɔ kpɔm be yewoato yewoƒe dɔ nyui wɔwɔwo me aɖo dzɔdzɔenyenye gbɔ. Womekpɔnɛ dzea sii be yewonye nuvɔ̃wɔla siwo bu eye womate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o negbe to Yesu Kristo si woklã ɖe ati ŋu dzi ko. Kɔmiunist-dziɖuɖu kple nukpɔsusu mawo tɔgbe xɔ woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ dzi se eye wotsaka alakpanya siwo me nunya le kple nyateƒe, si hea mawudzimaxɔse si gblẽa nu le ame ŋu vɛ mlɔeba.

Mawunyafiala alo kɔmamã aɖewo siwo ɖea mɔ ɖe nu ŋu la ɖea Biblia me kpukpuiwo ɖa le nya siwo ƒo xlã wo me be woana amewo naxɔ woƒe agbalẽwo kple nukpɔsusuwo dzi ase le esi teƒe be woalɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye tamesusu kple agbetsoƒe vavãtɔ kekeake. Ele be woaklã Yesu ɖe ati ŋu eye wòafɔ tso ame kukuwo dome be wòana dzɔdzɔenyenye nava eme abe nyateƒe mavɔ ene. Amewo katã nye alakpatɔwo le Ŋutikɔkɔetɔwo ŋkume, gake amesiame si xɔ Yesu dzi se la, etrɔna eye wodea dzi ƒo nɛ be wòanɔ agbe le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ me, ale be wòsina le alakpanyawo ƒe ave me.

Míate ŋu axe mɔ na nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo be woagakaka alakpanya gã alo sue, aɖaŋudzela alo bometsitsi, le radio dzi, television dzi, nyadzɔdzɔgbalẽwo, magazinewo me kple le azãɖuƒewo o. Wotrɔa asi le amehawo ŋu eye wowɔ ɖoɖo ɖe woƒe nuwɔna ŋu do ŋgɔ. Le dunyahehe me la, nuƒola akpa gãtɔ doa vlo akpa si tsi tre ɖe wo ŋu eye wodoa woawo ŋutɔ ƒe akpaa ɖe ŋgɔ be eyae nye nyateƒe mamlɛtɔ kple egbɔkpɔnu ɖeka kolia. Woatɔ dzo emetsonu suesuesuewo eye woatsyɔ nu vodada gãwo dzi. Nyateƒe si tro la dzea agbagba be yeawɔ nuku na tsitretsiɖeŋula eye nyadzɔdzɔ siwo ŋu wotrɔ asi le la hea fuléle vɛ.


11.5 - Gbesiagbe Alakpanyawo

Alakpadada ɖua dunyahela geɖe ƒe nyawo dzi gake eɖua míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ hã dzi. Wodoa vlo nyateƒea eye zi geɖe la, amewo ɖea ɖeklemi ame bubuwo le kɔfi nono me. Gake ne amesi ŋu woɖe ɖeklemi le la va ɖo la, ƒuƒoƒoa trɔa nyatia aɖaŋutɔe abe alesi amesiame wɔe tso ɖevime ene. Ðewohĩ míegblɔ alakpa gã siwo gblẽa nu le ame ŋu o, gake míegblẽ ame aɖe ƒe ŋkɔ alo ƒo ɖi eƒe ŋkɔ, to “alakpafofo” ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Ele be míatrɔ dzime tso esia me anukwaretɔe eye míaƒo nu tso amesiwo meli o ŋu ɣesiaɣi abe ɖe wole afima ene. Elabena alakpa ɣi aɖeke meli o! Nyateƒe afã aɖeke meli o! Wowua ame nenema ke. Míate ŋu atsi nyatoƒoetoto ƒe ƒuƒoƒowo nu ne míeyi amesi ŋu nya ku ɖo gbɔ tẽ eye míexɔ ŋutinya bliboa tso wo gbɔ be woana eme nakɔ. Mina míatsɔ eƒe ametakpɔkpɔ le eƒe anyimanɔmanɔ me tsɔ wu be míadze ƒuƒoƒoa yome. Se asiɛkɛlia fia mí be míanɔ abe tɔmelã si le tsi ƒum ɖe alakpatɔ ƒe tɔsisi la ŋu ene. Ɣeaɖewoɣi la, míekpɔa mía ɖokui le nɔnɔme sesẽ aɖe me, eye woyɔa mí be míagblɔ míaƒe nukpɔsusu le nya aɖe si melɔ̃na o ŋu. Gake míedi be "míabu mo" o, eye míelɔ̃a nuƒoƒo tso xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo mele afima o hã ŋu o. Le go sia me la, zi geɖe la, míetoa nyateƒe afã kple afã siwo míetsɔa nya ƒuƒluwo kple numeɖeɖe ayetɔe ɖoa atsyɔ̃ na la dzi. Ame aɖewo dia taflatsɛdodo kabakaba wu alesi sisiblisi dia eƒe do.

