Home
Links
Bible Versions
Contact
About us
Impressum
Site Map


WoL AUDIO
WoL CHILDREN


Bible Treasures
Doctrines of Bible
Key Bible Verses


Afrikaans
አማርኛ
عربي
Azərbaycanca
Bahasa Indones.
Basa Jawa
Basa Sunda
Baoulé
বাংলা
Български
Cebuano
Dagbani
Dan
Dioula
Deutsch
Ελληνικά
English
Ewe
Español
فارسی
Français
Gjuha shqipe
հայերեն
한국어
Hausa/هَوُسَا
עברית
हिन्दी
Igbo
ქართული
Kirundi
Kiswahili
Кыргызча
Lingála
മലയാളം
Mëranaw
မြန်မာဘာသာ
नेपाली
日本語
O‘zbek
Peul
Polski
Português
Русский
Srpski/Српски
Soomaaliga
தமிழ்
తెలుగు
ไทย
Tiếng Việt
Türkçe
Twi
Українська
اردو
Uyghur/ئۇيغۇرچه
Wolof
ייִדיש
Yorùbá
中文


ગુજરાતી
Latina
Magyar
Norsk

Home -- Ewe -- Acts - 008 (Matthias Chosen)
This page in: -- Albanian -- Arabic -- Armenian -- Azeri -- Bulgarian -- Cebuano -- Chinese -- English -- EWE -- French -- Georgian -- Greek -- Hausa -- Igbo -- Indonesian -- Portuguese -- Russian -- Serbian -- Somali -- Spanish -- Tamil -- Telugu -- Turkish -- Ukrainian -- Urdu? -- Uzbek -- Yiddish -- Yoruba

Previous Lesson -- Next Lesson

DƆWƆWƆWO - Le Kristo ƒe ameha si ɖu dzi la me
Apostoloawo ƒe Dɔwɔwɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃ le Luka ƒe nya nu
AKPA I - Yesu Kristo ƒe Hamea ƒe gɔmeɖoanyi . le Yerusalem, Yudea, Samaria . kple Syria . Le Apostolo Kpe si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔ la ƒe mɔfiafia te . (Dɔwɔwɔwo 1 - 12)
A - Hame Gbãtɔa Ƒe Dodo Kplee Tsitsi Le Yerusalem (Dɔwɔwɔwo 1-7)

4. Apostolo tiatia ɖe Yuda teƒe si nye alakpatɔ teƒe(Dɔwɔwɔwo 1:15 - 26)


DƆWƆWƆWO 1:21-26
21 “Eya ta ŋutsu siwo zɔ kpli mí ɣeawo katã ɣi esime Aƒetɔ Yesu dona yina gagbɔna le mía dome, 22 tso Yohanes mawutsilename ƒe gɔmedzedze va se ɖe gbe si gbe wokɔe dzoe le mía gbɔ; ŋutsu siawo dometɔ ɖeka nazu ɖaseɖila le eƒe tsitretsitsi ŋu hã akpe ɖe mía ŋu.” 23 Ale wotia ame eve ɖo wo ŋkume: Woawoe nye: Yosef, si woyɔna be Barsaba ame si wogayɔna hã be Yusto kple Matia. 24 Tete wodo gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ, wòe nya amegbetɔwo katã ƒe dzime. Ɖe ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia la ɖe go. 25 Nà be wòava nɔ subɔsubɔdɔ sia me abe amedɔdɔ ene, ɖe Yuda teƒe. Yuda gbe dɔ sia, eye wòyi ɖe teƒe si eya ŋutɔ di la.” 26 Esia megbe la, wodzidze nu ɖe ame eveawo dzi. Tete nudzidze la dze Matia dzi, ale wotsɔe kpe ɖe amedɔdɔ wuiɖekɛawo ŋu.

Xexemenunya me nyabiasewo nɔ apostoloawo si ku ɖe nusita Yuda de eƒe Aƒetɔ Yesu asi ŋu. Gake woxɔe se be Mawu le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me dzɔdzɔe, eye wometrɔ kpɔ megbe ɣeyiɣi di-di o, ke boŋ woyi ŋgɔ eye womeɖe fu na yewo le yewoƒe sese-lelãmewo me o. Wode ŋugble le woƒe dɔ si nye be woaɖe gbeƒã na amesiame ŋu, eye to gbedodoɖa me la, wodi be ye-woabia Yesu be wòana yewoƒe apostoloawo ƒe ƒuƒoƒoa ƒe xexlẽme bliboa, ale be amedɔdɔ siawo nagaɖiɖi ne wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo dzi o.

