Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
1. Nya siwo Yesu gblɔ le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi (Yohanes 7:1 – 8:59)
d) Yesu, xexeame ƒe kekeli (Yohanes 8:12-29)YOHANES 8:25-27 Togbɔ be Yesu te tɔ ɖe eƒe mawunyenye dzi hã la, Yudatɔwo yi edzi biae be “Amekae nènye? Na kpeɖodzi aɖe mí; na kuxia me kɔ le mɔ si gɔme míate ŋu ase nu!” Ke hã ɖeko wòɖe eɖokui fia kɔte alesi wòanya wɔe teti koe nye ema. Yesu ɖo eŋu be, “Tso gɔmedzedzea me ke la, menye Mawu vavã la; Ke hã miese nye nyawo gɔme o. Nye Gbɔgbɔ mekpɔ xɔxlɔ̃ aɖeke le miaƒe dziwo me o. Mietsɔ ɖeke le nye ɖeɖefia siwo ku ɖe nye ŋkɔwo kple nɔnɔmewo ŋu me o. Nyee nye Mawu ƒe nya si zu ŋutilã. Ke mieɖoa tom o, eye miesea nu gɔme nam o, elabena anyigbadzixexeame mee mietso, ke menye Mawu gbɔe mietso o. Eya ta mieɖe mɔ nye Gbɔgbɔ trɔ mi o. Nya siwo megblɔ na wò zi geɖe la mekpe ɖe ŋuwò boo o, elabena wò dzi sẽ. Le esia ta nye nyawo adrɔ̃ ʋɔnu wò, togbɔ be melɔ̃ wò eye meɖe ɖokuinye fia wò hã. Mia dometɔ aɖewo ate ŋu adze nye gãnyenye gɔme. Medi be maɖe wò eye mana agbe yeye wò. Mawue nye nyateƒe, abe nye ke ene. Ke nyateƒe sia atsrɔ̃ mi, elabena miegbe Gbɔgbɔ la ƒe nunana si le miaƒe dzi me la.” Yudatɔwo mese gɔmesese ɣaɣla si le ɖeɖefia siawo ŋu gɔme o, eye womekpɔ eƒe ɖekawɔwɔ kple Fofo la ƒe vevienyenye hã dze sii o. Wose eƒe nyawo gɔmesese manɔmee, elabena womexɔ edzi se o. Eyama dzixɔse bɔbɔe ɖea Eƒe nyateƒenya siwo dzena le eɖokui si la fiana míaƒe susu. YOHANES 8:28-29 Yesu nyae be yeƒe futɔwo kple yeƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã mekpɔ nyateƒe si ku ɖe ye ŋu la dze sii o. Womedɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo haɖe o. Gake woka ɖe edzi nɛ be eƒe atitsoga ahe xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa eye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔklɔ ɖe eƒe dziƒoyiyi ɖe Fofo la gbɔ akplɔe ɖo. Ɣemaɣi la, Amesi li la ŋuti sidzedze adze Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo ƒe susu me. Mele be woabu Kristo ƒe mawunyenye to vovo na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ o. Viɖe boo aɖeke mele nuŋububu si me susu le ŋu o. Dzidzi yeye koe naa xɔse si dze ƒã, abe alesi Kristo ƒe nyuiwɔwɔ dzixɔxɔse sesẽ nana wodzia ame evelia ene. Kristo megblɔ be yenye mawu si le eɖokui si keŋkeŋ o, ke boŋ eɖe gbeƒã eƒe ɖekawɔwɔ vevi kple Fofo la kpakple ŋutete si mele esi be wòawɔ nu eya manɔmee o. Gakpe ɖe eŋu la, mewɔa naneke le eɖokui si o. Fofo la wɔa nu le eyama me. Afisi eƒe ɖokuibɔbɔ se ɖo la dze le alesi wòxɔ ŋkɔ “Mawu ƒe Apostolo” (Yohanes 13:16) me. Togbɔ be le nyagbe ma ke me la, eɖe eɖokui fia be yenye Aƒetɔ kple Aƒetɔ hã. Mía Fofo la menye ame si gɔme sese le bɔbɔe o, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu. Yesu to Yohanes ƒe nuŋlɔɖia dzi gblɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ɖekawɔwɔ ƒe nyateƒe si wɔ nuku ŋutɔ. Emegbe eyi edzi be: “Fofo la li kplim ɖaa, fifia gɔ̃ hã. Medzo le gbɔnye ɣeyiɣi kpui aɖeke hã kpɔ o. Vi la hã megblẽ Fofoa si le dziƒo ɖi alo dze aglã ɖe eŋu gbeɖe o, ke boŋ eɖo toe le nusianu me. Eɖi tso dziƒo va zu amegbetɔ, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu te.” Egblɔ nya wɔnuku aɖe kpee be: “Mewɔa nusi dzea Fofo la ŋu ɣesiaɣi.” Ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya siawo o negbe Vi si nɔa agbe ɣesiaɣi le ɖekawɔwɔ me kple Fofoa le Gbɔgbɔ la ƒe blibonyenye me ko. Yesu wɔ se la dzi. Gawu la, eya ŋutɔe nye Nubabla Yeyea ƒe se deblibo. Ke hã, Yudatɔwo yɔe be busunyagblɔla si tsi tre ɖe sea ŋu eye wòkplɔ dukɔa tra mɔ, togbɔ be eya ɖeka koe dea bubu sea ŋu hã. Èsea Gbɔgbɔ la ƒe gbe le Kristo ƒe nyawo mea? Èkpɔ eƒe gãnyenye kple eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe ablɔɖe kple eƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Fofo la tea? Edi be yeakplɔ wò ava lɔlɔ̃ ƒe hadede me le ɖokuibɔbɔ kple ablɔɖe me. To eƒe anyinɔnɔ me la, akplɔ wò ayi ablɔɖe kple subɔsubɔ gbɔ. Anye wò nufiala eye màwɔ naneke eya manɔmee o, eye nàdi be yeadze eŋu le wò agbenɔnɔ katã me. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, ŋu kpem le nye dzimesesẽ, nye alakpanyawo kple nye fɔɖiɖi ta. Tsɔ nye vodadawo ke. Kɔ ŋunye eye nàkpe ɖe ŋunye madze wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe mɔfiafia yome. Nye mɔfiala kple nye nufiala; ʋu nye dzi kple susu na wò lɔlɔ̃ mavɔ. BIABIA:
|