Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 4 - Kekle Ʋu Ðe Viti Me (Yohanes 18:1 – 21:25)
A - Nudzɔdzɔwo Tso Wole Wo Vaseðe Enyɔdo (Yohanes 18:1 - 19:42)
4. Yesu ƒe atitsoga kple ku (Yohanes 19:16b-42)
c) Kristo ƒe nyawo na dadaa (Yohanes 19:25-27)YOHANES 19:24b-27 Yohanes meŋlɔ nya gbãtɔ siwo Yesu gblɔ le atitsoga ŋu la ɖi o. Kristo tsɔe ke ame sia ame gbã, emegbe etsɔ fiafitɔ si le tsitre ɖe eƒe ɖusime la ke, eye le ɣeyiɣi mawo katã me la, Yudatɔwo nɔ fewu ɖum le eŋu. Hamea nya nuŋlɔɖi siawo xoxo hafi Yohanes ŋlɔ agbalẽa. Nunɔlawo trɔ gbɔ evɔ womesee wòɖe kuku na Fofo la be wòatsɔe ake ye o. Ameha la hã dzo yi ɖadzra ɖo be yewoatsɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe alẽviawo asa vɔe. Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. Subɔsubɔhakplɔlawo yi ɖawɔ dukɔa ƒe azã gã la ƒe kɔnu. Woku kpẽ ɖe dua ƒe gliwo ŋu, wowu alẽviawo le gbedoxɔa me, eye ʋu nɔ sisim fũ. Gbedoxɔa ɖi kafukafu. Le Yerusalem godo la, Mawu ƒe Alẽvi kɔkɔe la he ɖe atitsoga ŋu, wogblẽe ɖi eye wodo vloe. Trɔ̃subɔlawo ƒe dzɔlawo nɔ ame etɔ̃ siwo woklã ɖe ati ŋu la dzi kpɔm. Ɣemaɣie nyɔnu aɖewo te ɖe atitsoga la ŋu hetsi tre ɖe afima le ɖoɖoezizi me. Nudzɔdzɔ siawo katã na wotɔtɔ. Ŋusẽkatãtɔ la tsi tre ɖe wo ŋkume, nɔ xɔsetaku ƒe fu kpem. Akɔfafanya aɖeke medo tso woƒe nu me o eye ƒã hafi wote ŋu doa gbe ɖa. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo nɔ liʋiliʋi lim tso Psalmowo me mawunyakpukpuiwo me. Yesu se dadaa ƒe dzi me ɣlidodo eye wòse eƒe nusrɔ̃la lɔlɔ̃a, Yohanes, ƒe aɖatsiwo gɔme. Mebu eƒe nɔnɔmea ŋu o, togbɔ be alɔ̃madɔmadɔa nɔ tetem ɖe eŋu hã. Kasia egblɔ be, “Nyɔnu, viwòŋutsue nye esi.” Kristo ƒe lɔlɔ̃ nɔ eƒe kɔkɔƒe: elé be na eƒe lɔlɔ̃tɔwo le fukpekpewo me gɔ̃ hã. Nusi Simeon gblɔ ɖi na Ðetugbi Nɔaƒe la va eme, be yi la ato eƒe dzi me (Luka 2:35). Esi Yesu mete ŋu na ga alo bebeƒe dadaa o ta la, etsɔ lɔlɔ̃ si wòtsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo la nɛ. Yohanes va kple Kristo dada (Mateo 27:56), togbɔ be meyɔ eƒe ŋkɔ alo Ðetugbi Nɔaƒe la tɔ o hã, ale be wòagaɖe bubu si dze na Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe gaƒoƒo me dzi akpɔtɔ o. Esi Yesu ƒo nu kple Yohanes eye wòtsɔ dadaa de asi nɛ la, emegbe nusrɔ̃la la ge ɖe atitsoga la ƒe keklẽ me. Egbugbɔ nu na Maria hexɔe ɖe eƒe aƒeme. Nyɔnu bubuawo ɖi ɖase le esia ŋu. Yehowa ɖe wo dometɔ ɖeka tso gbɔgbɔ vɔ̃ adre si me. Maria Magdalatɔ ye. Ekpɔ Yesu ƒe aʋadziɖuɖu le eƒe luʋɔ me kpɔ. Elɔ̃ eƒe Aƒetɔ eye wòdze eyome.