Alakpanyawo dea aɖi míaƒe hadomegbenɔnɔwo me. Kakaɖeamedzi megali o! Ame geɖe dina be yewoabui be yewoƒe dzeɖolawo se nusi to vovo na nya si wogblɔna la gɔme. Nugɔmemasemasewo mãa dukɔwo dome eye wòɖea wo ɖe aga abe ɖe gli aɖe ma wo dome ene. Alakpadada ɖea ame ɖe aga! Vevesesea doa mo ɖa, edzea egɔme le ɖoɖoezizi ƒe ɣeyiɣi siawo me. Mina míabia ŋusẽ kple dzideƒo tso Yesu si be wòaʋu míaƒe alakpanyawo kple míaƒe ameŋugblẽnya siwo gblẽa nu le ame ŋu la me. Bia tsɔtsɔke ame bubuwo gaglãa. Ekema kakaɖedzi aganɔ amesiame si eye dada agbã.


11.6 - Amekae ate ŋu ase Nɔvia gɔme vavã?

Ðe míesea mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu gɔme ŋutɔŋutɔ abe alesi Mawu sea wo gɔme hekpɔa ŋudzedze ɖe wo nu enea? Yesu nya míaƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo le gotagome eye wòxlɔ̃ nu mí be: “Mègadrɔ̃ ʋɔnu o, alebe womega drɔ̃ ʋɔnu wò o, elabena alesi nàdrɔ̃ ʋɔnu la, nenema ke woadrɔ̃ ʋɔnu wòhã, eye dzidzenu si nàzã la anye dzidzenu yi woazã na wò. Ale ke wɔ nèle ati fefee sue, si ɖo nɔviwò ƒe ŋkume la kpɔm, ke atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya, mele dzedzem na wò kura gɔ̃ hã o? Ale ke wɔ nàte ŋu agblɔ na nɔviwò be: ‘Taflatsɛ, nà maɖe ati fefee la le ŋkume na wò.’ Evɔ atikpo blibo le wò ya wò ŋku dzi! Wò, alakpatɔ! Ɖe atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ɖa gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, be nàɖe ati fefee sue la ɖa le nɔviwò ƒe ŋku dzi.” (Mateo 7:1-5).

Ne èle sedede sia si tso Todzimawunya me srɔ̃m la, anyo wu be nàzi ɖoɖoe ahalé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu nyuie be màgadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o. Ðewohĩ mía nɔviŋutsua wɔ vodada sue aɖe abe ati fefee la ene gake míedi be míalɔ̃ ɖe edzi be ati siwo katã le míaƒe ŋkume la asɔ gbɔ be míaʋu atitsoƒe o! Yesu ate ŋu aɖe fuléle, tamesusu kple nuwɔna makɔmakɔwo, ŋubia, ŋukeklẽ, amebeble, alakpanuwɔwɔ kple bubumademade mía dzilawo ŋu kple tomaɖomaɖo gɔ̃ hã afia mí le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi! Amesiwo srɔ̃a nu le wo ɖokui si, siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kakaɖedzi fiaa mɔe la, megbeanu le ame bubuwo nu hedoa vlo wo le dada alo woƒe gãnyenye ta o, ke boŋ wodzea ŋugbledede gɔme le alesi míakpe ɖe wo ŋu nyuie abe alesi Mawu le kpekpem ɖe mía ŋu ene ŋu.