Eye tiatiawɔwɔ ƒe nudidi, be woatia ame ma tɔgbe be wòanye apostolo, enye eƒe kplɔkplɔ yi Yesu gbɔ tso gɔmedzedzea me ke, be wòanye eƒe dɔwɔwɔ kple eƒe nyawo teƒekpɔla, eye eya ŋutɔ to amesi fɔ tso ame kukuwo dome la teƒe kpɔ. Eyata edze abe menye nusrɔ̃la wuieveawo koe zɔ kple Yesu o, ke boŋ eyomedzela gbogbo aɖewo hãe. Yesu dɔ nusrɔ̃la blaadre hã ɖe Galilea, eye wòde dɔ asi na wo hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Eyata wowɔ nu sesẽ le apostolonyenye ƒe nɔnɔmewo ɖoɖo me, ale be woaɖo ame agbɔsɔsɔme aɖe ko le amesiwo wona kekeli le nusrɔ̃lanyenye ƒe aflaga te le Yohanes Amenyrɔɖet-simela me dome eye wowɔ ɖe eƒe nyawo dzi heʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ, henɔ Mawufiaɖuƒe la ƒe nuwɔna lalam. Le nyateƒe me la, Yohanes ƒe nusrɔ̃la geɖewoe nye amesiwo se yɔyɔ sia abe: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa. Wogblẽ woƒe aƒetɔ si nye tsi me nyɔnyrɔxɔxɔ ɖi hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke eye wodze aƒetɔ yeye si atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ade mawutsi ta na wo eye wòaɖo wo anyi le nubabla yeyea ƒe dzidzɔ me la yome.

Ðewohĩ míesusu be amesi dze Yesu yome atraɖii la va zu amegbetɔ nyui si si nunya le wu ame bubuwo katã, gake nusrɔ̃lawo ƒe agbenɔnɔ ɖe nusi to vovo na ema fia. Ame aɖeke mate ŋu awɔ xɔse vavãtɔ, lɔlɔ̃ vividoɖeameŋutɔe, kple mɔkpɔkpɔ si le tsitsim ŋudɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manɔmee o. Nusrɔ̃lawo nɔ Yesu ƒe nyawo lalam, gake woƒe dzi gakpɔtɔ nye dada. Wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe le eƒe tsitretsitsi megbe, gake womekpɔ agbe mavɔ haɖe o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meva wo dzi haɖe o. Biblia gɔmeɖela aɖewo kpɔe be amegbetɔ ƒe nuwɔna si wowɔ kabakaba ɖe Yuda teƒe tiatia nye, ke menye Mawu ƒe nuwɔna o, elabena Mawu tia Paulo ɣemaɣi be wòanye apostolo eye wòxɔ Yuda ƒe subɔsubɔ kple ŋusẽ be wòaɖe gbeƒã na dukɔwo.

Gake nusrɔ̃la wuieveawo mebu nyanyuia gbɔgblɔ na xexeame le gɔmedzedzea me o, ke boŋ be yewoawɔ yewoƒe dukɔ ƒe to wuieveawo yeyee. Eyata apostolo Paulo wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple apostolo mamlɛawo eye wòyɔ Yesu yomedzelawo ƒe kpekpe gã aɖe, eye wòbia tso amesiame si be wòatia ame siwo di be yewoaxɔ ɖoƒea. Le ema megbe la, wotsɔ tiatia ma-mlɛtɔ de Aƒetɔ si nya dziwo la si me. Míekpɔe be Petro mewɔ nu abe bisiɔp si si ŋusẽ blibo le ene o, eye mewɔ tiatia la le demokrasimɔ nu le afisi ame akpa gãtɔ tso nya me le o, ke boŋ wo katã woƒo ƒu te ɖe Mawu ŋu bia tso esi be wòadrɔ̃ ʋɔnui tso Mawu gbɔ eye wòade nu nyaa me tẽ.

