Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- John - 036 (Christ raises the dead and judges the world)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 2 - Kekeli La Klẽna Ɖe Viti Me (Yohanes 5:1 - 11:54)
A - Mɔzɔzɔ Evelia Yi Yerusalem (Yohanes 5:1-47) -- Fɔlɔ̃ Ƒe Dodo Le Yesu Kplɔ Yudatɔwo Dome

3. Kristo fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye wòdrɔ̃a ʋɔnu xexeame (Yohanes 5:20-30)


YOHANES 5:20-23
20 Elabena Fofo la lɔ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe. 21 Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. 22 Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, 23 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o.

Aleke gbegbe ŋusẽ le dɔ siawo ŋui enye si! Manya wɔ be ŋutsu nawɔ wo dzi o, gake menye na Yesu o. Fofo la tsɔ wo de asi na Vi si wɔa nu. Míede dzesi nuwɔna eve siwo wogblɔ ɖi le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Kristo ŋu le kpukpui siawo me (Yudatɔwo nɔ Ame si awɔ woƒe amenyenye la lalam): ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Fifia Yesu gblɔ be ye ŋutɔ gbɔe wo ame evea siaa tso. Do ŋgɔ la, eɖe gbeƒã le eƒe futɔwo ŋkume be yee nye agbe ƒe Aƒetɔ si adrɔ̃ ʋɔnu, ne wobui be enye tagbɔsesẽtɔ alo busunyagblɔla gɔ̃ hã. Woɖoe be yewoawui. Yesu to nya sia dzi di be yeatrɔ asi le wo ŋu, akplɔ wo woatrɔ woƒe tamesusuwo eye woatrɔ dzime tso dzime.

Mía Mawu la menye tsɔtsrɔ̃la o, ke boŋ enye agbenala, eye medina be nuvɔ̃wɔla aɖeke naku o. Edi be nuvɔ̃wɔla la natrɔ tso eƒe dzimesesẽ gbɔ eye wòatrɔ ayi agbe me. Amesi gblẽ Mawu ɖi la kuna vivivi, luʋɔ, ŋutilã kple gbɔgbɔ. Ke hã, amesi va Kristo gbɔ la gagbɔa agbe eye wòkpɔa agbe mavɔ. Ðela la di wò yeyewɔwɔ kple nyɔnyrɔ̃. Ðe nèɖoa to eƒe gbea? Alo ɖe nèyia edzi nɔa nu vɔ̃ kple fɔɖiɖi ƒe agbenɔnɔ mea?

Tso mavɔ me ke la, nyateƒe dzie wotu xexeame katã ɖo. Ne amewo metsɔ ɖeke le woƒe Aƒetɔ me o, wowu wo nɔewo heble wo nɔewo hã la, nyateƒea metrɔna o. Ʋɔnudrɔ̃gbe lae nye akɔntabubuŋkeke gã la. Mawu ƒe hlɔ̃biabia adze dzikudodowo katã dzi eye vevietɔ ɖe ahosiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ƒe nuwɔna gbegblẽwo dzi. Mawu tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã de asi na Kristo. Adrɔ̃ ʋɔnu amewo katã, gbegbɔgblɔwo katã kple subɔsubɔhawo katã. Yesu nye amegbetɔ si me nuvɔ̃ mele o, eyata ese míaƒe amegbetɔ ƒe nɔnɔme gɔme eye wònya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le dzɔdzɔe. Ne edo le eƒe ŋutikɔkɔe me la, anyigba dzi towo katã afa konyi, elabena woŋe aɖaba ƒu ʋɔnudrɔ̃la la dzi, do vloe, eye wogbee. Èkpɔ esia dze siia?