d) Nusi do tso eme (Yohanes 19:28-30)YOHANES 19:28-29 Nunana nɔ nyanyuigblɔla Yohanes si be wòagblɔ nya geɖe le nya ʋɛ aɖewo ko me. Megblɔ nya aɖeke na mí tso viviti si xɔ anyigba la ŋu o, eye megblɔ Kristo ƒe ɣlidodo be wogblẽe ɖi le Mawu ƒe dziku me le míaƒe nuvɔ̃wo ta o. Gake ena míenya be le eƒe aʋawɔwɔ si ku, si xɔ gaƒoƒo etɔ̃ ƒe nuwuwu la, ese le eɖokui me be ku gogo. Yohanes mesusui be ku ɖu Yesu dzi o, ke boŋ Yesu tsɔ eɖokui na le lɔlɔ̃nu faa me na ku. Ðeɖi te eƒe luʋɔ ŋu le xexeame katã ƒe ɖeɖekpɔkpɔdɔ sia ta. Yesu kpɔ be ɖeɖekpɔkpɔ deblibo li na amesiame, enya be yeƒe ku aɖe nuvɔ̃wɔla miliɔn geɖe tso woƒe fɔɖiɖi me eye wòana gome wo be woava Mawu gbɔ. Ekpɔ nuŋeŋe kple eƒe ku ƒe kutsetse do ŋgɔ. Emegbe ɣlidodo aɖe do tso eƒe nuyiwo me be: “Tsikɔ le wuyem.” Ame si wɔ xexeame katã eye wòzɔ tsi dzi la tsikɔ wui. Lɔlɔ̃ si zu ŋutilã la dzro Fofo aɖe si ɣla eƒe mo ɖe eme la ƒe lɔlɔ̃. Enye nukpɔkpɔ tso dzomavɔ me, afisi amegbetɔ ƒe luʋɔ kple ŋutilã kuna le tsikɔwuame ta evɔ mete ŋu kpɔa gbɔdzɔe aɖeke o. Kristo do lo si ku ɖe kesinɔtɔ si le dzomavɔ ƒe dzowo me, si tsikɔ le wuwum, si ɖe kuku na Abraham be wòadɔ Lazaro ɖa be wòatsɔ eƒe asibidɛ ade tsi fafɛ me be wòana eƒe nuyiwo nafa. Yesu nye ame, edo dzi le dzɔdzɔmetsikɔwuame me, gake mekpɔ eƒe tsikɔwuame dze sii o vaseɖe esime wowu ɖeɖedɔa nu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Eƒe xɔname subɔsubɔdɔa fia abe ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ ene le Psalmo 22:13-18, abe alesi wòƒo nu tso vinegar ŋu le Psalmo 69:21 ene. Míenya nenye be asrafoawo tsɔ vinegar dzadzɛ loo alo wotsɔ tsi tsakae na Yesu, le vlododo alo nublanuikpɔkpɔ ta o. Míenya be menye tsi dzadzɛe wònye o. Ŋusẽ aɖeke menɔ ŋutsu Yesu, Mawu ƒe Vi la ŋu le ɣeyiɣi ma tututu me o. YOHANES 19:30 Esi Yesu ɖɔ vinegar la kpɔ vɔ la, egblɔ aʋadziɖuɖunya be: “Ewu enu!” Gbesigbe do ŋgɔ na aʋadziɖuɖu ƒe ɣlidodo sia la, Vi la bia tso Fofoa si be wòado ŋutikɔkɔe na ye le atitsoga la dzi hena míaƒe tafe, ale be woado Fofo la ŋutɔ ŋutikɔkɔe. Vi la de dzesii le xɔse me be woɖo gbedodoɖa sia ŋu, be yewu dɔ si Fofo la de esi la nu (Yohanes 17:1, 4). Le atitsoga la dzi gɔ̃ hã la, dzadzɛnyenye na Yesu nɔ agbe. Fuléle ƒe nya aɖeke mesi le enu o, nublanuikpɔkpɔ ƒe liʋiliʋilili, mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe ɣlidodo aɖeke metso eme o, ke boŋ etsɔ eƒe futɔ siwo lé ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu, amesi le abe futɔ ene le mía ta la ke. Yesu nya be yewu ɖeɖedɔa nu, elabena Mawu na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔɖela la de blibo to fukpekpe me. Ame aɖeke mate ŋu age ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe lɔlɔ̃ ƒe gogloƒe kple kɔkɔƒe o, elabena Vi la tsɔ eɖokui na Mawu to Gbɔgbɔ mavɔ la dzi, ɖiƒoƒo aɖeke manɔmee, abe vɔsa gbagbe ene (Hebritɔwo 9:14). Tso esime Kristo do ɣli mamlɛtɔ le atitsoga ŋu la, ɖeɖekpɔkpɔ va eme eye mehiã blibodede azɔ o. Menye míaƒe agbagbadzedzewo, míaƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ, míaƒe gbedodoɖawo, míaƒe kɔkɔenyenyee kplɔa mí yia agbe le dzɔdzɔenyenye alo kɔkɔenyenye me o. Mawu Vi la wɔ nusiawo katã zi ɖeka tegbee. To eƒe ku me la, ɣeyiɣi yeye aɖe dze egɔme eye ŋutifafa ɖu fia, elabena Mawu ƒe Alẽvi la dzra mía kple Fofo la dome ɖo. Ame sia ame si xɔe se la, edze dzɔdzɔe. Yesu bɔbɔ ta tsɔ ɖe bubu kple gãnyenye fia. Etsɔ eƒe luʋɔ de Fofoa si galɔ̃e nenema ke la si me. Lɔlɔ̃ sia hee va amenuveve ƒe fiazikpui la gbɔ, afisi wògabɔbɔ nɔ egbea le Fofo la ƒe nuɖusi me, ɖeka kplii. GBEDODOƉA: Oo Alẽvi Kɔkɔe, si ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ɖa; miedze be miaxɔ ŋusẽ, kesinɔnuwo, nunya, bubu, ŋutikɔkɔe, yayra kple nye agbe hã. Kpe ɖe ŋunye be makɔ ŋku dzi ɖe ŋuwò, Oo Ame si woklã ɖe ati ŋu, be mabia tsɔtsɔke wò ɖe nye vodadawo ta eye maxɔe ase be àwɔm kɔkɔe to wò amenuveve kple wò ʋu me. BIABIA:
|