Waters of LifeBiblical Studies in Multiple Languages |
|
|
Home Bible Treasures Afrikaans |
This page in: -- Afrikaans -- Albanian -- Arabic -- Armenian-- Azeri-- Bengali -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Hebrew -- Hindi -- Igbo -- Indonesian -- Javanese -- Kiswahili -- Malayalam -- Polish -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Yiddish -- Yoruba
Previous Lesson -- Next Lesson ROMATƆWO - Aƒetɔe Nyee Míaƒe Dzɔdzɔdzɔe
Apostolo Paulo ƒe Lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃wo
AKPA 1 - Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Bua Fɔ Nuvɔ̃wɔlawo Katã Eye Wòbua Ame Siwo Katã Xɔ Yesu Kristo Dzi Se La Dzɔdzɔewo Eye Wòkɔa Wo Ŋu (Romatɔwo 1:18 - 8:39)
D - Mawu Ƒe Ŋusẽ Ɖea Mí Tso Nuvɔ̃ Ƒe Ŋusẽ Me (Romatɔwo 6:1 - 8:27)
6. Amegbetɔ si le Kristo me la vo tso nuvɔ̃, ku, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me (Romatɔwo 8:1-11)ROMATƆWO 8:9-11 Paulo ɖi ɖase na xɔsetɔwo le Roma kple afisiafi be Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖu woƒe ŋutilã ƒe kuviawɔwɔ kple woƒe vɔ̃ɖinyenye dzi elabena wotu woƒe agbenɔnɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ kple nusiwo ʋãa wo dzi. Ewɔ wo hedzi wo yeyee, enyi wo hekpɔ wo ta, efa akɔ na wo hedo ŋusẽ wo, eye wòtsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ yɔ wo me fũ. Ekplɔ wo yi subɔsubɔdɔ vovovowo me eye wòdo ŋusẽ wo be woawɔ subɔsubɔdɔ siawo. Eɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe vava le ememe. Gake amesiame si si Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele o la menye Kris-totɔ o, ne wodzii tso dzila Kristotɔwo gbɔ hã, elabena nya "Kris-totɔ" gɔmee nye amesi wotsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ si ami na. Abe alesi wosi ami na Kristo to Fofoa ƒe Gbɔgbɔ ƒe blibonyenye me ene la, nenema ke xɔsetɔ hã si ami na. Menye wò ŋkɔ, alo wò dzidzime, alo wò nyɔnyrɔxɔxɔ, alo wò nudzɔdzɔ na hame lae na nèzu Kristotɔ o, ke boŋ Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ ɖeɖeko, si le mewò, ye na nèzu hamevi veviedonula le Kristo me, etɔ kple kpe le eƒe gbedoxɔ me. Ame sia ame si mexɔ agbenunana o eye Mawu ƒe lɔlɔ̃ meyɔe fũ o la, ƒomedodo aɖeke mele woa kple Kristo dome o, ke boŋ, anɔ adzɔge tso egbɔ. Ame siwo wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me koe te ɖe Kristo ŋu, wonye etɔ, eye wonɔa eƒe alẽha me. Mègaɖe dzi ɖi o, ke boŋ nyae nyuie be ame sia ame si melé ɖe Kristo ŋu bliboe o tegbee la, makpɔ gome aɖeke le eme o. Kristo di be mianye ye tɔ bliboe ale be wòanɔ mia me bliboe. Mègaɖe ɖokuiwò ɖa tso egbɔ o, mègahe ɖe megbe o, elabena xɔse si melɔ̃na o menye xɔse kura o. Nɔvi lɔlɔ̃a, bɔbɔ ɖe wò Aƒetɔ ŋkume, elabena Kristo anɔ mewò ne èsi ami na wò tso eƒe lɔlɔ̃ me. Ame siwo katã le agbe le Gbɔgbɔ la me la ɖia ɖase le nyateƒe sia ŋu, elabena eka ɖe edzi na wo be eƒe anyinɔnɔ le woƒe gbɔgbɔwo me. Ke kpɔ nyuie be màgabu be Kristo kple nu vɔ̃ le agbe ɖekae le wò ŋutilã me o. Màte ŋu alé fu ame aɖe ahalɔ̃ Kristo le ɣeyiɣi ɖeka me o. Eye màte ŋu abɔbɔ ɖokuiwò ɖe ɖiƒoƒo te eye le ɣeyiɣi ma ke me la, nàgblɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe blibonyenye o, elabena Gbɔgbɔ ma ʋãa ŋu eye wòɖea wò nuvɔ̃ ɖa nu-blanuimakpɔmakpɔtɔe. Wò dzitsinya makpɔ akɔfafa aɖeke o negbe ɖe nèʋu nuvɔ̃ siwo katã wò aɖe gblɔ kple aɖatsi, wò nuvɔ̃wo nyɔ ŋu na wò, eye nègbã wò dzi hebɔbɔ ɖokuiwò ɖe Kristo te ake hafi. Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔa avu kple wò nuvɔ̃wo eye wòkɔa mia ŋu bliboe. Yesu yɔ wò yi kɔkɔenyenye me, ke menye ɖe makɔmakɔnyenye me o. Yesu Kristo ƒe ʋu kɔ mia ŋu tso nuvɔ̃wo katã me. Ne èxɔ Eya-ma kple eƒe ŋugbedodo dzi se la, àdo eƒe ŋusẽ ɖe dzi le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ŋusẽ ado wò lɔlɔ̃nu, wò dzi agbã, eye ànɔ agbe na Mawu ɖeɖeko. Wò ŋutilã aku na wò nu vɔ̃wo, ke wò gbɔgbɔ, si wona wò tso dziƒo la, anɔ agbe tegbee. Mɔkpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o le mía si elabena míelé Mawu ƒe agbe ɖe mía me abe ŋutikɔkɔe si míele mɔ kpɔm na le mía Aƒetɔ ƒe va-va me ƒe kakaɖedzi ene. Ŋusẽ si nɔ dɔ wɔm le Kristo me esime wòfɔ ɖe tsitre la nye ŋusẽ ma ke si le dɔ wɔm le xɔsetɔ gbagbe ɖesiaɖe me. Mawu ana eƒe agbe ƒe sisi nasi le mía me le Kristo ƒe vava evelia me. Mawumaxɔselawo ƒe luʋɔwo adze abe agbemanɔmee ene, gake na mí amesiwo le agbe to amenuveve me la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ adze le mía me, si aklẽ kple ŋutikɔkɔe, dzidzɔ, kple ŋusẽ, elabena Eya ŋutɔe nye Mawu. GBEDODOƉA: Mawu gbagbe, míele ta dem agu na wò, elabena ètsɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí be míanɔ agbe abe viwòwo ene tegbee, ame dzɔdzɔewo to Kristo ƒe ku me, eye míalé ɖe eŋu. Míada akpe na wò elabena èɖe mí; akpe na wò elabena ègbe eye nèɖe mí tso míaƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple makɔmakɔnyenye me. Ku mate ŋu ade mí gaxɔ me o, elabena wolé mí ɖe asi me, eye wò ŋutikɔkɔe ƒe adzɔgbeɖeɖe le mía me. NYABIASE:
|