Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
d) Yesu, xexeame ƒe kekeli (Yohanes 8:12-29)YOHANES 8:21-22 Yesu nya be gbedoxɔa me subɔlawo ƒo xlã ye le goawo katã me. Etsɔ nya ɣaɣlawo ɖe gɔmesese deto si le etsɔme fia be: “Nye ku ƒe gaƒoƒoa gogo. Emegbe madzo le xexe sia me eye miate ŋu adze yonyeme o. Menye miawoe nye amewulawo le mia ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo nu o. Nyee tsoa nya me le ɣeyiɣi si madzo.” “Gake mado tso yɔdo me ato agakpewo kple ʋɔtru siwo wotu la me. Àdim dzodzro. Malia ayi Fofonye gbɔ eye miadze sie gɔ̃ hã o. Ègbe nye, Mawu ƒe Alẽvi la, eye mèɖo ŋu ɖe amewo ƒe Ðela la ŋu o. Àtsrɔ̃ le wò nu vɔ̃wo ƒe gaxɔ me.” Míaƒe nuvɔ̃ geɖewo menye míaƒe fɔɖiɖi vevitɔ o, ke boŋ míaƒe nɔnɔme ɖe Mawu ŋu kple míaƒe dzimaxɔse ye. Yudatɔwo kpɔe dze sii be Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe dzodzo godoo ŋu, evɔ womese egɔme be etrɔ yina Fofo la gbɔ o. Wobui be ɖeɖi te eŋu le dzre si wòwɔ kple Farisitɔwo kpakple nunɔlawo ta. Tiatia aɖeke meganɔ esi wu be wòawu eɖokui o. Ðe dzomavɔ alo tsɔtsrɔ̃ amiea? Yudatɔwo susui be yewoaƒo asa na dzɔgbevɔ̃e sia le yewoƒe dzɔdzɔenyenye ta. Gake esi Roma ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Yudatɔ akpe geɖe wu wo ɖokui le dɔwuame kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ta. YOHANES 8:23-24 Yesu ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ƒe anyinɔnɔ wu míaƒe xexe si dze anyi la. Wodzi mí katã tso ke me, eye tamesusu vevewo yɔ mí fũ. Abosam ƒe nuku dzia atikutsetse gbegblẽwo. Dzɔdzɔmeme mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la adze sii o, gake ate ŋu ase eƒe anyinɔnɔ gɔme le mɔ si me mekɔ o nu. Kristo menye míaƒe xexeame tɔ o; eƒe luʋɔ tso Fofo la gbɔ. Fofoa ƒe fiaɖuƒea le dziƒo, gake menye le anyigba ƒe nɔnɔme nu o. Zi alesi míeyi dzi la, zi nenemae nuheŋusẽ dzi ɖena kpɔtɔnae; nenema ke nuvɔ̃ ƒe drɔ̃e baɖa la nu yina ne míele tetem ɖe Mawu ŋu. Míaƒe xexeame nye gaxɔ si me míate ŋu asi le o. Míenye míaƒe nutoa me tɔwo ƒe dzidzimevi siwo gbe be yewomabɔbɔ yewo ɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ te o. Nu vɔ̃ yɔ míaƒe agbe me fũ. Le kpukpui sia me la, Yesu tsɔ nya ‘nuvɔ̃’ de agbɔsɔsɔ me, elabena nuvɔ̃ kple vodada geɖewo tsoa míaƒe tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu me. Míele abe anyidɔléla si ŋu abi le ene. Anyidɔléla la kuna vivivi, togbɔ be egakpɔtɔ le agbe hã. Nuvɔ̃ tsrɔ̃a amegbetɔ hã nenema ke. Míekuna elabena míewɔ nu vɔ̃. Nukae nye nuvɔ̃? Esia nye dzimaxɔse, elabena amesi kpe ɖe Kristo ŋu la le agbe tegbee – Mawu Vi la ƒe ʋu yi edzi le mía ŋu kɔm tso nuvɔ̃ me. Eƒe ŋusẽ kɔa míaƒe dzitsinya ŋu eye wòkɔa míaƒe tamesusuwo ŋu. Ke ame si tsi anyi ɖe eɖokui ɖa tso Kristo gbɔ la, tia ku; ekpɔtɔ nye eƒe nu vɔ̃wo ƒe kluvi eye wòle ʋɔnudɔdrɔ̃ lalam. Kristo dzixɔse ɖea mí tso Mawu ƒe dziku me. Ekema amekae nye Yesu sia si bia be woaxɔ ye dzi ase? Egblɔ be yeƒe ŋkɔe nye “Nyee” (Yohanes 8:24). Nyagbɔgblɔ sia ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe ɖaseɖiɖi gãwo katã ŋu kpuie. Eɖe eɖokui fia hã abe nyateƒe ƒe Fiavi, Mawu gbagbe la, Kɔkɔetɔ si ɖe eɖokui fia Mose le gbe me (Mose II, 3:14; Yesaya 43:1-12). Xɔname mele ame bubu aɖeke me o. Yudatɔ ɖesiaɖe nya nyagbɔgblɔ eve siawo, eye metsɔ dzideƒo yɔ wo le vɔvɔ̃ be yeazã Mawu ƒe ŋkɔ dzodzro o ta. Gake Yesu gblɔ le dutoƒo be ye ŋutɔ gbɔe wotso. Menye Kristo, Mawu Vi la koe wònye o, ke boŋ enye Yahweh, Mawu le nyateƒe me hã. Eyae nye Nyanyui la ƒe ŋutilã me nɔnɔme. Kristo nye Mawu si wowɔ ŋutilã. Ame si xɔ edzi se la, agbe le esi. Gake amesi gbee eye wògbe eƒe ŋusẽ la, exɔa tsɔtsɔke le esi. Xɔse alo dzimaxɔse ye tsoa nya me le amegbetɔ ƒe dzɔgbese ŋu. BIABIA:
|