Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- Romans - 074 (Christ Overcame all the Differences)

Previous Lesson -- Next Lesson

ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 3 - Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dzena le Kristotɔ xɔsetɔwo ƒe agbenɔnɔ me (Romatɔwo 12:1 - 15:13)

11. Kristo ɖu masɔmasɔ siwo katã nɔ xɔsetɔwo dome le Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome la dzi (Romatɔwo 15:6-13)


ROMATƆWO 15:6-13
6 Ale mi katã miatsɔ gbe ɖeka ado Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́ la ɖe dzi. 7 Eya ta mixɔ mia nɔewo abe ale si Kristo hã xɔ mii ene. Miwɔ esia ale be amewo nakafu Mawu. 8 Mele egblɔm na mi be Kristo va zu subɔla na Yudatɔwo, be yeaɖee afia be Mawu la, nyateƒetɔ wònye, ale be woaɖo kpe ŋugbe si Mawu do na tɔgbuitɔgbuiawo la dzi, 9 ale be to esia wɔwɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nava kafu Mawu le ale si wòvea ame nui ta. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Eya ta makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha akafu wò ŋkɔ.” 10 Wogaŋlɔ ɖi hã be: “Mi ame siwo menye Yudatɔwo o, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe dukɔ, si wòtia la!” 11 Ŋɔŋlɔ bubu be: “Mi ame siwo katã menye Yudatɔwo o, mikafu Aƒetɔ la, eye mina dukɔwo katã nakafui!” 12 Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya hã gblɔ be: “Isai ƒe dzidzimevi aɖe ava do, woakɔe ɖe dzi be wòava ɖu ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi. Eya ŋue woaɖo ŋu ɖo.” 13 Mawu, ame si nana wokpɔa mɔ nɛ la nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me taŋ, elabe miexɔ edzi se, ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nado ŋusẽ mi be mɔkpɔkpɔ nagati mi o.

Amesiame si axlẽ lɛta si woŋlɔ na Romaniatɔwo ƒe ta 9 vaseɖe 15 la akpɔe be Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo ƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖekae he dzre si mesɔ o vɛ. Nusi ŋu dzre sia ku ɖoe nye aʋatsotso kple nuɖuɖu le Mose ƒe Sea nu, kpakple Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe dzesiwo. Paulo ƒe taɖodzinu, to nya siwo wògblɔ na Romatɔwo dzi, enye xɔsetɔwo ƒe ɖekawɔwɔ le Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome. Edi be yeatu tɔdzisasrã aɖe atso mama si le wo dome la elabena Kristo na wo wɔ ɖeka kple ye ŋutɔ. Esia tae wòŋlɔ ɖe eƒe lɛtaa ƒe nuwuwu be: "Mixɔ mia nɔewo, kple vovototo siwo le miaƒe gɔmedzedze kple kɔnyinyiwo me, abe alesi Kristo Yesu xɔ mi eye wòɖe mi ene. Amesiwo se ɖeɖekpɔkpɔ sia ƒe nya ɣaɣla gɔme la ade ŋutikɔkɔe ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɖekae kple ame bubuwo, vovototo alo mama alo fuléle manɔmee."

Lɔlɔ̃ bia be ɖekawɔwɔ nanɔ xɔsetɔwo katã dome, eɖanye ame ka kee woɖale vovovo o. Eye Kristo ƒe lɔlɔ̃ nu sẽ wu vovototodedeameme. Paulo ɖe gɔmeɖose sia me na xɔsetɔ siwo tso Yudatɔwo, eye wòɖe gbeƒã na wo be Mesia si gbɔna la va zu Yudatɔwo ƒe subɔla be wòaɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple nyateƒenyenye afia eye wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme le nya kple nuwɔna me. Eyata Kristo na ŋugbe siwo wodo na Kristotɔ gbãtɔwo tso eŋu la dometɔ geɖe va eme, eye wòɖee fia be womate ŋu atro nyateƒea o.