Míate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu kemɛa nyuie o elabena mí mese woƒe kuxia ƒe nɔnɔmewo gɔme bliboe o. Nukae míawɔ ɖe eteƒe hafi? Aleke wòawɔ ne ɖe wòkpɔ Mawu ƒe mɔfiafia ƒe yayrawo? Esi Mawu gblɔ be, "Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene" la, efia alesi wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ eye míalé ŋku ɖe mía ŋu tɔxɛe ne ehiã be míadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔviwo. Ele be míalɔ̃ wo boŋ.

Esia na ɖikeke le nyateƒe si wònye be woaka atam abe ɖasefo ene ŋu: amekae nya nenye be ekpɔ nuwo abe alesi wodzɔ ŋutɔŋutɔ ene eye wòse wo gɔme nyuie? Nyateƒee, mí mate ŋu akpɔ nuwo abe Mawu ene pɛpɛpɛ o. Ne míedrɔ̃ ʋɔnu mía nɔviwo la míaƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nɔa anyi ɣesiaɣi. Ne míekpɔ esia dze sii la, míati kpo aƒo nya ta tso ame bubuwo ŋu o ke boŋ míabu tame nyuie ahado gbe ɖa eye míadze agbagba ase wo gɔme. Mawu nena vidada ƒe ŋkuwo mí, ke menye kpovitɔ tɔ o!


11.7 - Aleke woawɔ agblɔ Nyateƒea?

Esi míaƒe nunya mede ŋgɔ o ta la, aleke míawɔ anya nyateƒea? Ðe míebua alakpanyawo be ehiã eye nyateƒea hã nye nu gbegblẽa? Ao gbeɖe o! Abe ɖasefowo ene la, ele be míagblɔ nyateƒea le míaƒe ŋutete nu. Mina míabia Mawu be wòana nunya mí ale be míagawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu o. Xɔsetɔwo hiã amenuveve tɔxɛ le yometitiɣiwo be woate ŋu agblɔ nyateƒea le mɔ nyuitɔ nu evɔ womatro nyateƒenyawo alo ade xɔlɔ̃wo asi o. Ehiã be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nakplɔ wo ale be womegade xɔsetɔ bubuwo ƒe agbe afɔku me o. Ehiã be woagblɔ nyateƒea ɣesiaɣi, gake be woagaɖe asi le ame bubuwo ŋu o la, anya wɔ be woagbe nyateƒea ƒe akpa aɖe. Ame siwo medze Yesu yome o la ate ŋu abui be míele alakpa dam abe woawo ene elabena womenya nyateƒe Gbɔgbɔ la o. Womate ŋu asusui be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔa mí yia nyateƒe me o.

Le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, eɖanye le suku, aƒeme alo dɔwɔƒe la, Biblia de dzi ƒo na mí be míahe susu ayi mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe nɔnɔmewo dzi eye míagaɖe ɖeklemi woƒe vodadawo o. Le mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe futɔwo hã gome la, ele be míaƒe tamebubu nanye nu nyui eye alakpa manɔ eme o. Paulo ɖe nu me na Korintotɔwo be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi, lɔlɔ̃ nye subɔsubɔ, meʋãa ŋu o, meɖea eɖokui fiana o, medoa eɖokui ɖe dzi o, mewɔa nu nyɔŋu aɖeke o, medina ɖetsɔleme o, medoa dziku o.” , medzraa dziku aɖeke ɖo o, mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. Edoa taflatse ɖe nusianu ta, exɔa nusianu dzi sena, ekpɔa mɔ na nusianu, edoa dzi le nusianu me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o" (1 Korintotɔwo 13:4-8).

