Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
2. Ŋutsu si wodzi ŋkuagbãtɔ la dada (Yohanes 9:1-41)
b) Yudatɔwo Bia Nya Ame Si Woda Gbe Le (Yohanes 9:13–34)YOHANES 9:24-25 Farisitɔwo dze agbagba be yewoakpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le Yesu ŋu le mɔ si mate ŋu adzɔ o nu be woadrɔ̃ ʋɔnui. Wogayɔ ŋutsu si woda gbe le la eye wona wòka atam be yeaƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu ahatsɔ nya ɖe eŋu be edze agɔ. Wogblɔna abe eŋutinunyalawo ene be yewonya be nuvɔ̃wɔlae Yesu nye; nusi wohiã koe nye kpeɖodzi si me kɔ. Woƒoe ɖe enu be wòalɔ̃ ɖe edzi ahatso Yesu nu, eye woƒoe ɖe enu be wòaʋu eme be yeƒe dɔyɔyɔ menye ŋutikɔkɔe na Nazaretetɔ la o. Gake eɖo eŋu nunyatɔe be: “Nyemenya ne nuvɔ̃wɔlae wònye o, Mawu ɖeka koe nya. Menya nu ɖeka – ŋkuagbãtɔe menye eye fifia mele nu kpɔm.” Womate ŋu agbe nyateƒenya sia o. Elɔ nukunu, mawume ŋusẽ kple tsɔtsɔke ƒe amenuveve ɖe eme. Ðekakpui sia ƒe ɖaseɖiɖi nye esi dzi xɔsetɔ akpe geɖe aɖo kpee. Ðewohĩ womenya dziƒo kple dzomavɔ ƒe nya ɣaɣlawo o, gake wodzi wo yeyee. Wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu agblɔ be: “Ŋkuagbãe menye, gake fifia ya mele nu kpɔm.” YOHANES 9:26-27 Esi ɖekakpuia ƒe ŋuɖoɖoa medze Farisitɔwo ŋu o ta la, wodze agbagba be yewoadi nya siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le eƒe nyatakakaa me eye wobia tso esi be wòagbugbɔ eƒe ŋutinyaa agblɔ. Edo dziku eye wògblɔ be, “Ðe mèse nya si megblɔ na wò la gɔme oa? Ðe miedi be yewoase eƒe nyawo zi evelia bene miate ŋu azu eƒe nusrɔ̃lawoa?” YOHANES 9:28-34 Esi ɖekakpuia ɖu fewu le eŋu vɔ la, agbalẽfialawo kple agbalẽnyalawo do ɣli hedo vloe be: “Menye míawoe o, ke boŋ wòe, ameblela sia ƒe nusrɔ̃lae nènye. Míedze Mose, ame si ƒo nu kple Mawu la yome.” Yesu gblɔ na wo do ŋgɔ be ne ɖe wose Mose gɔme nyuie la, anye ne woawo hã ase eƒe nyawo gɔme ahase egɔme. Gake esi wotro Mose ƒe nyawo eye wozã wo tsɔ ʋli wo ɖokui tae ta la, womete ŋu se egɔme hã o, eye womete ŋu de dzesi Gbɔgbɔ si ƒo nu to edzi la hã o. Le esia ta ŋutsu si woda gbe le la ɖo eŋu be: “Amesi ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la, Wɔla la ƒe ŋusẽ le esi. Ŋusẽ le esi eye ŋutete le esi. Le eƒe nyuiwɔwɔ me la, metsɔ nya ɖe ŋunye o; mebia ga o, ke boŋ etsɔ subɔsubɔdɔ aɖe nam femaxee. Melala akpedada gɔ̃ hã o. Nyemekpɔa vodada alo fɔbubu aɖeke le eŋu o.” Emegbe eʋu eme be: “Nubabla xoxoa me tɔ ɖe sia ɖe nyae bena, Mawu meɖoa dadalawo ƒe gbedodoɖawo ŋu o. Nuvɔ̃ xea mɔ na Mawu be wòate ŋu ayra amegbetɔ o. Gake amesi wogbã le Kɔkɔetɔ la ŋkume, ʋua eƒe nuvɔ̃ me, dia xɔse kple lɔlɔ̃ kple akpedada; eya ta Mawu ƒoa nu le ame ŋutɔ ŋkume.” “Mia dometɔ aɖeke mete ŋu ʋu nye ŋkuwo o, ame aɖeke mate ŋu aʋu nye ŋkuwo o, elabena amewo katã wɔ nuvɔ̃ negbe Yesu ko. Ete ŋu da gbe le ŋunye, esia nye kpeɖodzi be nuvɔ̃ aɖeke mele eŋu o. Mawu nɔa eme.” Esi wozi edzi wòbu Yesu ŋu le gbebiame sia me ta la, eva nya Yesu ƒe fɔmaɖimaɖi kple mawunyenye. Le esia ta Farisitɔwo ƒo fi dee be: “Ame aɖeke megblẽ wu wò kple dziwòlawo o. Wò nu gbegblẽ wɔwɔ ɖea eɖokui fiana to wò ŋkumaʋumaʋu me.” Mawu mawuvɔ̃la siawo menya be yewoƒe ŋkuwo gbã wu ame dahe la o. Yesu zãe abe apostolo ene ɖe eteƒe, tsɔ ɖe nusi wòate ŋu awɔ kpli wo afia. Gake wogbe Kristo ƒe nufiafia esi wogbe dɔla si woda gbe le. Ale wonyae do goe le ƒuƒoƒea. Wonyae le aɖaŋuɖotakpekpea me gbã eye emegbe le dutoƒo, esime woyɔe be Yesu ƒe dɔla. Gbemagbe woda gbe le eŋu evɔ eƒe dukɔa gbee, si nye kpeɖodzi be woƒe gbɔgbɔ mete ŋu nɔ te ɖe Kristo ƒe Gbɔgbɔ la nu o. BIABIA:
|