Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- Romans - 045 (The Three Unique Groanings)

Previous Lesson -- Next Lesson

ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 1 - Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Bua Fɔ Nuvɔ̃wɔlawo Katã Eye Wòbua Ame Siwo Katã Xɔ Yesu Kristo Dzi Se La Dzɔdzɔewo Eye Wòkɔa Wo Ŋu (Romatɔwo 1:18 - 8:39)
D - Mawu Ƒe Ŋusẽ Ɖea Mí Tso Nuvɔ̃ Ƒe Ŋusẽ Me (Romatɔwo 6:1 - 8:27)

8. ɣlidodo tɔxɛ etɔ̃awo (Romatɔwo 8:18-27)


ROMATƆWO 8:18-22
18 Le nye nukpɔkpɔ nu la, ne wotsɔ fu siwo kpem míele fi-fia la sɔ ɖe ŋutikɔkɔe si ɖe ge woala afia mí ŋu la, fukpek-peawo meɖi naneke kura o. 19 Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã le lalam hetsi dzi vevie be Mawu naɖe viawo ɖe go afia. 20 Elabe wobu fɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be wonye nu maɖinu-wo, ke menye le wo ɖokui si o; Mawu ŋutɔe ɖoe be wòanɔ nenema. Ke hã la, mɔkpɔkpɔ sia li, 21 be gbe aɖe gbe la, nu siwo katã Mawu wɔ la maganye kluviwo azɔ o. Woava vo, eye womagblẽ o, ale be woawo hã woakpɔ gome le ablɔɖe kple ŋutikɔkɔe si na ge woala Mawu viwo la me. 22 Elabe míenya be va se ɖe fifi la, Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã le veve sem hele ŋeŋem, abe nyɔnu funɔ si fú le ɖuɖum la ene.

Paulo ƒe xɔse kple lɔlɔ̃ na Mawu medze eŋu o, gake ewɔ nusi yi ŋgɔ wu ema, va ɖo míaƒe mɔkpɔkpɔ na Mawu gbɔ. Ðe nèle Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzedzeme lalama? Ðe emae nye wò agbe ƒe taɖodzinua? Mègakpɔ dzidzɔ ɖe wò ŋutɔ wò kuxi suewo gbɔ kpɔkpɔ ko ŋu o, elabena Mawu ƒe tameɖoɖoe nye xexeame katã ƒe ɖeɖe. Lala Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake, si nye nuwɔwɔwo katã ƒe yeyewɔwɔ.

Lãwo kpea fu, eye gbewo ƒuna. Eye baba na ame si hea fukpekpe vaa lãhawo dzi. Ède dzesi alesi lãawo ƒe ŋkuwo tu eye blanuiléle va tsyɔ wo dzia? Esia dzɔna elabena nu va yina kabakaba, eye woƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ, eyata akogotsitsi kple nuxaxa ƒe dzesiwo dzena ɖe wo dzi. Lãwo katã le mɔ kpɔm vevie na Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzedzeme, elabena le Aƒetɔ la ƒe vava me la, via siwo wodzi tso eƒe Gbɔgbɔ me la avo tso woƒe fukpekpe me le woƒe ŋutilã me, eye eƒe ŋutikɔkɔe adze le wo me. Eye emegbe la, nuwɔwɔwo katã hã atsi agbe. Ɣemaɣi la, lã aɖeke maɖu dzi o, nudzodzoe aɖeke maɖu ame si le alɔ̃ dɔm o, elabena Kristo do ŋutifafa blibo ƒe ŋugbe na mí le anyigba dzi, si ava eme to Kristo ƒe vava evelia kple eƒe ame kɔkɔewo kple mawudɔlawo katã me. Ðe nèle elalam veviea?

Dzɔdzɔme kpe fu tso esime ameƒomea ge ɖe nuvɔ̃ me, ela-bena ameƒomea ƒe dɔwɔwɔ, kple nusianu si le eƒe ŋusẽ te, gblẽ le eƒe gbegblẽ ta. Paulo ɖe esia me na mí, eye wòtsɔ dzɔdzɔme sɔ kple vidada si le fu kpem le vidzidzi ƒe vevesese me vaseɖe esime Mawu ƒe Vi la va mía gbɔ, elabena ekpea fu kpli mí kpakple lãwo katã. Edi be yeava kaba ale si yeate ŋui hena amewo katã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ.

ROMATƆWO 8:23-25
23 Ke menye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ɖeɖe ko hãe o, ke boŋ mí ame siwo do ŋgɔ ɖɔ Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo kpɔ la hãe. Míele ŋeŋem le mía ɖokui me, hele lalam be woaɖe míaƒe ŋutilã be míazu viwo. 24 Mɔkpɔkpɔ siae na Mawu xɔ mí ɖe agbe. Nu si kpɔm ame aɖe le xoxo la, megakpɔa mɔ nɛ o. Ame ka gakpɔa mɔ na nu si kpɔm wòle la? 25 Ke ne míele mɔ kpɔm na nu si míekpɔna o la, ekema míedo dzi le ela-lam.