Apostolo la ɖe eme na Trɔ̃subɔla xɔsetɔwo be wodze na ŋutikɔkɔe na Mawu elabena Ese veve ɖe wo nu, edzra wo dome ɖo, xɔ wo nyi, eye wòwɔ wo yeyee. Le amesiwo menye Yudatɔwo o gome be woakafu Fofo la kple Vi la nye kpeɖodzi na woƒe tiatia le Kristo me kple Nubabla Xoxoa ƒe ŋugbedodowo me vava, elabena Kristo hã nye dukɔwo ƒe kekeli. Gome le Trɔ̃subɔla Kristotɔwo si be woakpɔ gome le Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me elabena Kristo gblɔ be yedi be yeana yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ nava eme le wo me (Yohanes 15:11; 17:13). Gake mele be Trɔ̃subɔdukɔ me xɔsetɔwo naŋlɔ amesiwo tso Yudatɔwo be o; ke boŋ ele be woado Fofo la kple Vi la ŋutikɔkɔe kple gbe ɖeka, tso woƒe dzi ƒe gogloƒe ke (Mose V, 32:43).

Ŋugbedodo siawo, abe alesi woŋlɔe ɖe Nubabla Xoxoa me ene la, meku ɖe ame ŋkuta sue aɖewo ko ŋu tso anyigbagã ɖesiaɖe dzi o, ke boŋ dukɔwo katã, siwo woɖo be woado ŋutikɔkɔe na Fofo la le Aƒetɔ Yesu me (Psalmo 117:1). Eye le ŋugbedodo xɔasi siawo me la, míekpɔa gbɔgbɔmeŋusẽ kple ɖeɖekpɔkpɔ gã la na amesiame. Ame siwo xɔ Kristo dzi se la akpɔ gome le eƒe nublanuikpɔkpɔ gbogbo la me.

Yesaya gblɔ nya ɖi be, “Ati aɖe ado tso Isai gbɔ... Gbe ma gbe la, Isai ƒe atikutsetse atsi tre abe aflaga ene na dukɔwo, dukɔwo aƒo ƒu ɖe eŋu” eye woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo eŋu. Nyagblɔɖi sia va eme le Yesu me, elabena ebɔbɔ nɔ Fofo la ƒe nuɖusi me, eye wotsɔ ŋusẽ katã nɛ le dziƒo kple anyigba dzi. Eye wòde se na eƒe apostolowo be woayi xexeame katã eye woawɔ dukɔwo katã woanye nusrɔ̃lawo, ale be woafia mɔ wo, eye eƒe Gbɔgbɔ nayɔ wo me fũ, eye mawufiaɖuƒe la nali ke ɖe wo me.

Apostolo na Trɔ̃subɔlawo ƒe gbedodoɖa ƒe taɖodzinu enye be yeadidi mɔkpɔkpɔ si me xɔsetɔwo ƒe ɖekawɔwɔ tsona la ɖe edzi. Apostolo la bia tso Mawu si be dziƒo ƒe dzidzɔ kple Ŋutifafafia ƒe ŋutifafa nayɔ akpa evea siaa me ale be woate ŋu aɖo dzixɔse vavãtɔ ɖe Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ƒe ɖekawɔwɔ me, kple taɖodzinu be amewo katã nazu kesinɔtɔwo le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe mɔkpɔkpɔ kple ŋusẽ me.

GBEDODOƉA: Dziƒofofo, míele biabiam tso asiwò, to Viwò Yesu dzi, be nàfia mɔ xɔsetɔ siwo tso Yudatɔwo be woagado vlo xɔsetɔ siwo tso Trɔ̃subɔdukɔwo me o, ke boŋ be xɔsetɔwo katã nanya be yewozu ɖekawɔwɔ si womate ŋu ama o to Yesu Kristo ƒe tafea dzi. Na wo katã woanɔ Kristo me eye woawɔ ɖeka le xɔse me ale be woayi edzi awɔ ɖeka to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Amen.

NYABIASE:

  1. Aleke Paulo nɔ mɔ kpɔm be yeaɖu vovototo vevi siwo nɔ hamea me le Roma la dzi?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on July 18, 2026, at 03:14 PM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)