Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
D - Dɔdzɔdzɔ Le Mɔ Si Yi Gethsemane (Yohanes 15:1 - 16:33)
4. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea ŋgɔyiyiwo fiana vevitɔ kekeake le ŋutinya me (Yohanes 16:4-15)YOHANES 16:4-7 Gbã la, Yesu meƒo nu tso nɔnɔme sesẽwo, fukpekpewo kple yometiti ŋu kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ ena wonya nu tso dziƒowo ƒe ʋuʋu kple mawudɔlawo ƒe nudede eme le Amegbetɔvi la ŋu. Wonya Mawu ƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le Vi la me si na wòte ŋu wɔa nukunuwo. Vivivi la, mawuvɔ̃lawo va sesẽ ɖe eŋu, eye amehawo gblẽe ɖi le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta. Ame aɖeke megakpɔtɔ nɔ egbɔ o negbe eƒe nusrɔ̃la siwo wòagblẽ ɖi kpuie ava kpe ɖe Fofoa ŋu. Eƒo nu tso yometiti kple ku ŋu na wo, si na blanuiléle yɔ wo me fũ. Womete ŋu kpɔ tameɖoɖo alo gɔmesese aɖeke le wo katã ŋu o, eye womete ŋu kpɔ dzideƒoname aɖeke na etsɔme hã o. Gake wode dzesii be Yesu megblɔ nya aɖeke tso eya ŋutɔ ƒe fukpekpe, funyafunyawɔwɔ kple ku ŋu o; nya nyuiwo koe wòƒo nu tso eƒe dzodzo yi Fofoa gbɔ ŋu. Wonɔ wo ɖokui biam be, “Afikae wòle yiyim?” Didi aɖeke menɔ wo me be yewoakpɔe wòali dziƒo o, eye wodi be yewoanɔ yewoƒe axadzi. Yesu ɖe eme na wo be ele vevie ŋutɔ be yeadzo elabena, atitsoga manɔmee la, Gbɔgbɔ la mava o. To Mawu ƒe avuléle kple amegbetɔ, kple nuvɔ̃ ƒe avuléle to Mawu ƒe Alẽvi la ƒe ku me ko hafi Mawu aɖe eƒe ŋusẽ afia eye wòaɖi ɖe viawo dzi. Yesu na dzɔdzɔenyenye katã va eme ale be woakpɔ agbe kple Mawu ƒe lɔlɔ̃. Yesu ƒe kue nye nusi dzi wotu Nubabla Yeyea ɖo eye wòna gome wò be nàɖo dze kple Mawu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fa akɔ na wò, eye wòka ɖe edzi na wò be Mawu li kpli wò eye wòle mewò. YOHANES 16:8-11 Gbɔgbɔ la ate ŋu afa akɔ na nusrɔ̃lawo elabena Eʋua xɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzimaxɔsetɔwo ƒe dzi le gɔmeɖose siawo dzi. Gbɔgbɔ la fiaa gɔmesese si le nuvɔ̃ ŋu kple emetsonuwo mí. Do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, nuvɔ̃ nye sededewo dzi dada kple tomaɖomaɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Esia sɔ kple aglãdzedze kple kakaɖedzi kple lɔlɔ̃ ƒe anyimanɔmanɔ – agbenɔnɔ Mawu manɔmee kple tsitretsitsi ɖe Eŋu. Wobua nuvɔ̃ ɖesiaɖe, eɖanye agbenyuinɔnɔ, hadome alo gbɔgbɔ me tɔ o, be enye Mawu ƒe gãnyenye dzi dada. Le atitsoga la megbe la, eƒe gɔmesese do ƒome kple nuvɔ̃ si amegbetɔ wɔna, si nye gbegbe be Yesu Kristo nye ame ŋutɔ ƒe Ðela, alo ne míagblɔe bubui la, Mawu ƒe amenuveve gbegbe. Ame sia ame si aŋe aɖaba aƒu Yesu ƒe tsɔtsɔke dzi, agblɔ busunya ɖe Kɔkɔetɔ la ŋu eye mexɔ Mawu Fofo la kple Yesu Via dzi se o la nye Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ƒe futɔ. Mawu nye lɔlɔ̃ eye amesiame si gbe lɔlɔ̃ sia si woɖe fia le Kristo me la wɔa nuvɔ̃ si kuna si ɖee ɖa tso ɖeɖekpɔkpɔ gbɔ. Le atitsoga la dzi la, Kristo wu xexeame ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nu. Megahiã be wòaku o elabena etsɔ amegbetɔ siwo xɔ ƒe vovovowo ƒe nuvɔ̃wo ke. Wobu wo katã ame dzɔdzɔewo to amenuveve me le Kristo ƒe ʋu me. Eƒe dɔwɔwɔ ɖi nunɔlagã la tɔ. Afɔɖeɖe etɔ̃ le eme: gbãtɔ, ame si wotsɔ avulé avui la wuwu; evelia, ʋua tsɔtsɔ sa vɔe na Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, avuléle le Mawu ŋkume; etɔ̃lia, be woayra xɔsetɔ gbogboawo. Yesu wɔ nusiawo katã. Eto vɔsa sia dzi na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe yayra eye wòka ɖe edzi na mí be míenye ame dzɔdzɔewo. Kristo ƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi wu míaƒe dzɔdzɔenyenye si wodze egɔme tso atitsoga la dzi la nu. Le Yesu gome la, menye ɖeko xexeame ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ƒe taɖodzinue nye be wòatsɔ dzimaxɔsetɔwo aƒu gbe ɖe dzomavɔ me ko o, ke boŋ be wòatsrɔ̃ Satana kple eƒe kluvinyenye. Satana nana amewo tea ɖa tso Mawu gbɔ. Ena wozu kluviwo na fuléle eye wòna wozu abosam viwo yɔ fũ kple abosam ƒe ayemɔwo. Le Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ ɖokuibɔbɔ me la, ebu fɔ ameblelawo ƒe dada. Vi la ƒe lɔlɔ̃ ɖe aʋawɔnuwo ɖa le Vɔ̃ɖitɔ la ŋu. Esi Yesu tsɔ eƒe gbɔgbɔ de Fofoa si me la, eɖu Satana ƒe viviti la dzi. Yesue nye Aʋadziɖula, togbɔ be edze abe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ene hã. Esi wòɖo to Fofoa va se ɖe esime wòku le atitsoga ŋu ta la, edrɔ̃ ʋɔnu Satana hegbãe. Egbea aʋadziɖuɖu sia ɖea vi na mí. Míedoa gbe ɖa be, “Fofo, mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ me,” esime míele Kristo ƒe aʋadziɖuɖu hena ametakpɔkpɔ kple ŋutifafa me tsonuwo teƒe kpɔm. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míeda akpe na wò be nèwɔ avu nyui la eye nèyi edzi wɔ nuteƒe le ɖokuibɔbɔ, lɔlɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ me. Akpe na mi hã be miete ɖe Fofo la ŋu eye miewu míaƒe dzɔdzɔenyenye nu. Míekafu wò elabena èna wò vɔsa la ƒe yayrawo mí to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. Na mí le wò dzɔdzɔenyenye ƒe lɔlɔ̃ me, ale be futɔ magate ŋu alé mí o. Ðe mí tso Satana si me. Miaƒe fiaɖuƒe nava eye woakɔ Fofo la ƒe ŋkɔ ŋu le xexeame. BIABIA:
|