Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
A - Kpekpe Kɔkɔe Ƒe Doŋgɔ (Yohanes 11:55 - 12:50)
1. Yesu si ami na le Betania (Yohanes 11:55 – 12:8)YOHANES 11:55-57 Ŋutitotoŋkekenyui nye azã vevitɔ le Nubabla Xoxoa ƒe ɣeyiɣiwo me. Eɖo ŋku Hebritɔwo ƒe ɖeɖe tso Mawu ƒe dziku me dzi. Eyata wonɔ agbe le mawume Alẽvi si wodzra ɖo ɖi na wo la ƒe ametakpɔkpɔ te. Wodze na ku, gake xɔse xɔ na wo. Zi ɖeka le ƒea me la, Yudatɔwo yia Yerusalem ɖada akpe na Mawu be ekpɔ wo ta tso eƒe dziku me. Wowu alẽvi geɖewo le afima heɖu wo. Ame aɖewo yia Yerusalem do ŋgɔ be yewoakɔ yewo ɖokui ŋu to dzimetɔtrɔ me eye yewoanɔ klalo be yewoade dzesi Mawu ƒe Alẽvi la. Ele be amesiame si ka asi ame kuku ŋu la nawɔ kɔklɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le ŋkeke adre me hafi ate ŋu age ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa me (Mose IV, 19:11). Mɔzɔlaawo bia nya aɖewo tso Yesu, Nazaretetɔ la ŋu be: “Ðe ava? Ðe míakpɔea? Wonya be Sanhedrin la tso nya me le adzame le eƒe ku ŋu. Wode dɔ asi na ame geɖe be woatsa ŋku le Yesu ŋu ahaƒo nu tsi tre ɖe eŋu ale be woate ŋu alée. Ku ƒe asikewo tu ƒo xlãe. YOHANES 12:1-3 Yesu mevɔ̃ eƒe futɔwo ƒe ayemɔ o eye wòyi eƒe mɔzɔzɔa dzi yi Yerusalem le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu nu. Medi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga o, ke boŋ etrɔ yi Yerusalem kwasiɖa ɖeka do ŋgɔ na azãɖuɖua. Eto Betania, si didi kilometa eve tso fiadu la gbɔ. Ege ɖe aƒe si me wòɖe eƒe ŋusẽ fia le la me eye wòkafu Fofoa to aʋadziɖuɖu ɖe ku dzi me. Lazaro gakpɔtɔ nɔ agbe; eɖu nu, no nu eye wòyi asi me. Ameawo ƒe mo wɔ yaa, wokpɔe; wonɔ vɔvɔ̃m na ku ƒe mɔkpɔkpɔ kple gbɔgbɔwo kpɔkpɔ. Maria, Marta kple Lazaro kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe teƒe kpɔ eye woɖi ɖase le eŋu, togbɔ be Sanhedrin la do ŋɔdzi nɛ hã. Lazaro xɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wòɖu kplɔ̃ nɛ kple dzidzɔ gã aɖe. Yesu xɔlɔ̃e wònye eye wòbɔbɔ nɔ Ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la xa. Ðe nɔnɔmetata sia meɖe mɔ na mí be míakpɔ paradiso vie oa? Mawu manɔ adzɔge o; míanɔ anyi kplii le ŋutikɔkɔe me. Marta, si nye aƒenɔ bibi aɖe, ʋu eƒe aƒe, eye wòkɔ nusianu si le esi, esi wònya be Yesue nye Mesia vavãtɔ, si ɖu ku dzi ta. Maria, si nye nya ɣaɣla wu la, de bubu Yesu ŋu le eya ŋutɔ ƒe mɔ nu, esi wòtsɔ ami ʋeʋĩ xɔasi si sɔ kple dɔwɔla ƒe ƒe sia ƒe fetu vɛ. Edzroe vevie be yeana nusi ŋu yedea asixɔxɔe wu la Yesu. Gake ese le eɖokui me be medze be yeasi ami nɛ o; eyata etsɔ eƒe agbekesinɔnuwo si ami na eƒe afɔwo. Lɔlɔ̃ menye nublanuinya o, ke boŋ etsɔa eɖokui saa vɔe xexlẽme manɔmee. Emegbe etsɔ eƒe taɖa tutu eƒe afɔwo. Lɔlɔ̃ ƒe nuwɔna sia, si tso anukwareɖiɖi kple kɔkɔe, yɔa aƒea me fũ kple