Eye be woaɖo to Mawu ƒe gbe la, wozãa nutsotso hafi wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi. Gake emegbe esi wotia saɖaganunɔla adreawo la, wona gome hamea be wòatiae. Edzɔ le Antioxia be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ tia Barnaba kple Paulo hena nyanyuigbɔgblɔdɔa. Le ɣeyiɣi si me hamemetsitsiwo nɔ gbe dom ɖa henɔ nu dɔ wɔm henɔ Kristo ƒe nuwɔna kple mɔfiame biam. Nyateƒee, Apostoloawo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe ŋutinya nye Kristo si fɔ tso ame kukuwo dome kple eƒe nuwɔnawo abe Ma-wufiaɖuƒe ƒe kekeɖenudɔa ƒe dzesidede ene la ƒe ŋutinya le nyateƒe me. Míele hamea me le papa ƒe ŋusẽ te alo le sosia-list dzizizidziɖuɖu te o, ke boŋ, le Kristo ƒe mɔfiafia te si wokpɔna to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le dɔ wɔm le xɔsetɔwo ƒe dzi me ƒe ŋusẽ me.

Neva eme be míaganɔ te ɖe, le subɔsubɔdɔwo ɖoɖo le hamea me na diakɔnwo kple hamemegãwo kpakple amesiwo kpena ɖe wo ŋu me, ɖe míaƒe nunya, míaƒe lɔlɔ̃nu kple míaƒe ŋutete ɖeɖeko dzi o, ke boŋ gbã la, ɖe gbedodoɖa dzi, ale be Kristo ŋutɔ natia esubɔlawo, menye le woƒe nunɔamesiwo kple dzɔdzɔmenunanawo alo woƒe hadomeɖoƒe nu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃nu ɖeɖeko nu. Ekema Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ adze egɔme, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eƒe dɔlawo me fũ. Menye mawunyaŋununya ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ƒomedodo si le wo kple subɔsubɔhawo alo sukuwo domee naa pastɔ alo hame-megã alo bisiɔp kpɔa dzidzedze o, ke boŋ eƒe gododo kple Kristo si fɔ tso ame kukuwo dome kple eƒe yɔyɔ tẽe na eyamae. Ame si subɔa Aƒetɔ la yɔyɔ sia manɔmee la le afɔku me be yeage ɖe dzomavɔ me.

Apostolo wuiɖekɛawo medi be yewoama Kristo ƒe subɔsubɔdɔwo kple amedɔdɔwo le wo ɖokui si o, elabena wonya be ame aɖeke menya dziwo alo seselelãme alo nuna-nawo alo nuteƒewɔwɔ le nu suetɔ kekeake me o. Elabena ŋutsu alafa ɖeka blaeve do gbe ɖa ɖekae, be Aƒetɔ la natia ame siwo di be yewoawɔ amenuveve ƒe subɔsubɔdɔa dometɔ ɖeka, eye wòana wòadze awɔ eƒe subɔsubɔdɔa ŋudɔ, elabena ne Mawu ƒe Vi la mede nu Nyanyui la ƒe subɔla ƒe ŋkɔ yɔyɔ me o la, eƒe subɔsubɔdɔwo katã anye dzodzro.

Wotsɔ eve ɖo ŋkume na ɖoƒe sia, siwo ŋu míenya nyatakaka si sɔ le o eye míenya alesi woda akɔdadaa hã o. Gake nutsotso sia medze gbãtɔ si wonya dzi o, ke boŋ Mathias si womenya o, eye amesi woyɔ to tiatia sia me ɖe eƒe agbanɔamedzi abe ha-mevi le apostolowo ƒe tiatia me ta. Yesu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ ame sia teƒe le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me eye wòɖo kpe eƒe gomekpɔkpɔ le Mawu ƒe fiaɖuƒe la me dzi, ke hã, míenya nu bubu aɖeke tso Matia si wotia ŋu o.

GBEDODOƉA: Aƒetɔ, míeda akpe na wò elabena èyɔa ame siwo mebi ɖe subɔsubɔdɔa me o, eye nèdzraa wo ɖo, ètsɔa wo dea asi na, èwɔa wo ɖekae eye nènaa wokpɔa dzidzedze. Ne míekpɔ akpedada na wò ŋkuwo la, mègagbe mí o, ke boŋ ya le míaƒe dada kple yeyewɔwɔ me be míasubɔ wò, mí amesiwo le sue le wò ŋusẽ me be míakɔ wò ŋkɔ ŋu. Amen.

NYABIASE:

  1. Nɔnɔme kawoe li woatsɔ asubɔ Kristo?

www.Waters-of-Life.net

Page last modified on June 02, 2026, at 11:37 PM | powered by PmWiki (pmwiki-2.3.3)