Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
D - Dɔdzɔdzɔ Le Mɔ Si Yi Gethsemane (Yohanes 15:1 - 16:33)
3. Xexeame lé fu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo (Yohanes 15:18 – 16:3)YOHANES 15:26-27 Nukae Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la wɔ nu ɖe xexeame ƒe fuléle kple Mawu Vi la ƒe atitsoga ŋu? Enye be woaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖa. Gbɔgbɔ la ƒe vava gakpɔtɔ nye nukunu egbea gɔ̃ hã. Eƒe vava fia Mawu ƒe gege ɖe xexeame, elabena Fofo la gbɔe wòtso eye wòle hadede kplii me. Gbɔgbɔ la drɔ̃a ʋɔnu vɔ̃ le xexeame eye wòʋãa amewo yia Mawu ƒe kɔkɔenyenye gbɔ, esime wòɖea woƒe nuvɔ̃wo fiana. Ekpena ɖe nusrɔ̃lawo ŋu be woanɔ agbe le ɖokuibɔbɔ kple nugbegbe le wo ɖokui ŋu me, evɔ xexeame ya tsia dzodzodzoe le dada, dzimesesẽ kple amebeble me. Eyae nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ gbã, eye wòka mo na xexeametɔwo ɖe woƒe vodadawo ta. Le ɣeyiɣi ma ke me la, efaa akɔ na nusrɔ̃lawo esi wògblɔna na wo be Yesu nye Mawu ƒe Vi, si naa woƒe ɖeɖekpɔkpɔ dea eme. Akɔfafagbɔgbɔ la ɖia ɖase tso Yesu ŋu le míaƒe gbɔgbɔ me, be wòana míate ŋu akpɔ Fofo la le Vi la ƒe lɔlɔ̃ me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manɔmee la, míate ŋu ase xɔse vavãtɔ gɔme o. Le xɔsetɔwo katã dome la míelɔ̃ ɖe edzi be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yesu Kristo mía Aƒetɔ ŋu le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo ŋutete me o, eye míate ŋu ava egbɔ o, negbe to eƒe Gbɔgbɔ, amesi yɔ mí to Nyanyui la me eye wòna eƒe nunanawo mí, si kɔ mí to anukwareɖiɖi me xᴐse. Eyɔa Kristotɔwo katã, eƒoa wo nu ƒu, eʋãa wo eye wòwɔa wo kɔkɔe le Kristo me. Ena woli ke le xɔse la me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa ŋusẽ míaƒe ɖaseɖiɖi. Mègaɖo ŋu ɖe wò gɔmesese alo nuteƒekpɔkpɔ ŋu ne èdi be yeaɖe Kristo afia ame bubuwo o. Ðo ɖokuiwò ɖe nunya ƒe Gbɔgbɔ la te bliboe. Se eƒe nyawo be nàsrɔ̃ ale si nàdo Yesu ɖe dzi. Toɖoɖo Gbɔgbɔ la ƒe gbe nyuie esime nèle ɖase ɖim ana nàzu Aƒetɔ la ƒe apostolo nyui. Kristo yɔ eƒe apostolo wuiɖekɛawo be woaɖi ɖase le eŋu, mɔnukpɔkpɔe wònye. Nusrɔ̃la siawo nye Yesu ƒe yɔyɔ le ŋutinya me le anyigba dzi teƒekpɔlawo. Woɖi ɖase le nusiwo wokpɔ, se kple nusiwo ŋu woka asi ŋu. Woƒe nyawo ɖo kpe edzi be ehiã be Mawu nanɔ anyigba dzi. Míaƒe xɔse nɔ te ɖe ɖaseɖiɖi sia dzi. Yesu meŋlɔ agbalẽ alo lɛta o, ke boŋ etsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ gbedasia de Gbɔgbɔ Kɔkɔe la si me, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe agbenɔnɔ hã ɖo kpe eƒe gbedasia dzi. Nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la mada alakpa o, ke boŋ to eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nu dzi aɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ afia xexe si le dɔ lém. Yesu ŋutɔ gblɔ na eƒe apostolowo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo.” GBEDODOƉA: Míele ta dem agu na wò, Mawu Vi, Kɔkɔetɔ la, ènye ɖeka kple Fofo la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye mègblẽ mí ɖi tsyɔ̃eviwo o, ke boŋ èdɔ wò nyateƒe Gbɔgbɔ ɖa be wòaɖi ɖase. Neva eme be míakɔ mía ŋu to wò vava me! Fia mí be míaɖi ɖase ale be ame geɖewo nakpɔ ɖeɖe. BIABIA:
|