Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Bengali -- Burmese -- Cebuano -- Chinese -- Dioula -- English -- EWE -- Farsi? -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Kyrgyz -- Malayalam -- Peul -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Thai -- Turkish -- Twi -- Urdu -- Uyghur? -- Uzbek -- Vietnamese -- Wolof -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson YOHANES - Kekeli La Klẽna Ɖe Viviti Me
Nusɔsrɔ̃ le Kristo ƒe Nyanyuigbalẽa me le YOHANES ƒe nya nu
AKPA 1 - Mawu Ƒe Kekeli La Ƒe Keklẽ (Yohanes 1:1 - 4:54)
C - Kristo Ƒe Yerusalem Sasrã Gbãtɔ (Yohanes 2:13 - 4:54) -- Nukae Nyee Subɔsubɔ Le Nyateƒe?
2. Yesu ƒo nu kple Nikodemo (Yohanes 2:23 – 3:21)
c) Atitsoga, dɔwɔnu si wotsɔ dzia ame yeyee (Yohanes 3:14–16)YOHANES 3:14-16 Yesu yi edzi nɔ nu fiam Nikodemo eye wòka ɖe edzi nɛ be gbɔgbɔmedzidzi mede blibo ne menye dzimetɔtrɔ anukwaretɔe, susu ƒe tɔtrɔ, kple dzixɔse le Kristo ƒe ku si axɔ ɖe amegbetɔwo teƒe me o. Yesu ɖe gɔmeɖose siawo me na Nikodemo esi wòƒo nu tso ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖe si dzɔ le Israel ŋu. Ame siwo nɔ Sinai gbedzi la li liʋiliʋi le Mawu ŋu eye wodze aglã ɖe eƒe kplɔlanyenye ŋu (Mose IV, 21:4-9). Be Mawu nahe to na woƒe dzimesesẽ la, edɔ da siwo le dzo dam be woaɖu wo, si na Israel-vi geɖewo ku. Emegbe ame aɖewo kpɔ woƒe nu vɔ̃ dze sii eye woɖe kuku na Mose be wòaɖe kuku na Mawu ale be wòana daawo nadzo. Mawu de se na Mose be wòawɔ akɔblida, si nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Mose tsɔe da ɖe ati ŋu hekɔe ɖe dzi wu ameawo; kpeɖodzi be Mawu ƒe dziku nu fa. Ame sia ame si lé ŋku ɖe dzesi sia si fia dziku ƒe nuwuwu ŋu eye wòxɔ Mawu ƒe amenuveve dzi se la, woda gbe le eŋu tso aɖi wuame la me. Tso esime wote Xawa kpɔ la, da la va zu vɔ̃ɖinyenye ƒe kpɔɖeŋu. Esi Yesu va la, etsɔ amegbetɔƒomea ƒe nuvɔ̃. Eya ta ame si nu vɔ̃ menɔ o la zu nu vɔ̃ ɖe mía ta. Yesu le abe akɔblida si me aɖi mele o ene, nuvɔ̃ meɖi fɔ o, esime wònɔ míaƒe nuvɔ̃ tsɔm. Mawu ƒe Vi la meva anyigba dzi le nɔnɔme si klẽna me o, ke boŋ ɖokuibɔbɔtɔe abe Amegbetɔvi ene, edze ŋgɔ abi kple vevesese, eye wòtsɔ Sea ƒe fiƒode. Le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la, ete ŋu ku ɖe mía teƒe. ‘Amegbetɔvi’ nye vovototodedeameme ƒe dzesi nɛ. Abe alesi da si wotsɔ bla atikpoa nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe dziku ƒe nuwuwu ene la, nenema kee Kristo si woklã ɖe ati ŋu la va zua Mawu ƒe dziku ƒe dziɖeɖi ƒe dzesi. Wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã da ɖe Via dzi, be wòana ablɔɖe mí to eƒe fukpekpe me. Ame si woɖu eye wòfɔ mo dzi kpɔ akɔblida la hexɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se la, woda gbe le eŋu. Kakaɖedzi ɖe amenuveve ƒe dzesi sia ŋu na agbe kple agbetsitsi xɔsetɔ la. Ame si léa ŋku ɖe atitsoga la ŋu eye wòléna ɖe Ame si woklã ɖe ati ŋu la ŋu la, exɔa agbe mavɔ. Paulo ŋlɔ bena: “Wohem ɖe ati ŋu kpe ɖe Kristo ŋu; eye ne mele agbe la, menye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye” (Galatiatɔwo 2:20). Eƒe ku nye tɔnye, abe eƒe agbe ene. Ame sia ame si lɔ̃ ɖe Kristo ƒe ku si wotsɔ ɖo eteƒe dzi la, wobunɛ dzɔdzɔe eye wònɔa egbɔ tegbee. Kadodo sia hã ɖea mɔ nɛ be wòakpɔ gome le eƒe tsitretsitsi me. Togbɔ be wobu fɔ mí hã la, ŋkuléle ɖe Yesu ŋu xɔa mí ɖe agbe. Ewɔa vidzidzi yeye le mía me. