Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Azeri -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Igbo -- Indonesian -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Uzbek -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson DƆWƆWƆWO - Le Kristo ƒe ameha si ɖu dzi la me
Apostoloawo ƒe Dɔwɔwɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃ le Luka ƒe nya nu
AKPA I - Yesu Kristo ƒe Hamea ƒe gɔmeɖoanyi . le Yerusalem, Yudea, Samaria . kple Syria . Le Apostolo Kpe si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔ la ƒe mɔfiafia te . (Dɔwɔwɔwo 1 - 12)
B - Ɖeðe Nyagblɔði Ƒe Kekeðeðe Le Samaria Kpl Siria Kplee Tɔtrɔsɔwo Ƒe Tɔtrɔtɔ Ƒe Gɔmedzedze (Dɔwɔwɔwo 8-12)
9. Nyanyuigbɔgblɔ ƒe gɔmedzedze le trɔ̃subɔlawo dome Wofia mɔe Kornelio Roma-srafomegã ƒe dzimetɔtrɔ (Dɔwɔwɔwo 10:1-11:18)DƆWƆWƆWO 10:1-8 Tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔklɔ le Pentekoste dzi, va ɖo ɣeyiɣi si me Petro zɔ eƒe lãnyinyimɔ yi hamewo me dzi la, hamea me tɔwo nye Yudatɔwo kple duta dukɔmeviwo, Samariatɔwo, kple Trɔ̃subɔla siwo zu Yudatɔ siwo katã xɔ Yesu Kristo dzi se eye woxɔ nyɔnyrɔ. Eyata ɣemaɣi la, Kristotɔ siwo tso Yudatɔwoe nɔ sɔlemexɔawo me. Gake Mawu ŋutɔ ʋu ʋɔtru na Trɔ̃subɔlawo to Kornelio ƒe ŋutinya me. Ŋutsu sia ƒe ɖekawɔwɔ kple hamea nye nukunu kple nukikli na Yudatɔ Kristotɔ siwo susu be Yudatɔ siwo xɔ Kristo dzi se koe wodo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋugbe na. Luka keke Trɔ̃subɔla Kornelio ƒe dzimetɔtrɔ ŋutinya ɖe enu le mɔ si keke ta eye wòde to me, be yeaɖee afia be Mawu ŋutɔ ɖo kpe edzi to eƒe apostolo dɔlawo ƒe dzinɔameƒo me mlɔeba kple kakaɖedzitɔe, be wotia Trɔ̃subɔla dzɔdzɔewo hã hena agbe mavɔ la, menye Petroe wobia tso mɔ sia si o eye medi hã o, ke boŋ Kristo ŋutɔe de nu eƒe nuwɔna me abe alesi wòwɔe le Stefano ƒe agbenɔnɔ me ene Saul do ŋgɔ, be yeatso nya me le kaklã le xexeame ƒe nyanyuigbɔgblɔ me. Wonya be ne mawudɔla la ɖe eɖokui fia nubabla yeyea dzixɔsela aɖe la, eƒe dzedzeme sia fia be Mawu dzea ɖoɖo aɖe si ƒo gɔmesese ɖesiaɖe ta la wɔwɔ gɔme. Eye be nuteƒewɔlawo ƒe xɔse nagaʋuʋu o la, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, ale be amegbetɔ ƒe sidzenu atɔ̃awo nakpɔe adze sii be fifia Mawu le nukunu tɔxɛ aɖe wɔm eye wòle mɔ yeye ʋum na eƒe fiaɖuƒea. Nyateƒee, Kornelio ƒe xɔse nye gɔmesese vevi aɖe na dukɔwo katã, eye ne menye trɔ̃subɔla sia si menye Yudatɔ o ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ manɔmee la, anye ne Nyanyui la mava mía gbɔ o, eye Yudatɔwo koe wòakpɔtɔ anɔ. Asrafomegã Kornelio nɔ asrafo siwo ade alafa ɖeka dzi kpɔm le Romatɔwo ƒe Titina (Kaisarea), si le Mediterranea-ƒuta le Karmel Toa ƒe dzigbe gome. Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha, Mawu ɖeka dzixɔse kple Se Ewoawo kple mawuvɔvɔ̃ ƒe dziɖuɖu si to vovo kura tso Roma Fiaɖuƒea ƒe hadomegbenɔnɔ gbɔ kple eƒe didiwo, susuhenuwo, vɔvɔ̃ kple gotagomenuwo kpɔ ŋusẽ ɖe asrafomegã sia dzi. Kornelio tsɔ eƒe dzi ɖo Mawu gbɔ, eɖo eƒe agbenɔnɔ ɖe eƒe dzimetɔtrɔ ƒe gɔmeɖose nu. Eƒe mawuvɔvɔ̃ menye dzixɔse to nunya alo seselelãme ƒe dzonɔameme me o, ke boŋ etsɔ eƒe tamesusuwo kple nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo de eƒe subɔsubɔha ƒe gbɔgbɔ te. Ke hã, melɔ̃ ga o, ke boŋ etsɔ nu geɖe sa vɔe ɖe eta. Mezi ame dahewo dzi abe asrafomegã le dutanyigbadziɖuɖuwo me ene o, ke boŋ eya ŋutɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu, eye wòdoa gbe ɖa geɖe tsɔ wu be eƒe dzi nɔa dzeɖoɖo ɣaɣla me kple Mawu ɣesiaɣi. Ŋutsu sia ƒe gbɔgbɔ nyui la menɔa ɣaɣla o, gake edzena, eɖea eɖokui fiana le eƒe aƒeme kple eƒe dɔwɔhatiwo kple asrafowo dome, abe ɖe wokpɔ gome le eƒe tadedeagu ƒe gbɔgbɔ ɖokuibɔbɔtɔe me eye wole dzadzram ɖo be yewoado go Mawu ƒe Gbɔgbɔ ene. Nyateƒee, xɔsetɔ vavãtɔ menɔa eɖokui ɖe aga o, ke boŋ eƒe lɔlɔ̃ ƒe dzoxɔxɔ nana sno to siwo le xɔsetɔwo ƒe dzi me la ƒua gbe, eye eƒe kukuɖeɖe na edzilawo kple exɔlɔ̃wo na wonya be woado gbe ɖa na Mawu. Nyateƒee, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gblɔ na Romatɔ Kornelio be wosea eƒe Gbedodoɖa ɖesiaɖe, eye woxlẽa eƒe dɔmenyonunana ɖesiaɖe. Ke hã Dziƒoʋĩtɔ la meŋlɔa wò dɔwɔwɔwo be o, ke boŋ elalana wò dzi ƒe gbe kple wò asiwo ƒe nunanawo be woanye wò xɔse ƒe kutsetsewo, esi wònyae be menye wò Gbedodoɖawo kple wò nutsitsidɔe le dzɔdzɔe na wò o, ke boŋ Mawu ƒe lɔlɔ̃e. Wò toɖoɖo nye akpedada na lɔlɔ̃ gã sia. Mawudɔla la gblɔ na Kornelio be wòadɔ amewo ɖe Yopa, eye wòfia asi lãgbalẽŋudɔwɔla la ƒe aƒe si ŋkɔe nye Simon, afisi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Petro le, eye wòyɔe. Eyata asrafomegã la nya be sedede ɖesiaɖe bia toɖoɖo kple ewuwu enumake. Ewɔ ɖe Mawu ƒe sedede dzi evɔ mebu tame ɣeyiɣi didi akpa alo tsi dzi ɖe mawudɔla la ƒe dzedzeme ŋu o eye mevɔ̃na na nu keklẽ siwo le egodo o, elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃ ka asi eŋu, emegbe exɔ edzi se eye wòɖo ŋu ɖe Aƒetɔ si yɔe gbesiagbe le eƒe Gbedodoɖawo me la ŋu, esi wòka ɖe edzi be yemefia mɔe be yeaxɔ ŋkutsala alo afɔkutɔ aɖe ɖe yeƒe aƒeme o, ke boŋ enye Mawu ƒe subɔla kple eƒe apostolowo. GBEDODOƉA: Aƒetɔ Yesu, míeda akpe na wò elabena ède nu wò hamea ƒe ŋutinya me ɣesiaɣi abe mɔfiala ene, eye nèfia mɔ wò apostolowo ƒe afɔɖeɖewo. Akpe na mi ake, elabena mieɖo Gbedodoɖa siwo katã sɔ ŋu eye mieŋlɔa akpedada ƒe nunana siwo tso ame siwo menya mi o gɔ̃ hã gbɔ be o. He ame dzɔdzɔe geɖewo yi wò ɖeɖekpɔkpɔ ƒe blibonyenye me. Amen. NYABIASE:
|