Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Afrikaans -- Albanian -- Arabic -- Armenian-- Azeri-- Bengali -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hebrew -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Malayalam -- Polish -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 1 - Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Bua Fɔ Nuvɔ̃wɔlawo Katã Eye Wòbua Ame Siwo Katã Xɔ Yesu Kristo Dzi Se La Dzɔdzɔewo Eye Wòkɔa Wo Ŋu (Romatɔwo 1:18 - 8:39)
D - Mawu Ƒe Ŋusẽ Ɖea Mí Tso Nuvɔ̃ Ƒe Ŋusẽ Me (Romatɔwo 6:1 - 8:27)
3. Ne míevo tso se la me la, enaa ablɔɖe mí be míasubɔ Kristo (Romatɔwo 7:1-6)ROMATƆWO 7:1-6 Apostoloa nɔ mɔ kpɔm be nɔvi siawo, siwo nye Yudatɔ xɔsetɔawo, axɔ eƒe nufiafia si ku ɖe woƒe gbɔgbɔmeku kple tsitretsitsi le Kristo me ŋu. Gake Paulo nyae hã be ele be yeaɖe yeƒe nɔnɔme ɖe sea ŋu me nyuie, elabena wokpɔ Mawu ƒe ɖeɖefia, gbeƒãɖeɖewo katã ƒe taƒoƒo, kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wotsɔ na Mose ƒe blibonyenye le eme. Paulo gblɔ na wo bena, “Mi ame siwo fiaa se la eye wolɔ̃nɛ la, miebla ɖe eŋu abe alesi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu blae ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe nubabla la me ene. Eye abe alesi woɖe asi le srɔ̃tɔ ɖeka ŋu tso srɔ̃ɖeɖe ƒe nubabla la me le nɔvia ƒe ku me ene la, nenema ke mieɖe asi le se la ŋu to miaƒe ku le Kristo me me. Eƒe ŋutilã si woɖi la zu miaƒe ŋutilã, eye tso fifia dzi la, se la megaɖu mia dzi o.” Kristo fɔ tso ame kukuwo dome, eye mievo, esi mietia agbe ƒe Aƒetɔ la, be miawɔ nubabla yeye kple Mawu Vi la. Nubabla xoxoa nye ku ƒe nubabla hena ʋɔnudɔdrɔ̃ si se la ɖo anyi. Ke egbea miele hadede kple agbe ƒe Aƒetɔ la me, eye le mia me la, woɖe eƒe Gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo fia, siwo nye: lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dzɔdzɔenyenye, dzadzɛnyenye, nuteƒewɔwɔ, tufafa, kple ɖokuibɔbɔ, kpakple Yesu ƒe nɔnɔmewo katã: akpedada, nyateƒe, dzadzɛnyenye, kple dzidzeme. Mawu le Via ƒe kutsetsewo ƒe dzedze le wò agbe me lalam, elabena Kristo ku, eye wòfɔ ɖe tsitre eye wòkɔ eƒe Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔwo dzi, ale be ame geɖewo natse ku geɖe. Eye abe alesi ɖeɖi tea weingbledela ŋu ne ele lalam be atikutsetsea natsi ene la, nenema ke gome le Mawu si le mia me. Do ŋgɔ na Kristo la, amegbetɔ nye se la ƒe kluvi, ale be eƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo katã va dze ŋgɔe, elabena se ƒe mɔxenuwo ʋãnɛ wòwɔa vɔ̃. Se la na míetse ku ƒe kutsetse geɖe wu sã, elabena menye ɖeko se la kplɔa mí yia dzidada me ko o, ke ebua fɔ mí nublanuikpɔkpɔ manɔmee hã. Ke le Kristo me la, míeku ɖe Se la ƒe nudidiwo katã nu, ela-bena Kristo na se la kple eƒe nudidiwo katã va eme to eƒe ku me. Esi míeku na mía ɖokui to edzixɔxɔse le eyama si woklã ɖe ati ŋu me ta la, míeku ɖe ɖeɖefia gbãtɔa ƒe ŋɔŋlɔdzesi nu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ƒe Vi la yɔ mí yi nubabla yeye si wotu ɖe gbɔgbɔ si nyo wu dzi, bene se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi naga-flu mí o, ke boŋ míasubɔ Mawu le eƒe Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me. Tso fifia dzi la, mɔxexeɖenu megaɖoa míaƒe agbe afɔku me o, ke boŋ lɔlɔ̃ ƒe yɔyɔ yi dzidzɔ ƒe agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋutifafa ƒe ŋusẽ me la gagbɔa agbe mí. Nubabla yeyea ƒe gbɔgbɔ metsi-na alo metsina o, elabena Mawu ŋutɔe nye amesi nuwuwu meli na o, eye seɖoƒe meli na eƒe nunya, nyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo, mɔkpɔkpɔ, kple ŋusẽ o. Tsɔ ɖokuiwò na bliboe na Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe mɔfiafia le eƒe Nyanyuigbalẽa me, eye gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple mawumeŋusẽ asu asiwò, eye àtsi le Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ kple tufafa me, elabena èku eye wògag-bɔ agbe le mewò. GBEDODOƉA: Mawu kɔkɔe, míeda akpe na wò be nèyɔ mí tso se la ƒe kluvinyenye me to Kristo ƒe ku me, amesi na lɔlɔ̃ kple nyateƒe va eme le eƒe agbe kple eƒe atitsoga me. Míedoa ŋutikɔkɔe na wò elabena èkplɔa mí yia nubabla yeyea me, eye nètsɔa wò akɔfafagbɔgbɔ yɔa míaƒe dziwo me fũ, ale be míatse ku to wò amenuveve ƒe ŋusẽ me. NYABIASE:
Ke míexɔ se be ale si Mawu |