Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
C - Kristo Ƒe Yerusalem Sasrã Gbãtɔ (Yohanes 2:13 - 4:54) -- Nukae Nyee Subɔsubɔ Le Nyateƒe?
4. Yesu le Samaria (Yohanes 4:1–42)
b) Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖakpɔ nuŋeŋe si tsi (Yohanes 4:27-38)YOHANES 4:27-30 Esi wonɔ dze ɖom la, nusrɔ̃lawo va tso kɔƒea me kple nuɖuɖu si woƒle teti koe nye ema. Ewɔ nuku na wo esi wokpɔ Yesu ɖeka kple nyɔnu aɖe kpakple Samaria nyɔnu aɖe hã. Gake wo dometɔ aɖeke metsɔ dzideƒo bia nyae o elabena wose Kristo ƒe anyinɔnɔ gɔme. Esi wokpɔ nyɔnua ƒe mo la, wose egɔme be Kristo wɔ nukunu aɖe. Dzidzɔ si wòkpɔ le eƒe Ðela nyanya me la klẽ tso eme. Nyɔnua gblẽ eƒe ze ƒuƒlu la ɖi. Mena Yesu tsi o togbɔ be eɖe eƒe tsikɔwuame ɖa to eƒe tsɔtsɔke me hã. Eva zu tsi gbagbe dzɔtsoƒe na ame geɖe. Eƒu du yi kɔƒea me eye wògblɔ Kristo ŋu nya na ameawo. Eƒe nu, si nye nya dzodzrowo tsoƒe tsã la, zu tsi dzadzɛ si ɖi ɖase tso Kristo ŋu fifia. Ehe eƒe dukɔmeviwo va Ðela la gbɔ, eye wòɖi ɖase be eɖe eƒe nuvɔ̃wo fia. Esi kɔƒea me tɔwo se nuvɔ̃meʋuʋu sia la, wobu akɔnta be nudzɔdzɔ aɖe si mebɔ o dzɔ, si nye Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nyɔnu sia me. Esi wodi vevie be yewoake ɖe eƒe nya ɣaɣla la ŋu ta la, woƒu du yi vudo si me Yesu nɔ ɖiɖim ɖe eme le kple eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ. Esia nye nusi dzɔna ne Kristo le dɔ wɔm le amesiwo dze eyome la ƒe kpɔɖeŋu. Mina míagblɔ nya si nye be Kristo va xɔ na mí hã na mía xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo. Emegbe woadi be yewoakpɔ viɖe tso tsi gbagbe sia si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ana yewo la me. Ðe nèva zu agbetsoƒe na amesiwo dome nèlea? Ne menye nenema o la, ʋu wò nuvɔ̃wo me na Yesu, tsɔ wò agbe de Eyama te. Akɔ wò ŋu ahakɔ ŋuwò eye nànye yayra na ame geɖewo – abe alesi wòdzɔ ɖe ahasiwɔla si ɖe gbeƒã na amesiwo ƒo xlãe dzi ene. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, meda akpe na wò elabena èdim eye nènyam. Nyemenyo wu nyɔnu sia si tso Samaria o. Tsɔ nye nu vɔ̃wo ke. Na Mawu ƒe nunana si tsia nye nyateƒe ƒe tsikɔwuame nu, kɔa nye agbe ŋu lam. Ʋu nye ŋkuwo eye na makpɔ Dziƒofofo la. Tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ nye dzi me ale be mazu ame si ŋu viɖe le eye nye agbe nazu tadedeagu ɖeɖefia le wò amenuveve ŋuɖoɖo me. Ðe ŋutsu geɖewo eye nàhe wo ava gbɔwò. Miegbea ame siwo vaa mia gbɔ o. BIABIA:
|