Ne míenɔa agbe le lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me la, míedrɔ̃a ʋɔnu nuvɔ̃wɔlawo o. Míedzea agbagba be míase amea gɔme nyuie wu, akpe ɖe eŋu ahade dzi ƒo nɛ be wòatrɔ dzime le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me. Paulo ŋlɔ na xɔsetɔ siwo nɔ Efeso siwo ɖo tsitsi ɖedzesi aɖe gbɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me be: “Azɔ la, miɖe aʋatsokaka ƒu gbe. Ame sia ame neto nyateƒe na nɔvia, elabe mia dome ame sia ame nye ŋutinu aɖe na ameti ɖeka ma ke.” (Efesotɔwo 4:25). Ele be míadze agbagba ɣesiaɣi be míadi nyateƒea ahasrɔ̃e. Gake aleke kee míetsi le Gbɔgbɔ me la, Satana dzea agbagba ɣesiaɣi be yeate xɔsetɔwo kpɔ be woada alakpa, adrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo vevie eye yeado dziku na ame siwo ƒe susu to vovo. Abe ale si ko wote Yesu kpɔ ene la, nenema kee wote mí kpɔ. Esia tae Paulo ŋlɔ ɖe Efesotɔwo ƒe Agbãle me be: " Mlɔeake la, ale si miele ha dem kple Aƒetɔ la la, nagasẽ ŋu ɖe edzi wu to eƒe ŋusẽ triakɔ la me. Mikpla aʋawɔnu siwo katã Mawu tsɔ na mi la, ale be miate ŋu atsi tre ɖe vɔ̃ɖitɔ la ƒe ayemɔwo katã ŋu. Elabe menye mí kple amegbetɔwoe le aʋa wɔm o, ke boŋ mí kpakple gbɔgbɔmeŋusẽwo, gbɔgbɔmedziɖulawo, dziɖula siwo le xexe doviviti sia me kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me ke lae le aʋa wɔm. " (Efesotɔwo 6:10-12).

Yohanes, lɔlɔ̃ ƒe apostolo gblɔ na mí tso alakpa ƒe kewo ŋu le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ me be: "Azɔ la, ame ka koŋ ye nye alakpatɔ? Eyae nye ame si gblɔna be menye Yesue nye Kristo la o. Ame sia tututue nye Kristo ƒe futɔ la. Eyae gbe nu le Vi la kple Tɔ́ la siaa gbɔ. Elabe ame sia ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, Tɔ́ la hã menye etɔ o; ame sia ame si xɔ Vi la la, Tɔ́ la hã nye etɔ." (1 Yohanes 2:22-23). "Ale ame sia ame si xɔ Mawu Vi la dzi se la, xɔ ɖaseɖiɖi la ɖe eɖokui me. Nenema ke ame sia ame si mexɔ Mawu dzi se o la, do aʋatsokala Mawu elabe mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o." (1 Yohanes 5:10). Miku ɖe Mawu Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe nyateƒea ŋu, na wòanɔ wò agbe ƒe titina eye àyi edzi awɔ nuteƒe nɛ.


11.8 - Allah ƒe ayemɔ le Quran me

Islam koŋ ɖea nyateƒe fiana abe amedzro ƒe gbɔgbɔ ene. Le Surah Âl 'Imran 3:54 me la míexlẽ be: "Israel viwo wɔ aye ɖe Yesu ŋu eye Mawu hã wɔ aye nyuitɔ ɖe wonu kekeake." Kpukpui sia ku ɖe Yudatɔ siwo ɖo nugbe ɖe Yesu ŋu. Gake Allah ɖu fewu le wo ŋu. Allah gblɔ be ye hɔ na Yesu tso eƒe vevesese me le atitsoga ŋu, wòɖee eye wòkɔe ɖe dzi agbagbee. Allah be yeme ɖe mɔ be woklã Yesu ɖe ati ŋu o, ke boŋ efɔe ɖe tsitre to ayemɔ si de ŋgɔ wu me. Eyata wotro ŋutinya me nudzɔdzɔ vavã sia. Ele be Allah ƒe gbɔgbɔ naɖe eƒe nɔnɔme vavãtɔ afia le atitsoga la ŋgɔ eye wòaɖee afia be menye nyateƒea ŋutɔŋutɔe yenye o, eye menye Mawu vavã hãe yenye o, ke boŋ nyateƒe ƒe futɔ ayetɔtɔ kekeakee yenye! Atitsoga, si nye nyateƒea katã ƒe taƒoƒo la, ɖe Allah fia abe alesi wòle ene. Vɔ̃ɖitɔ la koe di be yeagbe atitsoga la ƒe nyateƒenyenye ale be ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɖeɖe ahaxɔ agbe mavɔ o.