Emegbe wo katã woabɔbɔ klo ɖe Vi la ŋkume. Amesiwo ŋe aɖaba ƒu Kristo ƒe tadedeagu dzi le anyigba dzi la atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzodzoetsitsi ade bubu eŋu. Kristo dze be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnuwo, nunya, bubu kple ŋutikɔkɔe (Nyaɖeɖefia 5:12). Edzra xexeame kple Mawu dome ɖo. Eyae nye Alẽvi toɖola si wowu ɖe mía ta. Mawu kple Vi la nye nu ɖeka le lɔlɔ̃ kple ŋusẽ ƒe vevienyenye me ke menye le dɔwɔwɔwo ɖeɖeko me o. Wo ame evea siaa dze na míaƒe bubu kple tadedeagu. Esia tae le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, megbe ame aɖeke ƒe tadedeagu o. Ele be míade bubu Vi la ŋu abe Fofo la ene. Míate ŋu aƒo nu na Via tẽ le gbedodoɖa me, abe alesi míeƒoa nu na Fofo la ene.

Amesiwo katã gbea Kristo alo doa vloe la gbea Fofo la ŋutɔ. Aƒetɔ la le ablɔɖe me be wòatia Vi. Susu vevitɔ si ta amegbetɔwo gbea Kristo ƒe Vinyenye kple Eƒe tadedeagu lae nye woƒe susu vɔ̃ɖi ta. Womedi be yewoanyae o eye le esia ta womate ŋu anya Mawu le eƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ me o.

YOHANES 5:24
24 “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.

Ame si sea Kristo ƒe Nyanyui la kple dzidzɔ eye wòxɔ eƒe Vinyenye kple ɖeɖekpɔkpɔ dzi se la, exɔa agbe mavɔ. Agbe si medzea egɔme tso ku me o, ke boŋ le anyigba dzi afisia kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Gbɔgbɔ sia va mia dzi elabena miexɔ Fofo la kple Vi la dzi se. Menye amesiamee sea gɔmesese si le Kristo ƒe nyawo ŋu gɔme o, ne wosee zi akpe geɖe eye woxlẽe hedzro emenyawo me gɔ̃ hã. Womaƒo nu tso Vi la ƒe amenuveve ŋu alo azɔ le Gbɔgbɔ la me o. Xɔse vavãtɔ nye ŋuɖoɖo ɖe Kristo ŋu kple nuteƒewɔwɔ nɛ. Ne miege ɖe Kristo ƒe babla sia me la, wobu mi ame dzɔdzɔewo, mievo tso ʋɔnudɔdrɔ̃ me, elabena xɔse ye xɔna na mi ke menye dɔwɔwɔ o. Kristo ƒe lɔlɔ̃ tsyɔa amesiwo sina ɖe atitsoga la ƒe afɔ nu eye wòtutua woƒe nuvɔ̃wo ɖa eye wòkɔa woƒe dzitsinya ŋu. Ede dzi ƒo na mí be míate ɖe Mawu ŋu. Elabena Aƒetɔ la zu mía Fofo le míaƒe dzidzi yeyea me. Míaƒe dzidzi yeyee nye míaƒe dzɔdzɔenyenye me tsonu.

Ðe nède dzesi Kristo ƒe ŋugbedodo gã laa? Wovo tso ku kple eƒe ŋɔdzidonamewo me. Miele agbe tegbee le Kristo e amenuveve me. Mawu ƒe dziku madze dziwò o.

Wò xɔse le Kristo me trɔ wò, agbe kɔkɔe kple mavɔ nye tɔwò fifia. Mía kple Yesu dome kadodoa menye nunya dzro aɖe ko o, ke boŋ enye nuwɔna, anyinɔnɔ kple nyateƒe. Xɔname aɖeke meli si lolo wu Kristo me nɔnɔ o. Srɔ̃ kpukpui blaeve vɔ enelia le tame eye wò ŋku nanɔ eŋu eye míagado go ake le mavɔmavɔ me.

GBEDODOƉA: Míedea ta agu na wò Fofo, Vi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Ètsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke eye nèbu mí ame dzɔdzɔewo. Míato ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena èɖe mí tso wò dziku me. Míesubɔa wò elabena wò agbe kɔ ɖe mía me eye ku megale ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi o. Míele agbe na wò tegbee. Na míali ke le mewò, be míado wò ŋkɔ ɖe dzi.

BIABIA:

  1. Dɔ vevi eve kawoe Fofo la tsɔ na Kristo?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on March 18, 2025, at 09:29 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)