Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Afrikaans -- Albanian -- Arabic -- Armenian-- Azeri-- Bengali -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hebrew -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Malayalam -- Polish -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish? -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 3- Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dzena le Kristotɔ xɔsetɔwo ƒe agbenɔnɔ me(Romatɔwo 12:1 - 15:13)
1. Wò agbe ŋuti kɔkɔenyenye wu enu to wò agbe bliboa tsɔtsɔ de Mawu te me. (Romatɔwo 12:1-2)ROMATƆWO 12:2 Paulo mekpɔ mɔ be hame si le Roma me tɔwo nabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ƒe ɖekawɔwɔ te le gbɔgbɔ kple nyateƒe me o, ke boŋ ezi gbɔgbɔmeʋa si woawɔ kple nuvɔ̃ ƒe tetekpɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖe wo dzi. Gbɔgbɔmeʋa sia mefia be nàkpɔ ɖeɖe o, elabena Kristo ɖe wò, gake wò Aƒetɔ di be yeaɖe yeƒe dzɔdzɔenyenye afia to wò agbe kɔkɔe me. Le wò agbe kɔkɔe ta la, Paulo tsɔ mɔnu tuameɖowo ɖo ŋkume.: a) Tso fifia dzi la, mèganɔ agbe ŋumaɖɔɖotɔe abe ame bubu-wo ene o, eye mègadze agbagba ɖe bubu, ga, gbɔdɔdɔ, kple vivisese ŋu o, ke boŋ tsɔ Yesu ƒe nuwɔna kple aposto-loawo ƒe agbenɔnɔ ƒe nyonyome to wò nunya kple nuwɔnawo me.
b) Aƒetɔ la naa wò susu ƒe tɔtrɔ hena gɔmeɖose siawo dzi wɔwɔ. Wò taɖodzinu manye be yeanɔ agbe si me ke-sinɔnuwo kple atsyɔ̃ɖoɖo le ko o, ke boŋ be Mawu ƒe susu hã nanɔ asiwò, ale be amenuveve ƒe Gbɔgbɔ nakɔ wò dzi kple wò lɔlɔ̃nu ŋu.
c) Ele be nànya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye nàse nusi wòdi tso gbɔwò gɔme hafi nàte ŋu awɔ eƒe tameɖoɖowo dzi eye nàgbe nusi wògbe. Be nàɖo gbɔgbɔ me tsitsi sia gbɔ le sidzedze me la, ele be nàxlẽ Biblia zi geɖe eye nàdi Fofowò si le Dziƒo la ƒe aɖaŋuɖoɖo, mɔfiame, kple kekeli be wòadze Eŋu vavã.
d) Paulo gblɔ ko be: Wɔ nu nyui. Mègaƒo nu tso nyui ŋu ko o, ke boŋ tsɔe de dɔwɔwɔ me to wò ɣeyiɣi kple ga nana me. Srɔ̃ nu nyui kple vɔ̃ tso Mawu gbɔ, eye nàde vovototo wo dome le wò agbe me. Na nunya nasu asiwò to Biblia me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la akplɔ wò ayi nusiwo katã dzea Mawu ŋu la me.
e) Dze agbagba nàde blibo le gbɔgbɔ me le wò agbe me. Gɔmeɖose sia mefia be àte ŋu ade blibo na ɖokuiwò o, eya-ta bia Yesu be wòaxɔ wò ƒuƒlu la, ale be nusianu si nàwɔ nɛ la nade blibo, enumake, eye wòanye nyateƒe. Wowɔa esia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖekawɔwɔ ƒe nunana si le mewò me, ne èbiae.
f) Eye ne èdze agbenɔnɔ gɔme alea la, ànɔ agbe kple Mawu, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ awɔ dɔ le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Ekema àzu amegbetɔ kpɔdzidzɔ, si ada akpe na Yesu ɖe eƒe vɔsa le Golgota ta.
GBEDODOƉA: Dziƒofofo, tsɔe ke mí ne míenɔ agbe ɖokuitɔdiditɔe, míelɔ̃ mía ɖokui wu wò. Trɔ míaƒe tameɖoɖowo ale be míanɔ agbe le gbɔgbɔmetadedeagu vavãtɔ me, le esi míekpɔe dze sii be Yesu tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã ke mí le atitsoga la dzi, eye be wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la zu míaƒe ŋusẽ vɔ megbe. Kpe ɖe mía ŋu, Oo Aƒetɔ, be míalɔ̃ wò to míaƒe agbe tsɔtsɔ na wò tegbee me. NYABIASE:
|