Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 033 (Healing of the paralytic)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
A - Mɔzɔzɔ Evelia Yi Yerusalem (Yohanes 5:1-47) -- Fɔlɔ̃ Ƒe Dodo Le Yesu Kplɔ Yudatɔwo Dome

1. Dɔyɔyɔ na lãmetututɔ le Betesda (Yohanes 5:1-16)


YOHANES 5:1-9
1 Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2 Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. 3 Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ 4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.] 5 Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6 Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?” 7 Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.”8 Yesu gblɔ nɛ be, “Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!” 9 Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le.

Anɔ eme be Yesu nɔ Galilea wu ɣleti enyi. Emegbe eyi Yerusalem le Agbadɔŋkekenyuiɖuɣi. Enya be xɔse ƒe aʋawɔwɔa anye nyametsotso vevi aɖe le fiadu me. Togbɔ be edze ŋgɔ senyalawo kple mawuvɔ̃lawo hã la, elé sea me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe. Zi etɔ̃ le ƒea me la, eyia gbedoxɔ si le Yerusalem la me, ne anya wɔ (Mose V, 16:16).

Ta aɖe nɔ dua titina, si le Helagbe me gɔmeɖeɖe aɖewo nu la, mawudɔla aɖe ʋãnɛ ɣeaɖewoɣi. Herodes tu akpatawo ƒo xlã ta la. Woke ɖe akpata sia ƒe kpeƒekpeƒewo ŋu nyitsɔ laa. Woyɔ xɔ gã sia be “Nublanuikpɔkpɔ ƒe Aƒe” elabena dɔnɔ geɖewo vaa teƒea enuenu nɔa lalam be woada gbe le yewo ŋu – esime tsia aʋuʋu. Wosusu be ame gbãtɔ si ati kpo age ɖe tsia me la ada gbe le eŋu.

Yesu yi ta sia si me dɔnɔwo yɔ fũu la me. Ede dzesi ŋutsu aɖe si nye lãmetututɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ, eƒe dzi gbã eye wònɔ fu kpem. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, elé fu ame bubuwo. Le nublanuikpɔkpɔ ƒe aƒe sia me la, ame sia ame nye eɖokui tɔ; ame aɖeke mese veve ɖe nɔvia nu o. Ke hã, mɔkpɔkpɔ mebu nɛ o, ke boŋ enɔ mɔnukpɔkpɔ si mebɔ o la lalam be wòaxɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ. Kasia, nublanuikpɔkpɔ si zu ŋutilã la va tsi tre ɖe eŋgɔ, eye Yesu dze eƒe dɔyɔyɔ gɔme to ŋkuléle ɖe ŋutsu si le ta la me ŋu. Emegbe eʋã eƒe lɔlɔ̃nu be yeaxɔ dɔyɔyɔ. Yesu na mɔnukpɔkpɔe be wòagblɔ eƒe nuxaxa be: “Ame aɖeke meléa be nam o! Medi gbedada zi geɖe, gake kakaɖedzi meganɔa ŋunye o: ame aɖeke metsɔa ɖeke le eme nam o. Àte ŋu alala va se ɖe esime tsia naʋuʋu eye wòakɔm ayi afimaa?”

Ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o! Wò nyae nye esia, nɔvi? Ðe ame bubuwo gbea nuwòa? Nyae be Yesu le tsitre ɖe ŋkuwòme: etsɔ ɖe le eme na wò eye wòke ɖe ŋuwò. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ahaɖe wò. Aleae lãmetututɔ la ƒe seselelãmewo nɔ. Eƒe ŋkubiã si biaa nya la nɔ Kristo, amesi ƒe nublanuikpɔkpɔ nyɔ eƒe kakaɖedzi ɖe Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃ ŋu.

Esi Yesu kpɔ didi vevie be yeada gbe le ye ŋu, kple kakaɖedzi si le ye si ɖe eŋu la, ede se be: “Tso, tsɔ wò abati, eye nàzɔ.” Enye sedede si tso Mawu gbɔ, si na nusi mate ŋu adzɔ o la te ŋu dzɔ. Lãmetsila la xɔ Kristo ƒe nya dzi se eye wòɖo ŋu ɖe ŋusẽ si dona tso eme ŋu, eye wòsea tsi siwo sina toa eƒe ƒuwo me kple ŋusẽ si gagbɔa agbe eƒe ŋutilã la gɔme. Ŋusẽ gaɖo eŋu eye wòhaya.

Enumake etso le dzidzɔ ta, tsɔ eƒe aba ɖo ta dzi hedzo. Eƒe xɔse wu Kristo ƒe ŋusẽnya la nu eye wòhe dɔyɔyɔ vɛ enumake.

GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míeda akpe na wò, mèto ame mawɔmawɔ sia ŋu o, ke boŋ ède dzesii le wò dɔmetɔtrɔ me. Ame aɖeke menɔ esi o negbe wò, Nublanuikpɔla la ko. Kpe ɖe mía ŋu míalé ɖe ŋuwò, eye mègaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu ŋu o. Trɔ mí míazu wò lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme, kpe ɖe mía ŋu míalé be na ame bubuwo eye míagblɔ wò yayrawo na wo.

BIABIA:

  1. Aleke Yesu da gbe le lãmetututɔ si le Betesda-ta la nu?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 04:46 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)