Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 071 (Jesus across the Jordan)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
C - Yesu Ƒe Mɔzɔmɔ Mɔkpɔkpɔ Yi Yerusalem (Yohanes 7:1 - 11:54) Dzivi Kple Kekle Ƒe Makpa
4. Lazaro ƒe tsitretsitsi kple emetsonuwo (Yohanes 10:40 – 11:54)

a) Yesu tso Yordan-tɔsisia (Yohanes 10:40 – 11:16)


YOHANES 11:11-16
11 Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.” 12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.” 13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle. 14 Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku, 15eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.” 16 Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”

Wogblɔ tso Lazaro ŋu be enye wo “xɔlɔ̃.” Lazaro xɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nyuie zi geɖe. Eya ta enye nusrɔ̃lawo katã xɔlɔ̃. Míate ŋu asɔ kple Abraham si woyɔna be “Mawu xɔlɔ̃” la.

Yesu fia be Lazaro le alɔ̃ dɔm be yeate gbe ɖe nyateƒe si wònye be ku menye agbe ƒe nuwuwu o la dzi. Míaƒe ŋutilãwo tsrɔ̃na gake míaƒe luʋɔwo ya nɔa anyi. Míaƒe dzudzɔ le Aƒetɔ la me to xɔse me. Míekpɔ dzidzɔ eye míele ŋutifafa me le Eƒe agbe me, esi míenya be míakpɔ gome le Ðela la ƒe tsitretsitsi me. Míanɔ agbe tegbee.

Yesu gblɔ kple kakaɖedzi be: “Manyɔe.” Megblɔ be, “Mina míado gbe ɖa tso nu si Mawu di be míawɔ, kple ale si míafa akɔ na ƒomea ŋu o.” Ao, Yesu ƒo nu kple Fofoa xoxo hafi wòxɔ exɔlɔ̃a ƒe ku ŋuti nya. Eka ɖe edzi be Lazaro ƒe tsitretsitsi ado ŋgɔ na eya ŋutɔ ƒe tsitretsitsi yi ŋutikɔkɔe me. Nukunu sia ado ŋusẽ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe xɔse eye wòaɖo kpe edzi na eƒe futɔwo be eya ɖeka koe nye Mesia la. Yesu na wose egɔme be yeafɔ ye xɔlɔ̃a ɖe tsitre. Eƒo nu na wo abe vidada si agblɔ be: “Manyɔ vinye; Ɣeyiɣia de be míayi suku.” Yesu meɖe heheɖemegbe aɖeke fia o, eyae nye agbe ŋutɔ kple Aƒetɔ ɖe ku dzi. Yesu dzixɔxɔse ɖea mí tso vɔvɔ̃ ɖesiaɖe me eye wòaɖo kpe mía dzi le agbe me.

Nusrɔ̃lawo mete ŋu se Kristo ƒe aʋadziɖuɖua ƒe vevienyenye gɔme ɣemaɣi o. Wokpɔe le susu me be Lazaro le alɔ̃ dɔm eye womekpɔ susu aɖeke si ta woayi eƒe aƒeme o, tsɔ kpe ɖe woƒe agbe afɔku ŋu.

Emegbe Yesu gblɔ na wo anukwaretɔe be Lazaro ku. Nya sia ɖe fu na nusrɔ̃lawo, gake Yesu ka ɖe edzi na wo be: “Mekpɔ dzidzɔ.” Esiae nye Mawu ƒe Vi la ƒe ŋuɖoɖo ɖe ku ŋu. Ekpɔa aʋadziɖuɖu kple tsitretsitsi. Ku menye konyifafa ƒe nya o ke boŋ enye dzidzɔ, elabena Yesu do agbe ƒe ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo. Eyae nye agbe; ame si xɔ edzi se la, ekpɔ gome le eƒe agbe me.

Yesu yi edzi be: “Mele dzidzɔ kpɔm ɖe mia ta, elabena nyemenɔ anyi esime wòku o, eye nyemeda gbe le eŋu ɣemaɣi o. Ku nye amesiame ƒe nuwuwu. Ke hã, amesi si xɔse le la dzea agbe yeye gɔme. Mina míayi egbɔ.” Ku fia aɖatsi kple konyifafa na amewo, gake le Yesu gome la, esɔ kple tsitretsitsi. Míeda akpe na Mawu ɖe nya si Yesu agblɔ ne míaƒe ŋutilã le yɔdo me ta: “Mina míayi egbɔ.” Eƒe vava ana míanya ablɔɖe, agbe kple kekeli.

Apostolo Toma lɔ̃ Yesu eye dzi nɔ eƒo. Esi wòse Kristo ƒe nyametsotso be yeayi ame kukua gbɔ gɔme, evɔ menya be Kristo ƒe taɖodzinue nye be yeaɖe ye tso ku me o la, Toma gblɔ na eƒe zɔhɛwo sesĩe be: “Mímagblẽ Yesu ɖi o ; míelɔ̃ mía Aƒetɔ eye míakplɔe ɖo vaseɖe ku me. Mí katã míedo ƒome kplii.” To esia me la, Toma ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia vaseɖe nuwuwu.

BIABIA:

  1. Nukatae Yesu yi ŋgɔ aʋadziɖuɖutɔe be yeaɖe Lazaro?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 24, 2025, at 11:39 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)