Mawu viwo le hũ ɖem le xexe sia me to Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ si le wo me la me, hele didim vevie be yewoƒe vinyenye nava eme. Woɖe mí to xɔse me, gake woaɖe mí bliboe. Blibo-dede ƒe akpa aɖe le mía si egbea, gake míele blibodede blibo lalam.

Mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kple ŋutikɔkɔe si gbɔna ƒe mɔkpɔkpɔe nye gbɔgbɔmegbenɔnɔ si le mía me ƒe nɔnɔme veviwo. Sika kple ŋukeklẽ medzroa mí vevie o, ke boŋ míedina be míakpɔ Mawu Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la vie.

Ðe wòdzroa wò vevie be yeakpɔ Fofowòa? Ðe nèle hadede kple Kristo wò Ðela lalama? Ðo ŋku edzi be wò ŋutilã si kuna la nu ayi le Mawu ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋkume, eye àzu kekeli mavɔ le Eƒe kekeli me. Esiae nye ame kɔkɔewo ƒe didi, elabena eteƒe madidi o woƒe agbenɔnɔ, si ŋu Mawu tsyɔ la, aɖee afia. Menye ɖeko wòyɔa woƒe dzi me fũ o, ke woƒe ŋutilã siwo le fu wɔm, siwo le dɔ lém, kple esiwo kuna hã atrɔ eye woado ŋutikɔkɔe nɛ. Mí katã míehiã dzigbɔɖi kple ametakpɔkpɔ geɖe esime míele lalam le anyigba sia dzi, elabena mɔ̃ɖaŋununya kple dzɔdzɔmeŋutinunya dzea agbagba be yewoagblẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ me to paradiso si nu va yina le xexe sia si me ka-kaɖedzi mele o wɔwɔ me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖeɖe koe nye ŋutikɔkɔe si gbɔna ƒe kakaɖedzi.

ROMATƆWO 8:26-27
26 Alea tututue Gbɔgbɔ la kpena ɖe mí ame siwo gbɔdzɔ la hã ŋui, elabe míenya ale si míado gbe ɖa wòadze Mawu ŋu o. Ke Gbɔgbɔ la ŋutɔe xɔa nya ɖe mía nu le Mawu gbɔ kple ŋeŋe manyagblɔ. 27 Mawu, ame si dzroa amewo katã ƒe dzime kpɔna la, nya Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabe Gbɔgbɔ lae xɔa nya ɖe ame siwo ŋu wokɔ la nu, abe ale si Mawu ŋutɔ ɖoe la ene.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ kpea fu le míaƒe ŋutilã gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, eye wòfaa konyi le míaƒe ŋutetemanɔamesi ta, eye wòxaa nu le míaƒe gbedodoɖa ŋukpetɔe ta, eye wòfaa hũ ɖe míaƒe sidzedze si mede blibo o ta, eye wòléa blanui le míaƒe lɔlɔ̃ si seɖoƒe li na ta, eye míaƒe fukpekpe ƒe ŋusẽ wɔa nuku nɛ. Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ doa gbe ɖa heɖea kuku ɖe xɔsetɔwo ta, ne womedoa gbe ɖa o hã. Eɖea kuku ɖe wo ta kple gbɔgbɔ me hũɖeɖe le ɖekawɔwɔ me kple Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ƒe gbedodoɖa. Ðo ɖokuiwò ɖe gbe-dodoɖa sia ƒe suku te, eye àvo tso wò ɖokuitɔdidi ƒe gbe-dodoɖa me eye akpedada kple kukuɖeɖe ƒe ahom aɖe akplɔ wò le lɔlɔ̃ ta. Àdo gbe ɖa kple nunya kple dzidzɔ kpakple ŋusẽ, elabena Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔe doa gbe ɖa le mewò, zã kple ke-li, be yeaɖe xexeame katã. Ɣekaɣie nàkpɔ gome le Eƒe kukuɖeɖe na Dziƒofofo la me, anɔ gbe dom ɖa ahada akpe na wò tso dzi blibo me?

GBEDODOƉA: Fofo Kɔkɔe, tsɔ míaƒe kuviawɔwɔ kple ɖokuitɔdidi ƒe gbedodoɖawo ke mí, eye nàfia mɔ mí be míakɔ wò ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ale be míatsɔ míaƒe amenyenye blibo akɔ Kristo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋutikɔkɔe, eye míawɔ dɔ ɖokuibɔbɔtɔe le wò Gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me. Fia mí, Oo Aƒetɔ, be míakpɔ Gbɔgbɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ adze sii eye míado gbe ɖa abe alesi wòlɔ̃ ene, eye míadi wò anyinɔnɔ kple Viwò ƒe vava le ŋutikɔkɔe gã me, ale be nuwɔwɔwo katã natsi agbe kple amesiwo katã le agbe kple mɔkpɔkpɔ le míaƒe anyigba dzi.

NYABIASE:

  1. Amekawoe nye ame siwo kpea fu le Kristo ƒe vava ta, eye nu ka tae?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on July 16, 2026, at 09:45 AM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)