Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula? -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 3 - Kekle La Klẽ Le Apostolowo Ƒe Kpekpeðeŋu Me (Yohanes 11:55 - 17:26)
A - Kpekpe Kɔkɔe Ƒe Doŋgɔ (Yohanes 11:55 - 12:50)
3. Helatɔwo dina be yewoakpɔ Yesu (Yohanes 12:20-26)YOHANES 12:20-24 Helatɔ siwo trɔ dzime va zu Yuda-subɔsubɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem; wotso Helatɔwo ƒe xexeame va Ŋutitotoŋkekenyui ɖuƒe. Esi ameha la xɔ Yesu abe Fia ene la, ewɔ dɔ ɖe Helatɔwo hã dzi. Eyata, woɖoe be yewoanyae nyuie wu. Dukɔwo ƒe didi dze le biabia sia me. Woke ɖe Philippe si doa Helagbe eye wòlɔ̃ be yeaƒo nu tso wo ŋu na ye xɔlɔ̃ André. Nusrɔ̃la eveawo te ɖe Yesu ŋu, eye esia wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie elabena wokpɔ amesiwo va Yesu gbɔ le trɔ̃subɔlawo dome ƒe kutsetse gbãtɔwo. Ðewohĩ wosusui be sisi yi Helatɔwo gbɔ anye mɔ nyui aɖe si dzi woato aƒo asa na ŋɔdzi si Yudatɔ zazɛ̃nyahelaawo nɔ kpekpem ɖe yewo ŋu. Yesu gblɔ woƒe tamesusuwo kpakple dukɔwo ƒe didi vevie le woƒe biabiaa me. Eɖo eŋu kple nyabiase vevi aɖe si gɔme womese bliboe o, ke hã aʋadziɖuɖu ƒe yɔyɔe va zu Yohanes ƒe nyanyuia ƒe nyagbɔgblɔ: “Azɔ wodo ŋutikɔkɔe na Amegbetɔvi la.” Gaƒoƒoa de be woadoe ɖe dzi eye ɣeyiɣi si dziƒo kple anyigba nɔ lalam la gogo. Ke hã nukunuwo ƒe nukunu; aʋadziɖuɖu le aʋawɔwɔ me kple dunyahehe ƒe ŋusẽ xɔxɔ menye Yesu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzesiwo o. Yohanes megblɔ nɔnɔmetɔtrɔ le toa dzi o, elabena mebu eŋu be enye ŋutikɔkɔe vevi aɖe o. Gake eƒo nu tso kadodo si le Kristo ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ku dome ŋu. Afima, le atitsoga la dzi la, míekpɔ eƒe mawunyenye ƒe dzi, si nye lɔlɔ̃. Yesu ɖe eɖokui fia abe lu ƒe nuku ene, dziƒonuku si le gegem ɖe anyigba dzi, be yeaku ahaɖe dzɔdzɔenyenye kple ŋutikɔkɔe afia. Yesu nye ŋutikɔkɔetɔ ɣesiaɣi. Eƒe ku kɔ mí, ame gbegblẽwo, ale be míadze be míakpɔ gome le eƒe gãnyenye me. Helatɔwo ƒe biabiaa he aʋadziɖuɖu ƒe yɔyɔ vɛ eye wòɖee fia hã be Yesu yɔa dukɔwo katã me tɔwo. Awɔ eƒe ŋutikɔkɔe gbãtɔ yeyee le wo me. Ŋutikɔkɔe sia age ɖe nuwɔwɔwo me to atitsoga la dzi. YOHANES 12:25-26 Yesu ɖee fia mí be mɔ si dzi yeto ku heyi ŋutikɔkɔe me la ku ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo hã ŋu. Abe alesi Vi la gblẽ eƒe ŋutikɔkɔe ɖi, eye wògbe nu le eƒe mawume nɔnɔmewo gbɔ be yeaɖe amewo ene la, nenema ke míaƒe taɖodzinue nye be míazu amegãwo alo ame xɔŋkɔwo o, ke boŋ be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ ɣesiaɣi. Dzro ɖokuiwò kpɔ, ɖe nèlɔ̃ ɖokuiwò loo alo nèlé fu ɖokuiwòa? Kristo gblɔ be ne èŋlɔ ɖokuiwò be eye nèsubɔ eƒe fiaɖuƒea nuteƒewɔwɔtɔe la, àxɔ mawume agbe. Àkpɔ wò luʋɔ ta ayi agbe mavɔ me. Yesu tsɔ nya siawo fia ŋutikɔkɔe vavãtɔ ƒe asi wò. Mèganɔ agbe be yeatsɔ aɖi kɔ na wò ŋutɔ wò didiwo o, alo anye kuviatɔ alo dada o, ke boŋ nàtrɔ ɖe Mawu ŋu eye nàɖo to eƒe sededewo, nàdi hiãtɔwo kple ame dahewo be woasubɔ wo, abe alesi wòkɔ eɖokui ƒuƒlu tso eƒe ŋutikɔkɔe me be yeasubɔ ye ɖokui ene.nɔ anyi ɖe kplɔ̃ si dzi ahasiwɔlawo kple fiafitɔwo le. To Nyanyui la gbɔgblɔ na nuvɔ̃wɔla siawo tɔgbe me la, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe adze le wò agbe me. Mègasusui be yenyo wu ame bubuwo o. Yesu koe ate ŋu ana nànɔ gaglãgbe na ame bubuwo togbɔ be èdo kpo nu hã. Tɔtrɔ sia dzɔna to ameɖokuigbegbe me ko. Yesu na gɔmeɖose sia me kɔ esime wònɔ nu ƒom tso subɔsubɔ nɛ ŋu. Ðokuitsɔtsɔna sia bia be míadze eyome, asrɔ̃e ahagblɔ vlododo si me wòto ɣeaɖewoɣi, le ɖokuibɔbɔ blibo me. Kristo yomedzelawo ate ŋu ato gbegbe, fuléle, yometiti kple ku gɔ̃ hã me vavã. Ðe nèle klalo be yeakpe fu le eƒe ŋkɔa ta? Edo ŋugbe be, “Afisi mele la, afi mae nye dɔla hã anɔ.” Yesu do ŋgɔ na wò le fukpekpe ƒe mɔ dzi, ekpea fu kpli wò. Ŋutikɔkɔe si dze ƒã menye Kristo subɔlawo ƒe mɔzɔzɔa ƒe tanya o. Menye woawo ŋutɔ ƒe vivisese didi mee woƒe dzidzɔkpɔkpɔ le o, ke boŋ le hiãtɔwo subɔsubɔ me. Wodoa Kristo ƒe ŋkɔ ɖe dzi le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe vɔsagbɔgbɔ me. Wodoa Fofo la ƒe ŋkɔ ɖe dzi ne wole abe Via ene geɖe wu. Abe alesi Kristo bɔbɔ nɔ Fofo la ƒe nuɖusi me egbea, le gome kpɔm kplii le hadede kple ɖekawɔwɔ deblibo me ene la, nenema ke amesiwo yome woti le Eƒe ŋkɔ ta la anɔ agbe ahawɔ ɖeka kple Fofo la le dziƒo. Nya ɣaɣla sia lolo ŋutɔ. Bubu kae nèsusu be Fofo la ade Via lɔlɔ̃a ƒe subɔlawo? Awɔ eƒe nɔnɔme yeye le wo me, abe alesi wònɔ le nuwɔwɔ me ene. Gawu la, ana eƒe Gbɔgbɔ ƒe blibonyenye wo. Woazu viawo, eye Via anye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome. Woanɔ wo Fofo gbɔ le dziƒo tegbee (Romatɔwo 8:29; Nyaɖeɖefia 21:3-4). GBEDODOƉA: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ Yesu, elabena menye ɖeko nèse vivi na wò ŋutikɔkɔe o, ke boŋ èɖe wò gãnyenye le ɖokuiwò ŋu. Míedea ta agu na wò le ɖokuibɔbɔ alea ta. Míele gbe dom ɖa be nàɖe mí tso mía ɖokui dzɔdzɔenyenye kple dada me, ale be míanya ablɔɖe si wò Gbɔgbɔ naa mí. Míedi be míasubɔ wò eye míanya wò lɔlɔ̃le míaƒe agbe me. BIABIA:
|