Islam tsɔ Allah ɖo ŋkume le Quran me be enye "ayetɔ nyuitɔ kekeake", khair ul-makirin. Mewɔ nuku o be eyomedzelawo bua ayemɔ be enye nɔnɔme nyui aɖe kple mɔ si sɔ be yewoakpɔ nusi dim yewole, si nye kpekpeɖeŋu si yewozãna tsɔ kakaa yewoƒe subɔsubɔha. Muhammad de alakpadada kple amebeble le se nu le nɔnɔme ene me: le aʋa kɔkɔe me be yeatsɔ aflu futɔa eye wòato esia me akaka Islam; be woadzra futɔ eve dome ɖo; be woadzra ŋutsu kple srɔ̃a dome ɖo, eye srɔ̃nyɔnu nadzra srɔ̃a dome ɖo. Ƒã hafi Moslemtɔwo ka ɖe wo nɔewo dzi eye womekana ɖe wo nɔewo dzi o.


11.9 - Agbe ƒe Alakpa alo Mawu ƒe Nyateƒe la

Ne mèxɔ Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu eye wòfɔ tso ame kukuwo dome o la, nyateƒe ƒe gbɔgbɔ mele mewò o. Wò agbe bliboa zua alakpa eye nèdea ɖokuiwò asi to gbegbe le Yesu ƒe atitsoga ŋu. Yesu, nunɔlagã la, kɔ eƒe ʋu ɖe atitsoga la dzi be yeaɖe amewo kple alakpatɔ siwo trɔ dzime la ƒe nuvɔ̃wo ɖa. Le eƒe tsitretsitsi megbe la, edɔ nyateƒegbɔgbɔ la ɖe amesiwo nɔ lalam le gbedodoɖa me be Fofo la ƒe ŋugbedodo nava eme. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe eɖokui fia le dzo aɖe ƒe nɔnɔme me. Esia ɖe nusi Yesu di be yeawɔ kple yeƒe nusrɔ̃lawo me: Ele be woatɔ dzo woƒe alakpa aɖe la eye woatsɔ aɖe yeye, si nye gbɔgbɔ me, si ate ŋu agblɔ nyateƒe mavɔ la aɖo eteƒe. Nukae Nye Nyateƒe Mavɔ? Mawu nye mía Fofo, Kristo nye míaƒe Ðela kple Aƒetɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me. Mawu Mawuɖekaetɔ̃ lae nye nu ŋutɔŋutɔ mavɔ si nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ ʋua eme to Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dzi. Mɔnukpɔkpɔ na mí enye be míagblɔ Eƒe nyateƒe le lɔlɔ̃ me, agblɔ be yeɖu dzi le atitsoga la dzi hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.

Aleke gbegbe wònyo be xɔlɔ̃ aɖe le míasi si wòdoa gbe ɖa eye wòtsɔa dzideƒo gblɔa mía ɖokui ŋuti nyateƒea na mí lɔlɔ̃tɔe? Ɣesiaɣi la Ekplɔa ame siwo wu akpe ɖeka siwo ƒoa adegbe na mí la vɛ na mí. Mina míabia Yesu be wòakpe ɖe mía ŋu míagblɔ nyateƒea nunyatɔe eye míado gbe ɖa ɖe mía xɔlɔ̃wo ta. Yesu de se na mí be: "Ne miele nu ƒom la, migblɔ be 'ɛ̃' alo 'ao': nu bubu ɖesiaɖe tso Vɔ̃ɖitɔ la gbɔ" (Mateo 5:37). Mina míado gbe ɖa na Yesu be wòana míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ eye wòakpe ɖe mía ŋu míagblɔ eƒe nyateƒea ɣesiaɣi kple lɔlɔ̃.

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on April 07, 2025, at 05:45 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)