Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
B - Yesu Nyee Agbe Abolo (Yohanes 6:1-71)
4. Yesu tsɔ tiatia aɖe na ŋutsuwo be: “Milɔ̃ ɖe edzi alo migbe!” (Yohanes 6:22-59)YOHANES 6:41-42 Nyanyuigblɔla Yohanes yɔ Galileatɔwo be Yudatɔwo, togbɔ be womenɔ ƒuƒoƒo ma me o hã. Gake esi wogbe Kristo ƒe Gbɔgbɔ la, womenyo wu Yudatɔwo kple dzigbetɔwo o. Agbalẽfialawo gblɔ susu bubu si ta wogbe Yesu. Wose le wo ɖokui me be yewoƒe tamesusuwo kple dzixɔse si sɔ le yewo ŋutɔ yewoƒe ɖɔɖɔɖo ŋu tsi tre ɖe Yesu ƒe lɔlɔ̃ ŋu. Le Galileatɔwo gome la, wokli nu ɖe hadome Yesu ŋu, elabena wonya eƒe ƒomea: “fofoa” (Yosef atikpala) nɔ wo dome kpɔ, enye ame tsɛ aɖe, nyagblɔɖi alo bubu aɖeke ƒe nunana mele esi o; Naneke menɔ dadaa Maria si si na wòto vovo tso nyɔnu bubuwo gbɔ o, negbe nyateƒe si wònye be eva zu ahosi, si fia be mawuvɔvɔ̃ ƒe dziku aɖe li ko. Eya ta Galileatɔwo mexɔe se be Yesue nye abolo si tso dziƒo o. YOHANES 6:43-46 Yesu medze agbagba be yeaɖe nukunu si dzɔ le edziɣi la me na amesiwo gbee o, anye ne womaxɔ edzi ase le mɔ aɖeke nu o. Le mía ŋutɔwo nu la, míate ŋu anya ame Yesu ƒe mawunyenye o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe gbɔgbɔ me koe míanyae. Ne míexɔ edzi se la, míakpɔe eye míanya eƒe nyateƒe gã la. Yesu xe mɔ na ameha la be woagaɖe ɖeklemi Mawu ƒe ɖeɖefiawo o. Susu sesẽ la mesea naneke gɔme tso Mawu fiaɖuƒe la ŋu o. Gake amesiame si tsɔ ɖe le eme eye wòse le eɖokui me be ehiã la, ekpɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃. Le eƒe lɔlɔ̃ me la, Mawu kplɔa amewo yia Yesu Ðela la gbɔ. Edi be yeana numekɔkɔ nanɔ wo me eye yefia nu wo dometɔ ɖesiaɖe, abe alesi Yeremya 31:3 gblɔe na mí ene. Le Nubabla Yeyea me la, menye míaƒe lɔlɔ̃nu alo míaƒe susue dzia xɔse o; ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae klẽna ɖe mía dzi eye wòwɔa mawume agbe ɖe mía me. Ekpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ dzea sii be Mawu ŋusẽtɔ lae nye mía Mawu kple mía Fofo vavã. Mlɔetɔa fiaa nu mí eye wòléa ƒomedodo si le mía dome tẽ me ɖe asi. Ewɔa xɔse le míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ me. Èse eƒe dɔwɔwɔ le wò susu me kpɔa? Ðe nèʋu wò dzi na Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe dzodzroa? Fofo la ƒe Gbɔgbɔ kplɔa mí yia Yesu gbɔ eye wòtutua mí ɖe egbɔ. Enyɔa míaƒe tsikɔwuame ɖe eŋu, vaseɖe esime mlɔeba míeva do goe helɔ̃e. Yesu xɔ mí abe alesi míele ene eye megbea mí o. Etsɔa agbe mavɔ na mí. To eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ me la, míage ɖe Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me. Gake vovototo aɖe gakpɔtɔ le Yesu kple xɔsetɔ si wodzi yeyee dome. Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o negbe Vi la ko. Enɔ Fofo la gbɔ tso gɔmedzedzea me ke eye wòkpɔe. Fofo la kple Vi la nye womate ŋu ama o. Yesu kpɔ gome le dziƒo ŋutifafa kple Mawu ƒe nɔnɔmewo katã me. YOHANES 6:47-50 Esi Yesu ɖe gbeƒã eƒe ɖekawɔwɔ kple Fofo la, kple Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ le eƒe nyaselawo ƒe dzi me vɔ la, egatsɔ eƒe nu vevitɔ ƒe nyateƒe la ɖo wo ŋkume ale be woaka ɖe edzi. Eɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose la me kpuie: amesi xɔ Yesu dzi se la nɔa agbe tegbee. Nyateƒenya sia nye kakaɖedzi si ku mate ŋu axɔ le ame si o. Yesu ɖi abolo si Mawu tsɔ na xexeame. Le aboloawo ƒe dzidziɖedzi ƒe nukunuwɔɣi la, aboloa mewu enu o. Nenema ke Yesu sɔ gbɔ na xexeame ƒe nuhiahiãwo ɣesiaɣi, elabena eya mee Mawu ƒe blibonyenye le. Eya gbɔe míexɔa mɔkpɔkpɔ, dzidzɔ kple yayra. To eƒe nya dzi la, etsɔ Mawu ƒe agbe na xexeame, eye xexeame mexɔe o. Mana nye nunana tso Mawu gbɔ; nuɖuɖu sia se ɖe afi aɖe le ɣeyiɣi aɖe megbe. Menye ame sia ame si ɖui lae woɖe tso ku me o. Nenema kee wòle le dɔmenyonunanadɔwo, mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyiwo kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nusiwo ŋu woke ɖo hã gome, eye esiawo katã kpena ɖe ame ŋu le akpa aɖe me eye hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Mɔ aɖeke meli si dzi míato aƒo asa na ku alo aɖu nuvɔ̃ dzi o. Ke hã ame si xɔ Kristo la maku o. Kristo ƒe tameɖoɖo enye be yeava nɔ mia me. Edi vevie be ye ŋutɔ yeanɔ mewò, ale be gbɔgbɔ bubu aɖeke mate ŋu aɖu dziwò o. Ate ŋu aɖe wò tso wò dzodzro vɔ̃wo katã me eye wòana wò vɔvɔ̃wo nafa, eye wòado ŋusẽ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. Enye Mawu ƒe abolo si woɖo na wò. Miɖu nu eye mianɔ agbe, ale be miagatsrɔ̃ abe nuvɔ̃wɔla bubuwo ene o. BIABIA:
|