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi woato ayi Mawu gbɔ o negbe to Ame si woklã ɖe ati ŋu la dzi ko. Esia tae Satana dze ɖeɖekpɔkpɔ ƒe gɔmeɖose eveawo dzi vevie ɖo: mawumevinyenye kple Kristo ƒe atitsoga. Gake xexeame ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe evea siaa dzi. Mawue nye lɔlɔ̃; eƒe nublanuikpɔkpɔ le abe atsiaƒu si seɖoƒe meli na o ene. Le eƒe lɔlɔ̃ me la, megblẽ míaƒe xɔsegbegbe xexea ɖi o, ke boŋ eyi edzi le mía lɔ̃m. Megbea aglãdzela nuvɔ̃metɔwo o, ke boŋ esea veve ɖe wo nu. Via ƒe vɔsa la naa dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo katã hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Xɔname aɖeke meli Vi la manɔmee o. Nɔviŋutsu, ɖe nàlɔ̃ be yeatsɔ yeƒe ga sue aɖe asa vɔe ɖe xɔ̃wò aɖe ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta? Ðe nàlɔ̃ be yeayi gaxɔ me ɖe eteƒea? Alo be wòaku ɖe eteƒe? Ðewohĩ, ne edzɔ dzi na wò. Gake ne futɔe la, ke meke ɖi le eŋu. Esia ɖe Mawu si tsɔ Via sa vɔe ɖe nuvlowɔlawo ta be yeaɖe wo la ƒe lɔlɔ̃ gã la fia. Kristo wɔ xexeame ƒe ɖeɖekpɔkpɔ le atitsoga la dzi. Mí katã míehiã eƒe vɔsa, eɖanye dekɔnutɔwo alo numanyalawo, ameŋubulawo alo amemabumabutɔwo, kesinɔtɔwo alo ame dahewo, ame nyuiwo alo ame vɔ̃ɖiwo o. Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o. Kristo dzra xexeame kple Fofoa dome ɖo. Ewɔ nuku ŋutɔ be amegbetɔwo mesea nyateƒenya sia gɔme o, negbe amesiwo xɔ Ame si Wohe ɖe Atitsoga ŋu dzi se ko. Wò kakaɖeamedzi ƒe ƒomedodo kple Ðela lae ɖoa wò ɖeɖekpɔkpɔ. Xɔse manɔmee la, èkpɔtɔ le Mawu ƒe dziku te. Wobua wò dɔwɔwɔwo be wonye anukwaremaɖimaɖi kple vɔ̃ le Mawu ƒe kɔkɔenyenye ta. Ele be Nikodemo, si nye senyala kple ɖɔkta dzɔdzɔe la naɖo to nya siawo, nya siwo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Ame sia ame si xɔ atitsoga la ƒe ɖeɖekpɔkpɔ, eye wòxɔ Vi si wofɔ ɖe tsitre ɖe ŋukpeti dzi dzi se la, anɔ agbe eye mado go mɔxenu aɖeke le eya kple Mawu dome o. Ðe nèdaa akpe na Mawu ɖe eƒe tsɔtsɔke ta? Ðe nèle wò agbe zãm ɖe eƒe subɔsubɔ ŋua? Ame si xɔe se la, enɔa agbe; ame si nɔa Kristo me la maku akpɔ o. Ame sia ame si lé ŋku ɖe Kristo ŋu la, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le esi. Xɔse naa kakaɖedzi mí be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me. Ne èkpɔ gɔmesese si le kpukpui 14-16 me goglo la, àke ɖe nyanyuia ƒe vevienyenye ŋu le mawunyakpukpui ɖeka me. GBEDODOƉA: Dziƒofofo, míedea ta agu na wò ɖe wò lɔlɔ̃ si seɖoƒe meli na o ta. Ètsɔ Viwò ɖekakpui la na be wòaku ɖe mía teƒe. Etsɔ míaƒe nuvɔ̃wo kple míaƒe tohehe, eye wòɖe mí tso wò dziku me. Míekpɔa atitsoga la gbɔ, le kakaɖeamedzi, tadedeagu kple akpedada me. Ètsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke eye nèdzra xexeame kple ɖokuiwò dome ɖo. Kpe ɖe mía ŋu míagblɔ gbedasi sia na ame bubuwo, ale be woakpɔ agbe mavɔ to míaƒe ɖaseɖiɖi me. BIABIA:
|