ami ʋeʋĩ ƒe ʋeʋẽ sesẽ aɖe. Maria ƒe vɔsa la ƒe ʋeʋẽ yɔ amesiwo katã nɔ eteƒe la me fũ. YOHANES 12:4-6 Yuda lɔ̃ ga wu Yesu, elɔ̃ ŋutilãmenuwo wu xɔse anukwaretɔe. Eyata edze agbagba be yeaɖe vɔsa la me le ganyawo gome, eye wòŋe aɖaba ƒu gbɔgbɔmeyayra si kpe ɖe eŋu la dzi. Edo kpo gɔmesese si le Maria ƒe tadedeagu, eƒe dzesidede kple eƒe asiɖeɖe le Kristo ŋu gɔmesese gɔme. Ame si lɔ̃a ga la va zua ame vɔ̃ɖi. Ewɔ nuku ŋutɔ be eɣla eƒe fuléle Yesu ɖe alakpa mawuvɔvɔ̃ te, abe ɖe wòdi be yeawɔ dɔmenyonuwɔna aɖe atsɔ aɖe gbɔdzɔe na ame dahewo ene. Le nyateƒe me la, metsi dzi ɖe wo ŋu kura o eye medi be yeana naneke wo o. Ke boŋ edi be yeadzra ga la ɖo na ye ɖokui. Dɔmenyonyo nye nusi wotsɔ tsyɔa fififi dzi. Mewɔa nuteƒe le nu suesuesuewo me o, fiafitɔ koe wònye. Menye gadzikpɔla sia ƒe gakɔntawo me dzrom Yesu nɔ o. Edo dzi va se ɖe nuwuwu togbɔ be enya eƒe ametafatafa kple nuwɔna gbegblẽwo hã. Yuda nye fiafitɔ kple ameflutɔ, si léa fɔ ɖe kesinɔnuwo ŋu, eye wònye kluvi na wo. Nɔviŋutsu, màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o. Àlɔ̃ ɖeka eye nàlé fu evelia. Mègable ɖokuiwò o. Mawue nye wò tameɖoɖo loo alo agbe bɔbɔe aɖee wònyea? YOHANES 12:7-8 Mawu mebia tso mía si be míawɔ nu wòagbɔ eme, akɔ ami ʋeʋĩ ƒe aŋetuwo ɖe mía nɔewo dzi o, ke boŋ be míalé ŋku ɖe ame dahe siwo ƒo xlã mí ƒe nuhiahiãwo ŋu ko. Akpa aɖeke, subɔsubɔha alo nukpɔsusu aɖeke mate ŋu agbe nyateƒe si wònye be ame dahewo anɔ mía gbɔ ɣesiaɣi o. Míaƒe ɖokuitɔdidi lolo eye míaƒe lɔlɔ̃ le sue. Gbɔgbɔ me sosialist-dziɖuɖu mate ŋu anɔ anyigba dzi o; ame aɖeke manɔ ɖoƒe ɖeka kple ame bubuwo le nunanawo, kesinɔnuwo alo bubu me gbeɖe o. Míekpɔa ame siwo mekpɔa dzidzɔ o, ame siwo wogbe kple ame siwo woɖe le eme le afisiafi, le Ɣetoɖoƒe kple Ɣedzeƒe. Eɖanye du alo kɔƒe mee nèle o, di ame dahewo eye le wo me la, àkpɔ Yesu ƒe mo. Yesu nyae be amegbetɔwo ƒe dzi sesẽ abe kpe ene eye wòfa abe tsikpe ene. Eva kple lɔlɔ̃ ƒe vividoɖeameŋu be yeaku ɖe wo ta. Enya hã be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ʋã Maria wòsi ami na ye hena eɖiɖi. Ne Mawu ƒe lɔlɔ̃ ge ɖe dziwo me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔa wo yia nukunu siwo womele mɔ kpɔm na o wɔwɔ me. Maria ɖoe be yeado ŋutikɔkɔe na Mawu ƒe amedzro la, eyata Gbɔgbɔ la kplɔe yi si ami nɛ hafi eƒe ɣeyiɣia naɖo. Kristo dze xexe vɔ̃ɖi la ƒe avuléle kple nyuiwɔwɔ kple amenuveve ƒe Mawu la gɔme. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míelɔ̃ wò elabena wòe fɔ Lazaro ɖe tsitre. Mievɔ̃ yɔdo o. Fia mí be míatsɔ míaƒe dziwo kple míaƒe nunɔamesiwo ana be míatsɔ nu siwo katã nye mía tɔ la asubɔ wò. Miɖe mí tso ŋukeklẽ, alakpanuwɔwɔ, fififi kple fuléle me. Na lɔlɔ̃ yɔ mí fũ eye nàkplɔ mí ayi vɔsasa ƒe mɔ dzi kple akpedada. BIABIA:
|